Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbenɔnɔ Le Paradiso Si Woagbugbɔ Aɖo Anyi Me

Agbenɔnɔ Le Paradiso Si Woagbugbɔ Aɖo Anyi Me

Agbenɔnɔ Le Paradiso Si Woagbugbɔ Aɖo Anyi Me

YESU ɖee fia kakaɖedzitɔe be ame siwo ku la agava nɔ agbe ake, eye wòna eƒe nusrɔ̃lawo nya be esia ava eme godoo. Egblɔ na wo be: “Le nuwo gbugbɔgawɔ me [la, míanyi] agbe mavɔ dome.” Esi Yesu gblɔ be “le nuwo gbugbɔgawɔ me” la, nu kae wòwɔnɛ?—Mateo 19:25-29.

Le Biblia ŋlɔla Luka ƒe nuŋlɔɖi si ku ɖe nya ma ke ŋu ƒe nya nu la, Yesu gblɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo akpɔ “agbe mavɔ le nuɖoanyi si gbɔna la me.” (Luka 18:28-30) Nu ka tae Biblia tsɔ “nuɖoanyi si gbɔna la” sɔ kple “nuwo gbugbɔgawɔ” ɖo?

Edze ƒãa be esia nye gbetete ɖe edzi be Yehowa Mawu akpɔ egbɔ be tameɖoɖo si le ye si na ameƒomea tso gɔmedzedzea me be woase vivi le agbe tegbee nɔnɔ le paradiso me le anyigba dzi la ava eme. Woana amegbetɔwo nade blibo abe ale si Adam kple Eva nɔ do ŋgɔ na woƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ene. Eya ta ‘le nuɖoanyi si gbɔna me’ la, ‘woagbugbɔ awɔ’ Paradiso la abe ale si wònɔ le Eden bɔa me ene.

Ale Si Woagbugbɔ Paradiso La Awɔ

Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, efia eyomedzelawo be woado gbe ɖa tso dɔwɔnu si dzi Mawu ato agbugbɔ ana dzɔdzɔenyenye naxɔ anyigba la katã dzi la ŋu. Yesu gblɔ be míado gbe ɖa be: “Wò fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã.” (Mateo 6:10) Mawu ɖo Via be wòanye Fiaɖuƒe sia, si dzi woato akpɔ egbɔ be tame si Mawu ɖo be anyigba la katã nazu Paradiso nava eme la, ƒe dziɖulae.

Biblia gblɔ tso Ame si Mawu ɖo Dziɖulae ŋu be: “Wodzi vi na mí, eye wona ŋutsuvi mí, dziɖuɖu le abɔta nɛ, eye wotsɔ ŋkɔ nɛ be: . . . ŋutifafafia, ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le . . . eƒe fiaɖuƒe la me o.” (Yesaya 9:5, 6) Gake alekee “dziɖuɖu” sia akpɔ egbɔ be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu?

Biblia ɖo eŋu be: “Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe [dziɖuɖu la] anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44.

Na míade ŋugble tso ale si nuwo anɔ le anyigba dzi ne wogbugbɔ ɖo Paradisoa anyi, ɛ̃, “le nuwo gbugbɔgawɔ me,” esime Mawu ƒe Vi la anɔ eƒe ŋusẽa ŋu dɔ wɔm abe ‘Dziɖula’ ene le Fofoa ƒe Fiaɖuƒe la me ŋu kpɔ.

Ne paradisoa xɔ anyigbaa ƒe afi sia afi eye ame sia ame lɔ̃a Mawu heɖea lɔlɔ̃ fiaa ehavi amegbetɔwo la, aleke wòado dzidzɔ na amee nye esi! (Mateo 22:37-39) Àte ŋu aka ɖe edzi be ŋugbe siwo katã Mawu do la ava eme ɣemaɣi. Mawu gblɔ be: “Megblɔ nya, eye mana wòava eme hã.”—Yesaya 46:11.

Ke hã, nu geɖe li wòhiã be nàganya tso Yehowa Mawu kple xexe yeye si ŋugbe wòdo la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, kpeɖodzi kawoe li be xexe yeye sia tu aƒe? Aleke Mawu ƒe Fiaɖuƒea ava xɔ ɖe dziɖuɖu siwo katã le anyigba dzi la teƒe? Eye nu kawoe adzɔ si awɔe be nu sia nava eme? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo. Kpɔ magazine sia ƒe axa 32 lia hena nyatakaka bubuwo.

Ƒe gbogbo siwo amegbetɔwo tsɔ nɔ mɔ kpɔm na dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeyea la awu enu kpuie. Ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ siwo ku la matsi ku me ɖikaa o. Menye ɖeko wòanya wɔ be woagava nɔ agbe ake o—Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye. Ame siwo ku la agava nɔ agbe ake ŋutɔŋutɔ! Ɛ̃, agbe mae nye “agbe vavã la,” agbe si “le vava ge.”—1 Timoteo 4:8; 6:19.—g08 09-E.

Ale Si Agbenɔnɔ Anɔ Le Paradiso Me

Ame kukuwo ƒe tsitretsitsi

“Gaƒoƒo la gbɔna, esi me ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase eƒe gbe, eye woado go.”—Yohanes 5:28, 29.

“Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Dɔwɔwɔwo 24:15.

Dɔléle, amegãkuku, alo ku maganɔ anyi o

“[Ɣemaɣi la,] ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye.”—Yesaya 35:5, 6.

“Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo. Eye wòatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.” —Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Nuɖuɖu nyuiwo abɔ

“Anyigba [amie] eƒe nukuwo. Mawu, mía Mawu la, ayra mí.”—Psalmo 67:7.

“Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.”—Psalmo 72:16.

Aƒe nyuiwo kple dɔ siwo naa dzidzeme ame anɔ ame sia ame si

“Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o.” —Yesaya 65:21, 22.

Nu vlo wɔwɔ, ŋutasesẽ, kple aʋawɔwɔ maganɔ anyi o

“Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi.”—Lododowo 2:22.

“Woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.”—Yesaya 2:4.

Vɔvɔ̃ maganɔ anyi o, eye ŋutifafa axɔ aƒe ɖe afi sia afi

“Woanɔ anyi aɖe dzi ɖi, ame aɖeke mado voɖi na wo o.”—Xezekiel 34:28.

‘Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o; elabena sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi, abe ale si tsi yɔ atsiaƒu me ene.’—Yesaya 11:9.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Woagbugbɔ aɖo paradiso si bu le atsu kple asi gbãtɔ ƒe tomaɖomaɖo ta la anyi ake