Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu ka tae Dzinyelawo Maɖe Mɔ Nam Maɖu Agbe Vie O?

Nu ka tae Dzinyelawo Maɖe Mɔ Nam Maɖu Agbe Vie O?

Bu nya sia ŋu kpɔ:

Èdi be yeayi kplɔ̃ɖoƒe gake mènya ne dziwòlawo alɔ̃ o. Tiatia kae nàwɔ?

  1. MÈGABIA MƆ WO O, HEYI KO

  2. MÈGABIA MƆ WO O, MÈGAYI HàO

  3. BIA KPƆ

1. MÈGABIA MƆ WO O, HEYI KO

 Nu si ta nàdi be yeawɔ esia: Èdi be ye xɔlɔ̃wo nakpɔe be ye hã yele ye ɖokui si. Èsusu be yenya nu wu ye dzilawo alo mèdea bubu woƒe nyametsotsowo ŋu o.—Lododowo 14:18.

 Emetsonuwo: Wò nuwɔna adze xɔ̃wòwo ŋu ya, gake woakpɔe hã be ameblelae nènye. Ne àte ŋu able dziwòlawo la, ekema àte ŋu able xɔ̃wòwo hã. Ne dziwòlawo va nya la, ave wo, woase le wo ɖokui me be èble yewo, eye ɖewohĩ womagaɖe mɔ na wò be nàyi modzakaɖeƒe o!—Lododowo 12:15.

2. MÈGABIA MƆ WO O, MÈGAYI HàO

 Nu si ta nàdi be yeaɖe afɔ sia: Ède ŋugble le nyaa ŋu, eye nèkpɔe be afi ma yiyi mawɔ ɖeka kple Biblia ƒe mɔfiame siwo nu nènɔa agbe ɖo o alo be ame siwo nàde ha kplii le teƒea dometɔ aɖewo menɔa agbe nyui o. (1 Korintotɔwo 15:33; Filipitɔwo 4:8) Alo ate ŋu anye be èdi be yeayi, gake dzi mele ƒowò be nàgblɔe na dziwòlawo o.

 Emetsonuwo: Ne susu si ta mèyi o lae nye be èkpɔe be afi ma yiyi menyo o la, ke dzi anɔ ƒowò be nàɖe eme na xɔ̃wòwo. Gake ne ale si dzi mele ƒowò be nàgblɔe na dziwòlawo o ta koe meyi o la, ke ànɔ aƒe me anɔ tse ɖum ahanɔ sesem le ɖokuiwò me be nu nyuiwo le ye ŋu tom.

3. BIA KPƆ

 Nu si ta nàdi be yeaɖe afɔ sia: Èkpɔe be ele be yeabɔbɔ ye ɖokui ɖe ye dzilawo te, eye èdea bubu woƒe nyametsotsowo ŋu. (Kolosetɔwo 3:20) Èlɔ̃ dziwòlawo, mèdi be yeana woase veve o, eya ta màdi be yeabe xɛe ayi agbɔ o. (Lododowo 10:1) Eye mɔnukpɔkpɔ asu asiwò be nàɖe nu si tae nèdi be yeayi ɖo la me na wo.

 Emetsonuwo: Dziwòlawo ase le wo ɖokui me be èlɔ̃ yewo, eye nèdea bubu yewo ŋu. Eye ne wokpɔe be asɔ be nàyi la, ɖewohĩ woalɔ̃.

Nu Siwo Ta Wòate Ŋu Adzɔ Be Woagbe

Abe ale si wòle le dzɔla siwo le ƒuta gome ene la, dziwòlawo ate ŋu akpɔ nu siwo anye afɔku na wò la adze sii bɔbɔe

 Susu siwo ta woate ŋu agbe ɖo la dometɔ ɖeka ƒe kpɔɖeŋue nye esi: Ne nɔnɔmeawo ɖe mɔ la, àdi be yeaƒu tsi le teƒe si dzɔlawo nɔa tsiƒulawo ŋu dzɔm le. Nu ka tae? Elabena ne èle vivi sem na tsia ƒuƒu la, asesẽ na wò be nànya be yele gegem ɖe afɔku me. Gake le afi si dzɔlawo le la, woakpɔ afɔkua adze sii bɔbɔe wu. Nenema kee esi nunya kple nuteƒekpɔkpɔ le dziwòlawo si wu wò ta la, woate ŋu akpɔ afɔku siwo wò ya màkpɔ adze sii o. Abe ale si wòle le dzɔla siwo le ƒua ta gome ene la, menye ɖe dziwòlawo di be yewoagblẽ dzidzɔkpɔkpɔ me na wò o, ke boŋ wodi be yewoakpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na afɔku siwo ana be màkpɔ dzidzɔ le agbe me o.

