1 Timoteo 6:1-21

  • Kluviwo nade bubu woƒe aƒetɔwo ŋu (1, 2)

  • Aʋatsonufialawo kple galɔlɔ̃ (3-10)

  • Mɔfiamewo na Mawu ƒe ame (11-16)

  • Woanye kesinɔtɔwo le dɔ nyuiwo wɔwɔ me (17-19)

  • Kpɔ nu si wotsɔ de asiwò la dzi (20, 21)

6  Ame siwo le kluvinyenye ƒe kɔkuti te la nayi edzi ade bubu blibo woƒe aƒetɔwo ŋu,+ be woagagblɔ nya vɔ̃ tso Mawu ƒe ŋkɔ kple nufiafia la ŋu gbeɖe o.+  Azɔ hã, ame siwo ƒe aƒetɔwo nye xɔsetɔwo la nagatsɔ wo aba hae le esi wonye nɔviwo ta o. Ke boŋ woalɔ̃ faa asubɔ wo, elabena woƒe dɔ nyui wɔwɔ ɖea vi na ame siwo nye xɔsetɔwo kple lɔlɔ̃tɔwo. Yi edzi nànɔ nu siawo fiam eye nànɔ nu xlɔ̃m amewo alea.  Ne ame aɖe fiaa nu bubu, eye melɔ̃na ɖe nya siwo le blibo,+ siwo tso mía Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ dzi o, alo melɔ̃na ɖe nufiafia si sɔ ɖe mawusosroɖa nu dzi o la,+  ekema enye ame si doa eɖokui ɖe dzi glodzoo, eye wònye ame masenugɔme.+ Enye ame si nyaʋiʋliwo kple glãkahehewo flu tagbɔ na.+ Nu siawo hea ŋubiabiã, dzrewɔwɔ, amegɔmezɔzɔ,* susu vɔ̃wo bubu ɖe ame ŋu,  kple nyahehe ɣesiaɣi le nya maɖinyawo ŋu, siwo ame siwo ƒe susu gblẽ+ eye nyateƒea to wo ŋu yi la dona ɖe ŋgɔ, ame siwo susuna be ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nye viɖedidi ƒe mɔnu.+  Nyateƒee, ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nye viɖenu gã,+ nenye be nu si le mía si la dzea mía ŋu.  Elabena míetsɔ naneke va xexea me o, eye míate ŋu atsɔ naneke adzoe hã o.+  Eya ta ne nuɖuɖu kple nudodo le mía si la, míana nu siawo nadze mía ŋu.+  Ke ame siwo ɖoe kplikpaa be yewoazu kesinɔtɔwo la gena ɖe tetekpɔ kple mɔ̃tetre+ kpakple movidzɔdzɔ ƒe nudzodzro geɖe, siwo wɔa nu vevi ame eye wonyrɔa ame ɖe tsɔtsrɔ̃ kple gbegblẽ me la me.+ 10  Elabena nu vɔ̃ɖi ƒomeviwo katã ƒe ke ɖekae nye galɔlɔ̃, eye esi ame aɖewo ti lɔlɔ̃ sia yome la, wotra mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ vevesese geɖe ŋɔ wo ɖokuiwo flofloflo.+ 11  Ke wò la, Oo, Mawu ƒe ame, sí le nu siawo nu. Ke boŋ ti dzɔdzɔenyenye, mawusosroɖa, xɔse, lɔlɔ̃, dzidodo kple tufafa yome.+ 12  Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la; na wò asi nasu agbe mavɔ si ta woyɔ wò ɖo eye nèʋu eme nyuie le dutoƒo le ɖasefo geɖewo ŋkume la dzi. 13  Mawu, ame si léa nuwo katã ƒe agbe ɖe te, kple Kristo Yesu, ame si ɖi ɖase heʋu eme nyuie le dutoƒo le Pontio Pilato+ ŋkume la, ŋkumee mele nu xlɔ̃m wò le 14  be nàwɔ sedede sia dzi kpɔtsɔtsɔ kple mokaka manɔŋui va se ɖe mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ɖeɖefiaɣi la,+ 15  si Ŋusẽtɔ Gã kple dzidzɔtɔ ɖeka kolia la ana amewo nakpɔ adze sii le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi, eya, ame si nye fiawo katã ƒe Fia kple aƒetɔwo katã ƒe Aƒetɔ la,+ 16  ame si ko si makumakunyenye le,+ ame si le kekeli si ŋu womate ŋu ate ɖo o la me,+ ame si amegbetɔ aɖeke mekpɔ kpɔ alo ate ŋu akpɔ o.+ Eya tɔ nanye bubu kple ŋusẽ mavɔ. Amen. 17  Xlɔ̃ nu ame siwo nye kesinɔtɔwo le fifi nuɖoanyi* sia me be, woagado wo ɖokuiwo ɖe dzi o, eye woagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aziɔ ɖe kesinɔnu siwo dzi womate ŋu aka ɖo o la ŋu o,+ ke boŋ ɖe Mawu, ame si naa nuwo katã mí fũu be wòado dzidzɔ na mí la ŋu.+ 18  Gblɔ na wo be woawɔ nyui, woanye kesinɔtɔwo le dɔ nyuiwo wɔwɔ me, woaʋu asi me, woalɔ̃ faa ana nu ame,+ 19  ale be woadzra kesinɔnu ɖo ɖi dedie na wo ɖokuiwo, wòanye gɔmeɖoanyi nyui na etsɔ si gbɔna,+ be woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.+ 20  Timoteo, kpɔ nu si wotsɔ de asiwò la dzi,+ eye nàgbe dzeɖoɖo ƒuƒlu siwo medea asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu o, kple nu si woyɔna alakpatɔe be “sidzedze” la ƒe glãkahehewo.+ 21  Adegbeƒoƒo le sidzedze sia ƒomevi ŋu na ame aɖewo tra mɔ tso xɔse la gbɔ. Mawu ƒe amenuveve nanɔ kpli mi.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “dzugbewo.”