Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 12

Yakob Xɔ Domenyinu La

Yakob Xɔ Domenyinu La

Isak xɔ ƒe 40 hafi ɖe Rebeka. Elɔ̃e vevie. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wodzi ŋutsuvi eve siwo nye venɔviwo.

Tsitsitɔa ŋkɔe nye Esau eye ɖevitɔa ŋkɔe nye Yakob. Esau lɔ̃ gbe me nɔnɔ, eye wòbi ɖe adedada me. Gake Yakob ya lɔ̃ aƒe me nɔnɔ.

Le ɣemaɣi la, ne ame fofo ku la, wotsɔa eƒe anyigba kple ga ƒe akpa gãtɔ naa viŋutsu tsitsitɔ. Emae woyɔna be domenyinu. Le Isak ƒe ƒomea me la, domenyinua ƒe akpa aɖe hãe nye be ame nawɔ akpa aɖe le ŋugbe siwo Yehowa do na Abraham me. Ŋugbedodo mawo menɔ vevie na Esau ya o, gake Yakob ya nya be wole vevie ŋutɔ.

Gbe ɖeka Esau gbɔ tso adegbe eye ɖeɖi te eŋu vevie. Ese nu vivi si ɖam Yakob le la ƒe ʋeʋe lililia eye wògblɔ na Yakob be: ‘Dɔ le wuyem vevie! Na atadi dzĩ ma ƒe ɖem!’ Yakob gblɔ nɛ be: ‘Mana wò, gake, do ŋugbe be yeatsɔ wò domenyinu la anam gbã.’ Esau gblɔ be: ‘Domenyinu la mele vevie nam o! Ate ŋu azu tɔwò. Tsɔ nua nam maɖu.’ Èsusu be nunya le nu si Esau wɔ mea? Ao. Esau ɖe asi le nu xɔasi aɖe ŋu le nuɖuɖu agba ɖeka ko ta.

Esi Isak tsi la, ɣeyiɣia de be wòayra via tsitsitɔ. Gake Rebeka kpe ɖe Yakob si nye ɖevitɔ la ŋu be woyra eya boŋ. Esi Esau va nya nu si dzɔ la, dzi kui vevie wòdi be yeawu ye nɔvia. Isak kple Rebeka wodi be yewoakpɔ Yakob ta, eya ta wogblɔ nɛ be: ‘Dzo yi ɖanɔ nyruiwò Laban gbɔ va se ɖe esime Esau ƒe dzikua nu nafa.’ Yakob ɖo to edzilawo ƒe aɖaŋuɖoɖoa eye wòsi ale be nɔvia mewui o.

“Viɖe kae wòanye na ame be xexe blibo la katã nazu etɔ, gake wòabu eƒe agbe? Nu ka koŋ ye ame atsɔ ana ɖe eƒe agbe ta?”—Marko 8:36, 37