Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Ke Ne Lãmesẽkuxiwo Ðe Kpe Nam Ðe?—Akpa 2

Ke Ne Lãmesẽkuxiwo Ðe Kpe Nam Ðe?—Akpa 2

Lãmesẽkuxi ƒomevi vovovowoe li.

  • Ame aɖewo tɔ dzena le gota wokpɔna, gake ame bubuwo ya tɔ nɔa ememe.

  • Lãmesẽkuxi aɖewo nɔa anyi sẽe gadzona, gake bubuwo ya nɔ anyi ɖaa eye wòhiãna be woakpe akɔ kplii gbe sia gbe.

  • Wotea ŋu daa wo dometɔ aɖewo alo léa wo nu, gake ɖewo ya nu nɔa sesẽm eye wotea ŋu wua ame gɔ̃ hã.

Sɔhɛwo dzea ŋgɔ lãmesẽkuxi siwo katã ŋu míeƒo nu tsoe fifia. Nya siwo wo dometɔ ene siwo le avu wɔm kple lãmesẽkuxi siawo tɔgbi gblɔ la dze le nyati sia me. Ne dɔléle aɖe ɖe kpe na la, nya siwo wogblɔ ate ŋu ade dzi ƒo na wò.

 GUÉNAELLE

Nu si sesẽna nam wue nye be malɔ̃ ɖe edzi be dɔnɔe menye. Medina be mawɔ nu gbogbo aɖewo, gake nu siwo nɔnɔmea ɖe mɔ be mawɔ gbe sia gbe koe metea ŋu wɔna.

Lãmekadɔléle aɖe le ŋunye si wɔnɛ be nyatakakawo metea ŋu tsoa ahɔhɔ̃a gbɔ yia ŋutilã ƒe akpa bubuwo tututu o. Ɣeaɖewoɣi la, nye ŋutilã ƒe akpa ɖewo, tso ta va ɖo afɔgɔme, ʋuʋuna alo tuna. Nu siwo le bɔbɔe gɔ̃ hã wɔwɔ sesẽna nam. Esesẽna nam be mazɔ, maƒo nu, maxlẽ nu, aŋlɔ nu alo awɔ dɔ bubuwo. Ne nɔnɔmeawo sesẽ nam ŋutɔ la, hamemetsitsi siwo le míaƒe hamea me doa gbe ɖa kplim, eye nye dzi dzea eme enumake.

Le kuxi ɖe sia ɖe me la, mesena le ɖokuinye me be Yehowa Mawu li kplim ɣesiaɣi eye wòdoa ŋusẽm. Nyemedina be maɖe mɔ nye dɔlélea nawɔe be mado kpo esubɔsubɔ bliboe o. Nye taɖodzinu vevi aɖee nye be makpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ nu tso Biblia me ŋugbedodo si nye be madidi o Yehowa Mawu ana anyigba nazu paradiso, afi si fukpekpe maganɔ o, la ŋu.​—Nyaɖeɖefia 21:1-4.

Bu nya sia ŋu: Abe ale si Guénaelle wɔe ene la, mɔ kawo nue wò hã àte ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu le?​—1 Korintotɔwo 10:24.

 ZACHARY

Esi mexɔ ƒe 16 la, ɖɔktawo kpɔ ahɔhɔ̃mekansa vɔ̃ɖi aɖe le ŋunye. Wogblɔ nam be ŋkeke enyi koe maganɔ agbe. Eye menɔ avu wɔm kple dɔléle ma tso ɣemaɣi va ɖo egbe.

Fifia metu le nye ɖusikpa dzi elabe ɖusikpa dzie kansaa le. Esi nyemetea ŋu zɔna o ta ehiã be ame aɖe nanɔ gbɔnye le aƒea me anɔ kpekpem ɖe ŋunye.

Esi dɔlélea nyra ɖe edzi la, nye nuƒo me megakɔna o. Tsã la, mewɔa nu geɖewo. Mekua skii le tsi dzi, eye meƒoa basketball kple volleyball hã. Esi wònye Yehowa Ðasefoe menye ta la, medoa vevie nu le Kristotɔwo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa hã me. Nyemeka ɖe edzi be ame geɖe ate ŋu ase ale si wosesẽ be ŋutete maganɔ ame ŋu wòawɔ nu siwo wɔwɔ doa dzidzɔ nɛ vevie la o gɔme o.

Nya siwo le Yesaya 57:15 de dzi ƒo nam ŋutɔ, elabe wona kakaɖedzim be Yehowa Mawu li kple ‘ame siwo wogbã gudugudu’ la eye wòléa be na wo. Eye ŋugbe si Yehowa do le Yesaya 35:6 be magazɔ ake eye manɔ lãmesẽ blibo me asubɔ ye la hã dea dzi ƒo nam.

Togbɔ be nye dɔlélea nu sẽna ɣeaɖewoɣi ŋutɔ hã la, meka ɖe edzi be Yehowa li kplim. Ne nu te ɖe dzinye alo mele vɔvɔ̃m be nye agbe nu le yiyi ge la, medoa gbe ɖa na ame ɖeka si mate ŋu aƒo nu na ɣesiaɣi la. Naneke mate ŋu amam ɖa tso Yehowa ƒe lɔlɔ̃ la gbɔ o.​—Romatɔwo 8:39.