 Susu bubu aɖe hãe nye esi: Dziwòlawo di vevie be yewoakpɔ tawò. Le esi wolɔ̃ wò ta la, woaɖe mɔ na wo ne woate ŋui, gake woagbe ne ehiã. Ne èbia mɔ le wo gbɔ be yeawɔ nane la, wobiaa wo ɖokuiwo be ne yewolɔ̃ ɖe edzi na wò la, ɖe yewoate ŋu anɔ te ɖe emetsonuawo nu hãa. Ne woka ɖe edzi be ànɔ dedie ko hafi woalɔ̃ ɖe edzi na wò.

Nu Siwo Ana Wòanɔ Bɔbɔe Be Woalɔ̃

Nu siwo nàwɔ

 Nyateƒetoto: Bia ɖokuiwò be: ‘Susu ka koŋ tae medi be mayi ɖo? Nu si ayi edzi le afi ma lae dzɔa dzi nam loo alo ɖe medi be mawɔ nu abe xɔ̃nyewo ke ene tae? Esi ame aɖe si ƒe nu lé dzi nam ava teƒea taea?’ Ekema to nyateƒe na dziwòlawo. Woawo hã wonɔ sɔhɛme kpɔ, eye wonya wò nyuie. Eya ta anɔ eme be woava nya susu si koŋ tae nèdi be yeayi ɖo la godoo. Ne èto nyateƒe na wo la, adzɔ dzi na wo, eye nunya si le wo si la aɖe vi na wò. (Lododowo 7:1, 2) Gake ne mèto nyateƒe na wo o la, womaka ɖe dziwò o, eye asesẽ na wo be woalɔ̃ be nàyi.

 Ɣeyiɣi si nàgblɔe: Menye ɣeyiɣi si me dziwòlawo gbɔ tso dɔ me teti alo esime woƒe ŋku biã ɖe nu bubuwo ŋu ye nàva nɔ mɔ biam wo o. Te ɖe wo ŋu le ɣeyiɣi si me woɖe dzi ɖi wu. Gake mègalala ɣeyiɣia nade be nàyi hafi nàva nɔ eƒom ɖe wo nu be woaɖe mɔ na ye yeayi o. Madzɔ dzi na dziwòlawo be nàƒo dzo ɖe yewo te be yewoatso nya me o. Bia mɔ wo kaba, esia ana ɣeyiɣi geɖe wo be woatsɔ nyaa ŋui.

 Nya siwo nàgblɔ: Ðe nyaa me tsitotsito. Gblɔ nu si tututu nèdi be yeawɔ la na wo. Medzɔa dzi na dzilawo ne wo viwo ɖo nya ŋu na wo be “Nyemenya o,” vevietɔ ne wobia be: “Ame kawoe ava teƒea?” “Ðe ame tsitsi kpɔnuteƒe aɖe anɔ mia domea?” alo “Ɣekaɣie miakpã?”

 Nɔnɔme si nàɖe afia: Mègabu dziwòlawo be wonye yeƒe ketɔwo o. Bu wo be wole yeƒe akpa dzi, le nyateƒe me la, wole wò akpa dzi hã vavã. Ne èbu wo alea la, màƒo nu abe ɖe nètsi tsitre ɖe wo ŋu ene o, eye anɔ bɔbɔe na wo wu be woase nu gɔme na wò.

 Na dziwòlawo nakpɔe be ètsi le susu me to ale si nàlɔ̃ ɖe woƒe nyametsotsoa dzi ahawɔ ɖe edzi. Ne èwɔe alea la, woade bubu ŋuwò. Eye ɣebubuɣi la, woadi be yewoaxa ɖe susu aɖewo ta alɔ̃ ɖe wò didia dzi na wò.