Galatiatɔwo 6:1-18

  • Mitsɔ mia nɔewo ƒe agba kpekpewo (1-10)

    • Nu si ame ƒã lae wòaŋe (7, 8)

  • Aʋatsotso menye naneke o (11-16)

    • Nuwɔwɔ yeye la (15)

  • Nyataƒonya (17, 18)

6  Nɔviwo, ne ame aɖe ɖe afɔ baɖa aɖe hafi va nya gɔ̃ hã la, mi ame siwo dze le gbɔgbɔ me la, midze agbagba miaɖɔ amea ɖo le gbɔgbɔ fatu me.+ Ke nɔ ɖokuiwò dzi kpɔm nyuie+ be woagate wò ŋutɔ hã kpɔ o.+  Miyi edzi miakpe ɖe mia nɔewo ŋu le miaƒe agba kpekpewo tsɔtsɔ me,+ ale miawɔ Kristo la ƒe se la dzi bliboe.+  Elabena ne ame aɖe susuna be yenye nane, evɔ menye naneke o la,+ eɖokui ko blem wòle.  Ke ame sia ame nadzro eya ŋutɔ ƒe nuwɔnawo me kpɔ,+ ekema akpɔ susu si ta wòatso aseye le eya ŋutɔ ɖokui ɖeɖe ŋu, ke menye le eɖokui tsɔtsɔ sɔ kple ame bubu me o.+  Elabena ame sia ame atsɔ eya ŋutɔ ƒe agba.*+  Ame sia ame si wofia nya lae la, nekpɔ gome kple ame si fiae la le nu nyuiwo katã me.+  Migana woable mi o: Mawu menye ame si woate ŋu aflu o. Elabena nu si ame ƒãna la, esia kee wòaŋe;+  elabena ame si le nu ƒãm na eƒe ŋutilã la, aŋe gbegblẽ tso eƒe ŋutilã me, ke ame si le nu ƒãm na gbɔgbɔ la, aŋe agbe mavɔ tso gbɔgbɔ la me.+  Eya ta migana míadzudzɔ nu si nyo la wɔwɔ o, elabena ne ɖeɖi mete mía ŋu o la,* míaŋe nu le ɣeyiɣi si sɔ la dzi.+ 10  Eya ta zi ale si mɔnukpɔkpɔa* kpɔtɔ li la, mina míawɔ nyui na amewo katã, ke vevietɔ na ame siwo do ƒome kpli mí le xɔse la me. 11  Mikpɔ ale si nye ŋutɔ metsɔ nye asi ŋlɔ nya siawo wòloloe na mi la ɖa! 12  Ame siwo katã dina be yewoadze amewo ŋu le ŋutilã me la, woawoe le agbagba dzem be yewoazi mia dzi miatso aʋa, ke wowɔa esia ne woagati wo yome le Kristo ƒe fuwɔameti la ta o. 13  Elabena ame siwo wole aʋa tsom na la ŋutɔ gɔ̃ hã mele Se la dzi wɔm o,+ ke wole didim be miatso aʋa be yewoate ŋu aƒo adegbe le miaƒe ŋutilãwo ŋuti. 14  Ke nye ya nyemedi be maƒo adegbe o, negbe le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe fuwɔameti*+ la ŋuti ko, ame si dzi woto he xexea ɖe ati ŋu nam, eye wohe nye hã ɖe ati ŋu na xexea. 15  Elabena aʋatsotso menye naneke o, eye aʋamatsomatso hã menye naneke o,+ ke boŋ nuwɔwɔ yeye lae le vevie.+ 16  Ke ame siwo katã azɔ le agbenɔnɔ ƒe ɖoɖo sia nu la, ŋutifafa kple nublanuikpɔkpɔ nanɔ wo dzi, ɛ̃, nanɔ Mawu ƒe Israel la dzi.+ 17  Tso esia dzi la, ame aɖeke megaɖe fu nam azɔ o, elabena dzesidewo le nye ŋutilã ŋu abe Yesu ƒe kluvi ene.+ 18  Nɔviwo, mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple gbɔgbɔ si mieɖena fiana la. Amen.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “agbanɔamedzi.”
Alo, “ne míena ta o la.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ɣeyiɣi ɖoɖia.”