Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 103

“Wò Fiaɖuƒe Nava”

“Wò Fiaɖuƒe Nava”

Yehowa do ŋugbe be: ‘Avifafa, vevesese, dɔléle alo ku maganɔ anyi o. Matutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkuwo me. Woaŋlɔ nu vɔ̃ɖi siwo katã nɔ anyi tsã la be.’

Yehowa da Adam kple Xawa ɖe Eden-bɔa me be woanɔ agbe le ŋutifafa kple dzidzɔ me. Wogblɔ na wo be woasubɔ wo Fofo si le dziƒo eye woadzi viwo ayɔ anyigba la dzi. Adam kple Xawa gbe toɖoɖo Yehowa, ke hã, Yehowa ƒe tameɖoɖowo metrɔ o. Míeva kpɔe le agbalẽ sia me be Mawu ƒe ŋugbedodowo katã vaa eme. Eƒe Fiaɖuƒea ahe yayra wɔnukuwo ava anyigba dzi, abe ale si ko wòdo ŋugbe na Abraham ene.

Eteƒe madidi o, woatsrɔ̃ Satana, eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo kple ame vɔ̃ɖiwo katã. Ame siwo katã tsi agbe la asubɔ Yehowa. Mímadze dɔ alo aku o. Ke boŋ gbe sia gbe la, míafɔ le lãmesẽ me eye míakpɔ dzidzɔ be míele agbe. Anyigbaa azu paradiso. Nuɖuɖu nyuiwo kple aƒe siwo le dedie la asu ame sia ame si. Amewo anyo dɔme, womasẽ ŋuta alo awɔ nu vɔ̃ɖi o. Lã wɔadawo mavɔ̃ na mí o, eye míawo hã míavɔ̃ na wo o.

Dzi adzɔ mí ŋutɔ ne Yehowa dze amewo fɔfɔ ɖe tsitre gɔme. Míado wòe zɔ na blematɔ aɖewo abe Abel, Noa, Abraham, Sara, Mose, Rut, Esta kple David ene. Woakpe ɖe mía ŋu míawɔ dɔ atrɔ Anyigbaa wòazu paradiso. Dɔ vovovo siwo avivi mía nu la anɔ anyi míawɔ.

Yehowa di be nànɔ afi ma. Àva nya Yehowa geɖe wu le mɔ siwo mèsusu o la nu. Mina míanɔ tetem ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli gbe sia gbe, tso fifia yi mavɔ me!

“Yehowa, mía Mawu, wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe, bubu kple ŋusẽ, elabena wòe wɔ nuwo katã.”—Nyaɖeɖefia 4:11