1 Petro 5:1-14

  • Mikplɔ Mawu ƒe alẽha la (1-4)

  • Mibɔbɔ mia ɖokui, minɔ ŋudzɔ (5-11)

    • Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe Mawu dzi (7)

    • Abosam le abe dzata si le gbe ɖem ene (8)

  • Nyataƒonya (12-14)

5  Eya ta nye, ame si ŋutɔ hã nye hamemetsitsi, si nye Kristo la ƒe fukpekpewo ŋuti ɖasefo kple ŋutikɔkɔe si woava ɖe ɖe go+ la ƒe gomekpɔla, mele nu xlɔ̃m hamemetsitsi siwo le mia dome be:  Mikplɔ Mawu ƒe alẽha+ si le miaƒe dzikpɔkpɔ te la, misubɔ abe dzikpɔlawo ene,* menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa le Mawu ŋkume;+ menye le viɖe ƒoɖi didi ta hã o,+ ke boŋ kple dzi faa;  menye be miaɖu aƒetɔ ɖe ame siwo nye Mawu tɔ la dzi o,+ ke boŋ be miazu kpɔɖeŋu na alẽha la.+  Eye ne wova ɖe alẽkplɔla gã+ la fia la, ekema miaxɔ ŋutikɔkɔe ƒe dziɖuɖukuku magblemagblẽ la.+  Nenema kee mi ɖekakpuiwo hã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe ame tsitsiwo te.*+ Ke mi katã mido ɖokuibɔbɔ le nuwɔwɔ kple mia nɔewo me, elabena Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.+  Eya ta mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, ne wòado mi ɖe dzi le ɣeyiɣi si sɔ la dzi,+  esime miedro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe edzi,+ elabena eléa be na mi.+  Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ!+ Miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata si le gbe ɖem eye wòle ame dim be yeavuvu ami ene.+  Ke mitsi tsitre ɖe eŋu,+ minɔ te sesĩe le xɔse me, esi mienyae be mia nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo si le xexea me la hã le fukpekpe mawo ke me tom ta.+ 10  Ke ne miekpe fu ɣeyiɣi vi aɖe vɔ la, amenuvevewo katã ƒe Mawu, ame si yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe+ mavɔ la gbɔ le Kristo me la, ŋutɔ ana miawu miaƒe hehexɔxɔa nu. Ana miali ke,+ ana miasẽ ŋu,+ ana mianɔ te sesĩe. 11  Eya tɔ nanye ŋusẽ yi mavɔmavɔ me. Amen. 12  Meŋlɔ nya ʋɛ siawo ɖo ɖe mi to Silvano,*+ ame si mekpɔ be enye nɔviŋutsu nuteƒewɔla la dzi, be made dzi ƒo na mi ahaɖi ɖase na mi vevie be, esiae nye Mawu ƒe amenuveve vavãtɔ la. Milé eme ɖe asi sesĩe. 13  Nyɔnu* si le Babilon, si nye ame tiatia abe miawo ke ene la, do gbe na mi, vinye Marko+ hã do gbe na mi. 14  Mitsɔ nugbugbɔ si me lɔlɔ̃ le do gbe na mia nɔewo. Mawu ƒe ŋutifafa nanɔ kpli mi ame siwo katã wɔ ɖeka kple Kristo.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “mikpɔ alẽha la dzi nyuie.”
Alo, “ɖe hamemetsitsiwo te.”
Wogayɔnɛ be Sila.
Helagbe me ŋkɔteƒenɔnya si wozã le afi sia fia nyɔnu, eye anɔ eme be ele tsitre ɖi na hame si le Babilon.