Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 84

Yesu Zɔ Atsiaƒu Dzi

Yesu Zɔ Atsiaƒu Dzi

Menye ɖeko Yesu tea ŋu daa dɔ na dɔnɔwo alo fɔa ame kukuwo ɖe tsitre o, ke boŋ ete ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe ya kple tsidzadza hã dzi. Esi Yesu do gbe ɖa le to aɖe dzi vɔ megbe la, ekpɔ be ahom sesẽ aɖe nɔ tutum le Galilea-ƒua dzi. Eƒe apostoloawo nɔ woƒe tɔdziʋua me nɔ agbagba dzem be yewoaku ʋua ato ahom la me. Yesu ɖi le toa dzi eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta tɔdziʋua gbɔ. Esi apostoloawo kpɔ ame aɖe wòzɔ tsia dzi gbɔna la, wovɔ̃. Gake Yesu gblɔ na wo be: ‘Nyee. Migavɔ̃ o.’

Petro gblɔ be: ‘Aƒetɔ, nenye wòe nyateƒe la, ekema na mava gbɔwò.’ Yesu gblɔ na Petro be: ‘Va gbɔnye.’ Eya ta esi ahom la nɔ tutum sesĩe la, Petro ɖi le tɔdziʋua me eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ. Gake esi wònɔ tetem ɖe Yesu ŋu la, Petro kpɔ ahom la, eye wòvɔ̃. Ekpɔ be yenɔ to yim. Petro do ɣli be: ‘Aƒetɔ xɔ nam!’ Yesu lé eƒe asi eye wògblɔ nɛ be: ‘Nu ka tae nèke ɖi? Afi kae wò xɔse la le?’

Yesu kple Petro ge ɖe tɔdziʋua me eye enumake ahom la tɔ te. Bu ale si apostoloawo ase le wo ɖokui me ŋu kpɔ. Wogblɔ be: “Mawu Vie nènye vavã!”

Menye zi ɖeka sia koe Yesu kpɔ ŋusẽ ɖe yame ƒe nɔnɔme dzi o. Ɣebubuɣi esi Yesu kple apostoloawo ku tɔdziʋu yina ƒua ƒe go kemɛ dzi la, Yesu mlɔ anyi ɖe tɔdziʋua me le megbe lɔƒo. Esi wònɔ alɔ̃ dɔm la, ahom nɔ tutum sesĩe le atsiaƒua dzi. Ƒutsotsoeawo nɔ gegem ɖe tɔdziʋua me, eye tsi yɔ ʋua me. Apostoloawo do ɣli nyɔ Yesu gblɔ be: ‘Nufiala, míele kuku ge! Xɔ na mí!’ Yesu fɔ eye wògblɔ na atsiaƒua be: “Zi ɖoɖoe!” Enumake yaƒoƒoa tɔ eye atsiaƒua dze akɔ anyi. Yesu bia apostoloawo be: ‘Afi kae miaƒe xɔse la le?’ Wogblɔ na wo nɔewo be: “Yaƒoƒo kple atsiaƒu gɔ̃ hã ɖoa toe.” Apostoloawo kpɔe be ne yewoɖo ŋu ɖe Yesu ŋu bliboe la, ke mehiã be yewoavɔ̃ na naneke o.

“Afi kae manɔ ne ɖe xɔse mele asinye be makpɔ Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ teƒe le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o?”—Psalmo 27:13