Dzo kpo yi emenuwo dzi

BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

Nye Dziɖuɖufetu Nyuitɔ Kekeake

Nye Dziɖuɖufetu Nyuitɔ Kekeake
  • ƑE SI ME WODZII 1967

  • DUKƆ SI ME WÒTSO FINLAND

  • AME SI WÒNYE TSÃ TENISƑOLA BIBI

NYE ŊUTINYA

 Finland ƒe nuto dama si nye Tampere la ƒe gbɔto si me tomefafa le la mee menɔ tsi. Nye ƒomea metsɔa dzo ɖe mawusubɔsubɔ ŋu tututu o, gake wodea asixɔxɔ sukudede kple nɔnɔme nyuiwo ɖeɖefia ŋu ŋutɔ. Nɔnye nye Germanytɔ, eye esime menɔ ɖevime la, meyina ɖasrãa tɔgbuinye kple mamanye kpɔ ɣeaɖewoɣi le Ɣetoɖoƒe Germany.

 Melɔ̃ kamedefefewo tso nye ɖevime ke. Esime menye ɖevi la, mekpɔa gome le kamedefefe ƒomevi vovovowo me, gake esi mexɔ ƒe 14 la, meva lé fɔ ɖe tenisƒoƒo koŋ ŋu. Kaka maxɔ ƒe 16 la, mexɔa hehe zi eve alo zi etɔ̃ le ŋkeke ɖeka me—tenisƒola bibiwo naa hehem zi eve le ŋkekea me eye nye ŋutɔ mesrɔ̃a tenisƒoƒo le ɖokuinye si le fiẽ me. Tenisƒoƒo ƒe akpa vovovoawo dzɔa dzi nam ŋutɔ; tenisƒoƒo wɔnɛ be metea ŋu dea kame hewɔa susu ŋu dɔ hã. Togbɔ be edzɔa dzi nam be nye kple xɔ̃nyewo míade ha ɖekae ahano biya ɣeaɖewoɣi hã la, nyemetsɔ atike sesẽwo zazã alo ahanono ɖo dɔe gbeɖe o. Mezãa ɣeyiɣi geɖe ɖe tenisƒoƒo ŋu—eyae va nye nu vevitɔ nam le agbe me.

 Mete tenisƒoƒo le tenisƒola bibiwo ƒe habɔbɔ si woyɔna be ATP la ƒe hoʋiʋliwo me esime mexɔ ƒe 17. a Esi meɖu dzi le tenisƒoƒo ƒe hoʋiʋli geɖe me megbe la, meva xɔ ŋkɔ ale gbegbe le dukɔa me. Kaka maxɔ ƒe 22 la, menɔ tenisƒola xɔŋkɔ 50 siwo nɔ dukɔa me la dome.

 Mezɔa mɔ yia teƒeteƒewo le xexea me godoo henɔa tenis ƒom. Mekpɔ teƒe nyui dodzidzɔname geɖewo, gake megade dzesi kuxi gbogbo siwo le xexea me, siwo dometɔ aɖewoe nye nu vlo wɔwɔ, atike vɔ̃ɖiwo zazã kple ale si wole anyigba gblẽmee. Le kpɔɖeŋu me, esime míenɔ Amerika la, woxlɔ̃ nu mí be míagayi teƒe aɖewo le dugã aɖewo me o le ale si nu vlo wɔwɔ bɔ ɖe teƒe mawo ta. Esiawo katã ɖea fu nam ale gbegbe. Gawu la, togbɔ be tenisƒoƒoa nɔ dzi dzɔm nam ŋutɔ hã la, kaka ŋkekea nawu enu la, nyemekpɔa dzidzeme aɖeke o.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ

 Yehowa Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kple nye ahiãvi Sanna. Esi mekpɔ ale si wòtsɔ ɖe le mawusubɔsubɔnyawo me la, ewɔ nuku nam vie ya, gake nyemetsi tre ɖe eƒe Biblia sɔsrɔ̃a ŋu o. Le ƒe 1990 me la, míeɖe mía nɔewo eye wòxɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo le ƒe si kplɔe ɖo me. Nye ya nyemebu ɖokuinye ame si tsɔ dzo ɖe subɔsubɔnyawo ŋu o, togbɔ be mexɔe se be Mawu li hã. Meɖoa ŋku edzi be mamanye si nye Germanytɔ la lɔ̃a Biblia xexlẽ ŋutɔ, eye efiam ale si mado gbe ɖae gɔ̃ hã.

