Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Kae Ana Kamedede Nadzrom?

Nu Kae Ana Kamedede Nadzrom?

 Nu ka tae wòle be manɔ kame dem?

Le dukɔ aɖewo me la, sɔhɛwo megava le ɣeyiɣi boo aɖeke zãm ɖe kamedede ŋu o, eye esia le nu gblẽm le woƒe lãmesẽ ŋu. Ðeko wòsɔ nyuie be Biblia gblɔ be “ŋutilãmamla nyo.” (1 Timoteo 4:8) Bu nya siwo gbɔna ŋu kpɔ:

  • Kamedede ate ŋu ana dzi nanɔ dzɔwòm wu. Kamedede nana ahɔhɔ̃a tua lãmetsi siwo woyɔna be endorphins, si nana ame ƒe dzi dzea eme eye wòkpɔa dzidzɔ. Esia tae ame aɖewo gblɔna be kamedede nye blanuilélenutsitike ɖo.

    “Ne mefɔ ŋdi kanya vɛ ƒu du la, mewɔa dɔ nyuie wu le ŋkekea me eye dzi dzɔam. Duƒuƒu nana nye dzi dzea eme.”—Regina.

  • Kamedede ate ŋu ana wò dzedzeme nanyo ɖe edzi. Ne èdea kame ale si dze la, ànɔ lãmesẽ me, ŋusẽ anɔ ŋuwò wu eye ate ŋu ana hã be dzi nanɔ ƒowò wu.

    “Dzi le dzɔyem ŋutɔ be fifia metea ŋu dea kame le mɔ aɖe si nu menya wɔna nam le ƒe si va yi me o! Nu si gadzɔa dzi nam le eŋu wue nye be menya be mele be lém na nye ŋutilã.”—Olivia.

  • Kamedede ate ŋu ana nànɔ agbe didi. Kamedede nana ame ƒe dzi, ʋukawo kple dzitodzitowo wɔa dɔ nyuie. Kamedede ate ŋu ana hã be ame maxɔ dzidɔ o—dzidɔ nye dɔléle siwo wua ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa wu la dometɔ ɖeka.

    “Ne míedea kame nyuie edziedzi la, míeɖenɛ fiana mía Wɔla la be míedea asixɔxɔ ŋutilã si wòtsɔ na mí la ŋu.”—Jessica.

Nya vevitɔ: Kamedede aɖe vi geɖe na wò le etsɔme, eye ate ŋu aɖe vi na wò fifia gɔ̃ hã. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Tonya gblɔ be: “Màgblɔ gbeɖe be, ‘Ðe menya la, ne nyemevɛ zɔ azɔli ma alo ƒu du tsɔ de kame o.’ Ne medi be matsɔ nane ado taflatsɛ gake meɖu ɖokuinye dzi hede kame la, dzi dzɔam ŋutɔ.”

Ʋu si womeléa be na o ava gblẽ mlɔeba; esia tɔgbi ate ŋu adzɔ ɖe wò ŋutilã hã dzi ne mèdea kame o

 Nu kae le mɔ xem nam?

Nu siwo ate ŋu ana wòasesẽ na wò be nàde kame la dometɔ aɖewoe nye esiawo:

  • Naneke meʋãa wò o. “Mekpɔe be sɔhɛ aɖewo sena le wo ɖokui me be lãmesẽkuxiwo mate ŋu aɖe fu na yewo o. Esesẽna na wo be woakpɔe be lãmesẽnyawo ate ŋu ava ɖe fu na yewo gbe ɖeka. Ewɔna na wo be ame tsitsiwoe nu mawo ɖea fu na.”—Sophia.

  • Vovo menɔa ŋuwò o. “Vovo menɔa ŋunye o, ke hã medzea agbagba be madi ɣeyiɣi adɔ alɔ̃ nyuie ahaɖu nu nyuie, gake nu sesẽ ye wònye nam be madi ɣeyiɣi na kamedede ya.”—Clarissa.