Zachary ku esime míebia gbee ƒe ɣleti eve megbe, exɔ ƒe 18. Exɔe se vevie be Mawu afɔ ame kukuwo woava nɔ paradiso me le anyigba dzi va se ɖe gbe si gbe wòku.

Bu nya sia ŋu: Aleke gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔtɔ anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me abe Zachary ene?

 ANAÏS

Esi wodzim eye mexɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo ko la, ʋu ɖuɖu ɖe ahɔhɔ̃ me nam, eye esia wɔe nye ame bliboa mezu wɔametɔ, vevietɔ nye afɔwo.

Egbea metea ŋu zãa atizɔti zɔna yia kpuiƒewo, gake bunɔkekee mezãna zi geɖe hafi tsɔ yia teƒewo. Esi wònye be meƒona tititi ta la, nyemetea ŋu wɔa dɔ aɖewo, abe nuŋɔŋlɔ, ene o.

Nye dɔlélea ɖea fu nam ŋutɔ eye nye atikewɔwɔa hã mele bɔbɔe o. Meɖo ŋkui be medea ɖɔkta siwo hea lãme na ame gbɔ zi geɖe le kwasiɖa ɖeka me hena ɣeyiɣi didi aɖe. Zi gbãtɔ si wowɔ dɔ sesẽ aɖe nam la, mexɔ ƒe atɔ̃, eye wogawɔ etɔ̃ bubuwo nam le ema megbe. Dɔwɔwɔ eve mamlɛ siawo ya sesẽ ŋutɔ, elabe menɔ kɔdzi dzinu etɔ̃ hafi nye lãme haya.

Nye ƒomea kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Míekoa nu, eye esia kpena ɖe ŋunye ŋutɔ ne nu te ɖe dzinye. Nɔnye kple nɔvinye nyɔnuwo dzrana ɖo nam nyuie, elabe nye ŋutɔ nyemate ŋui o. Eveam be nyemate ŋu ado kɔlegɔmewo (afɔkpa zɔkɔkɔ) o. Gake metee kpɔ gbe ɖeka, meƒo asi ɖe afɔkpawo me henɔ tatam eye wòɖi kokoe na mí katã míeko ʋuu!

Nyemeɖe mɔ na nye dɔlélea wòxɔ ŋusẽ le asinye keŋkeŋ o. Mesrɔ̃ gbe vovovowo. Togbɔ be nyemetea ŋu kua ʋuƒo le sno alo tsi dzi o hã, meƒua tsi, eye esia doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Esi wònye Yehowa Ðasefoe menye ta la, edzɔa dzi nam be mayi aɖaƒo nu tso nye dzixɔsewo ŋu na amewo. Edze abe amewo lɔ̃a toɖoɖom vevie ene.

Dzinyelawo na menya tso gɔmedzedzea ke be ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe nu ko nye dɔlélea nye. Tso ɣemaɣi la, meva xɔ Yehowa kple ŋugbe si wòdo be yeaɖe fukpekpewo katã ɖa, siwo dome nye fukpekpeawo hã le ɖa la dzi se. Esia do ŋusẽm mele ŋgɔ kpɔm tẽe.​—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Bu nya sia ŋu: Aleke nàwɔ be wò lãmesẽkuxiwo maxɔ ŋusẽ le asiwò keŋkeŋ o abe ale si Anaïs wɔe ene.

 JULIANA

Mele dɔlélenutsiŋutete ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie ƒe dɔ lém eye esia nana mesea veve vevie. Dɔléle sia tea ŋu gblẽa nu le ame ƒe dzi, dzitodzito kple ʋu ŋu. Egblẽ nu le nye ayikuwo ŋu xoxo.

Mexɔ ƒe ewo esi wokpɔ dɔléle sia le ŋunye, dɔléle sia nana mesea veve, nu tia kɔ nam eye sẽe ko meléa blanui. Ɣeɖewoɣi la, ewɔna nam be viɖe aɖeke mele ŋunye o.

Esi mexɔ ƒe 13 la, Yehowa Ðasefo aɖe va míaƒe aƒe me. Exlẽ Yesaya 41:10 nam. Yehowa Mawu gblɔ le afi ma be: “Megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; . . . matsɔ nye xɔname ƒe nuɖusi alé wò.” Ɣemaɣie Yehowa Ðasefowo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplim. Egbea, ƒe enyi aɖewoe nye esia, mele Mawu subɔm kple nye dzi blibo eye meɖoe kplikpaa be nyemaɖe mɔ nye dɔlélea nakpɔ ŋusẽ ɖe nye agbe dzi o. Mesena le ɖokuinye me be Yehowa na “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” lam ale be dzi nanɔ ƒonye le agbe me.—2 Korintotɔwo 4:7.

Bu nya sia ŋu: Aleke Yesaya 41:10 ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be dzi nanɔ ƒowò le agbe me abe ale si ko wòkpe ɖe Juliana ŋu ene?