Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Mawɔ Ne Dzinyelawo Gbe Wo Nɔewo?

Nu Kae Mawɔ Ne Dzinyelawo Gbe Wo Nɔewo?

Nu si nàte ŋu awɔ

 Gblɔ wò seselelãmewo na wo. Na dziwòlawo nanya ale si woƒe nyametsotsoa te ɖe dziwò alo na nètɔtɔe. Ðewohĩ woaɖe nu si le dzɔdzɔm la me na wò si awɔe be wò dzi nafa vie.

 Ne dziwòlawo mete ŋu kpe ɖe ŋuwò o la, ɖewohĩ àte ŋu agblɔ wò nyawo na xɔ̃wò kpɔnuteƒe aɖe.—Lododowo 17:17.

 Ƒo wo katã ta la, àte ŋu agblɔ wò nyawo na Fofowò si le dziƒo, ame si ‘ɖoa to gbedodoɖa.’ (Psalmo 65:3) Gblɔ wò dzimenyawo nɛ “elabena eléa be na” wò.—1 Petro 5:7.

Nu si mele be nàwɔ o.

Míate ŋu atsɔ ale si nànɔ te ɖe dziwòlawo ƒe wo nɔewo gbegbe nu asɔ kple ale si nàŋe abɔ wòanɔ kakam ɖe eme na wò—evena gake àva haya mlɔeba

 Mègalé dziku ɖe dɔ me o. Daniel ame si dzilawo gbe wo nɔewo esime wòxɔ ƒe adre la gblɔ be: “Dzinyelawo nye ɖokuitɔdilawo. Womebu mía ŋu alo nu si woƒe nyametsotsoa ate ŋu agblẽ le mía ŋu la ŋu o.”

 Nu kae wòagblẽ le Daniel ŋu ne egbe be yemadzudzɔ dzikudodo ahaɖe asi le nyaa ŋu o?—Kpekpeɖeŋu: Xlẽ Lododowo 29:22.

 Nu ka tae wòade Daniel dzi wu ne etsɔ edzilawo ƒe nuwɔna wɔ ami si ɖe ŋutii?—Kpekpeɖeŋu: Xlẽ Efesotɔwo 4:31, 32.

 Ƒo asa na nuwɔna siwo agblẽ nu le ŋuwò. Denny gblɔ be: “Nu te ɖe dzinye eye melé blanui esi dzinyelawo gbe wo nɔewo. Medo go kuxi geɖe le suku eye mege le dodokpɔ dzi ƒe ma me. Le ema megbe la ... Mezu agbodzalu le míaƒe sukuxɔa me eye medaa kɔ kple sukuviawo.”

 Viɖe kae nèsusu be Denny kpɔ tso eme esi wòzu agbodzalu hedaa kɔ kple amewo?

 Aleke nuxlɔ̃ame si le Galatiatɔwo 6:7 akpe ɖe ame siwo le abe Denny ene la ŋu be woaƒo asa na nuwɔna siwo agblẽ nu le wo ŋu?

 Exɔa ɣeyiɣi hafi míeŋlɔa nu siwo do vevesese na mí la be. Ke hã, ne nuwo va le ɖɔɖɔm ɖo vivivi la, agbea agava nɔ na wò abe ale si ko wònɔ tsã ene.