Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akpa 8 Lia Ƒe Ŋgɔdonya

Akpa 8 Lia Ƒe Ŋgɔdonya

Yehowa na nunya geɖe Salomo eye wòna mɔnukpɔkpɔ su esi be wòatu gbedoxɔa, gake vivivi la eva trɔ le Yehowa yome. Ne dzilae nènye la, ɖe ale si wòdzɔe be ame siwo le alakpasubɔsubɔ me la va ble Salomo wòtrɔ le Mawu yome la me na viwòa. Eye ɖe ale si Fiaɖuƒea va ma ɖe eve, eye fia vɔ̃ɖiwo na dukɔa va zu xɔsegbelawo kple trɔ̃subɔlawo la hã me nɛ. Le ɣeyiɣi ma me la, woti Yehowa ƒe nyagblɔɖila vavã geɖewo yome eye wowu wo. Fianyɔnu Izebel kplɔ dziehe fiaɖuƒea de alakpasubɔsubɔ me vĩi. Israel-viwo ƒe nu wɔ nublanui ɣemaɣi ŋutɔ. Gake Yehowa subɔla wɔnuteƒe geɖe ganɔ Israel-viwo dome, ame siawo dometɔ aɖewoe nye Fia Yehosafat kple nyagblɔɖila Eliya.

LE AKPA SIA

NUSƆSRƆ̃ 44

Gbedoxɔ Si Wotu Na Yehowa

Mawu wɔ Fia Salomo ƒe biabia dzi nɛ eye wòna mɔnukpɔkpɔ gã bubuwoe.

NUSƆSRƆ̃ 45

Fiaɖuƒea Ma Ðe Eve

Israel-vi geɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ.

NUSƆSRƆ̃ 46

Dodokpɔ Si Wowɔ Le Karmel To La Dzi

Ame kae nye Mawu vavã la? Yehowa loo alo Baal?

NUSƆSRƆ̃ 47

Yehowa Do Ŋusẽ Eliya

Èsusu be Yehowa ate ŋu ado ŋusẽ wò hã?

NUSƆSRƆ̃ 48

Wogbɔ Agbe Ahosi Aɖe Ƒe Vi

Wowɔ nukunu eve le aƒe ma ke me!

NUSƆSRƆ̃ 49

Wohe To Na Fianyɔnu Vɔ̃ɖi Aɖe

Izebel ɖo nu gbe be yeawu Israel ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Nabot ne yeaxɔ eƒe Waingble le esi! Yehowa Mawu kpɔ eƒe vɔɖivɔ̃ɖi kple nu madzɔmadzɔ si wòwɔ la.

NUSƆSRƆ̃ 50

Yehowa Wɔ Aʋa Na Yehosafat

Fia nyui Yehosafat do gbe ɖa na Mawu esime Yudatɔwo ƒe futɔwo do ŋɔdzi na wo.