  • Mèle kamedede ƒe ha aɖeke me o. “Ebia ga geɖe be ame nanɔ lãmesẽ me elabena ne èyi kamedeƒe aɖe la, ele be nàxe fe!”—Gina.

Bu nya sia ŋu:

Nu ka koŋ ye xea mɔ na be nàgade kame o? Ate ŋu axɔ ɣeyiɣi be nàɖu mɔxenu ma dzi, gake wò agbagbadzedzewo mazu dzodzro o.

 Nu kae akpe ɖe ŋunye made kame ale si dze?

Aɖaŋuɖoɖo ʋɛ aɖewoe nye esiawo:

  • Wò ŋutɔ lé fɔ ɖe wò lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ ŋu.—Galatiatɔwo 6:5.

  • Ƒo asa na taflatsɛdodo. (Nyagblɔla 11:4) Le kpɔɖeŋu me, mehiã kokoko be nànɔ kamedeha aɖe me hafi nàte ŋu ade kame o. Bu nane si wɔwɔ doa dzidzɔ na wò ŋu nàtsɔ anɔ kame demee.

  • Bia ame bubuwo ne woagblɔ nu siwo wowɔna tsɔ dea kamee la na wò.—Lododowo 20:18.

  • Wɔ ɖoɖo aɖe koŋ ɖe kamedede ŋu. Ðo taɖodzinuwo eye nàwɔ nuŋlɔɖi siwo ana nàkpɔ ŋgɔyiyi siwo wɔm nèle ale be esia nado ŋusẽ wò.—Lododowo 21:5.

  • Di zɔhɛ aɖe wò kplii mianɔ kame dem ɖekae. Zɔhɛ ma ade dzi ƒo na wò ahakpe ɖe ŋuwò nàzɔ ɖe wò ɖoɖowɔɖia dzi.— Nyagblɔla 4:9, 10.

  • Kpɔ mɔ na kplamatsɛdonuwo, gake mègana ta o.—Lododowo 24:10.

 Ðɔ ŋu ɖo

Biblia gblɔ na ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa be “woada asɔ le nuwɔna me.” (1 Timoteo 3:2, 11) Eya ta ɖɔ ŋu ɖo le kamedede ŋu. Ame siwo dea kame atraɖii la meva kpɔa viɖe gbagbe aɖeke tso eme o. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Julia gblɔ be: “Ne ɖekakpui aɖe tsia dzi ɖe ale si wòana eƒe lãme natò ŋu gake metsia dzi ɖe susu ŋu dɔ wɔwɔ ŋu tututu o la, eƒe nu manyo ŋunye o.”

Azɔ hã, kpɔ nyuie le nya aɖewo siwo amewo lɔ̃a gbɔgblɔ abe, “Ne ewɔ na wò be ɖeɖi te ŋuwò belibeli la, gawɔe zi 10 kpee” ene la ŋu. Aɖaŋuɖoɖo mawo tɔgbi dzi wɔwɔ ate ŋu ana nàwɔ nu vevi ɖokuiwò, eye woate ŋu ana hã be wò susu maganɔ “nu siwo le vevie wu” la dzi o.—Filipitɔwo 1:10.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nya siwo amewo gblɔna be yewoatsɔ ade dzi ƒo na wò la ate ŋu aɖe dzi le ƒowò boŋ. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Vera gblɔ be: “Nyɔnuvi geɖe dzraa ame siwo wodina be yewoaɖi la ƒe fotowo ɖo henɔa wo kpɔm be wòade dzi ƒo na yewo ne yewoade kame. Gake wova tsɔa wo ɖokuiwo nɔa sɔsɔm kple ame mawo eye esia ɖea dzi le wo ƒo boŋ. Enyo wu be nàde kame kple susu be yeanɔ lãmesẽ nyui me ke menye be nàtsi dzi ɖe wò dzedzeme ko ŋu o.”