 Gbe ɖeka esi nye kple Sanna míesrã atsu kple asi aɖe siwo nye Ðasefowo kpɔ la, srɔ̃ŋutsua, si ŋkɔe nye Kari, ƒo nu tso Biblia me nyagblɔɖi si ku ɖe “ŋkeke mamlɛawo” ŋu la nam. (2 Timoteo 3:1-5) Esia wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ, elabena ewɔe be nu siwo tae nuwo gblẽ nenema gbegbe le xexea me ɖo la me va kɔ nam. Míegblɔ nya geɖe tso subɔsubɔnyawo ŋu gbe ma gbe o. Ke hã, tso ɣemaɣi la, nye kple Kari míeva nɔ dze ɖom tso Biblia me nyawo ŋu, eye nu siwo katã srɔ̃m menɔ la me nɔ kɔkɔm nam. Ale si nyemevona kura o eye mezɔa mɔ edziedzi la wɔe be nye kple Kari míegatea ŋu doa go edziedzi na nua sɔsrɔ̃ o, ke hã Kari mena ta o. Ðeko wòŋlɔa lɛta tsɔ ɖoa nya siwo mebiae va yi esime míenɔ nu srɔ̃m la ŋu. Etsɔ Biblia ɖo agbemenyabiase vevi siwo katã nɔ asinye la ŋu nam wo me kɔ, eye vivivi la, meva kpɔ nu si koŋ ŋu Biblia bliboa ƒo nu tsoe—si nye be Mawu Fiaɖuƒea ana Mawu ƒe tameɖoɖo nava eme bliboe. Esi meva nya Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, hekpɔ nu siwo katã wòwɔ na mí la, ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. (Psalmo 83:18) Nu si wɔ dɔ ɖe dzinye wue nye tafevɔsa ƒe ɖoɖo si Mawu wɔ. Menye esi wòle be wòawɔe tae wòwɔe ɖo alo be esi wònye nudidi le se nu tae o, ke boŋ enye eƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia. (Yohanes 3:16) Mesrɔ̃e hã be mɔnukpɔkpɔ ate ŋu asu asinye be manye Mawu xɔlɔ̃ eye manɔ agbe tegbee le ŋutifafa me le paradiso me. (Yakobo 4:8) Meva nɔ ɖokuinye biam be, “Aleke maɖee afia be mekpɔ ŋudzedze ɖe nu siawo ŋu?”

 Meva nɔ ŋugble dem vevie le ale si menɔ agbe nɔmee ŋu. Mesrɔ̃e le Biblia me be nunanae hea dzidzɔ gãtɔ kekeake vanɛ, eye esia ʋãm be maƒo nu tso nye dzixɔsewo ŋu na amewo. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Esi wònye be tenisƒoƒoe nye nye agbemedɔ ta la, nyemenɔa aƒe me o abe ŋkeke 200 ene le ƒe bliboa me henɔa gome kpɔm le tenisƒoƒo ƒe hoʋiʋliwo me. Nye tenisƒoƒoa va zu nu vevitɔ na nye ŋutɔ kple nye ƒomea, eya ŋu koe míezãa míaƒe ŋusẽ, ɣeyiɣi kple nunɔamesiwo ɖo. Eya ta mede dzesii be ehiã be mawɔ tɔtrɔ.

 Menyae be asiɖeɖe le kamedefefe sia si me ga geɖe le ŋu ɖe subɔsubɔnyawo ta anye nu si gɔme ame geɖe mase o. Gake mɔnukpɔkpɔ si su asinye be manya Yehowa nyuie wu ahanɔ agbe tegbee la xɔ asi wu dziɖuɖufetu ɖe sia ɖe si asu asinye le tenisƒoƒo me, eya ta enɔ bɔbɔe nam be matso nya me le nu si mawɔ ŋu. Meɖoe kplikpaa be nyematsɔ susu aɖo nya siwo ame bubuwo agblɔ ŋu o, elabena nye ŋutɔe atso nya me le nu si wòle be mawɔ ŋu. Mawunyakpukpui aɖe si de dzi ƒo nam menɔ te ɖe amewo ƒe nyaƒoɖeamenuwo nu koŋue nye Psalmo 118:6, afi si gblɔ be: “Yehowa li kplim; nyemavɔ̃ o. Nu kae amegbetɔ ate ŋu awɔm?”

 Le ɣeyiɣi sia me lɔƒo la, wotsɔ tenisƒoƒo ƒe mɔnukpɔkpɔ gã aɖe si me ga geɖe le si awɔe be mayi edzi anɔ tenis ƒom eye nyemagatsi dzi ɖe ganyawo ŋu o ƒe geɖe la ɖo ŋkunyeme. Ke hã, metso nya me xoxo, eya ta nyemelɔ̃ xɔ mɔnukpɔkpɔa o, eye meva dzudzɔ tenisƒoƒo le ATP habɔbɔa ƒe hoʋiʋliwo me mlɔeba. Meyi Biblia sɔsrɔ̃ dzi, eye le July 2, 1994 dzi la, mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo.

VIÐE SIWO MEKPƆ

 Le gonyeme la, menye nya sesẽ aɖee tum le agbe me hafi meva tsɔ ɖe le Mawu subɔsubɔ me o. Eye magblɔ be menye ɖe menye ame si nɔ nyateƒea dim hafi o. Mesusu be agbea dze edzi nam xoxo eye naneke megahiãm o. Ke hã le vome la, ɖeko wòle abe ɖe Biblia me nyateƒea nɔ lalayem be make ɖe ye ŋu ene, meva kpɔe be taɖodzinu vavã aɖe le agbea ŋu, eye agbea va dze edzi nam sãsãsã wu ale si mesusui! Míaƒe ƒomekadodoa me va sẽ wu eye míeva le kplikplikpli ale gbegbe. Edzɔ dzi nam ŋutɔ hã be vinyeŋutsu etɔ̃awo dze nye afɔɖoƒewo yome, menye le kamedefefe gome o, ke boŋ woawo hã wova zu Kristotɔwo.

 Tenisƒoƒo gadzɔa dzi nam kokoko. Ƒe geɖee nye esia mele dɔwɔɖui siwo do ƒome kple tenisƒoƒo la wɔm, le kpɔɖeŋu me, mefiaa tenisƒoƒo amewo eye menye tenishabɔbɔ aɖe ƒe dɔdzikpɔla. Gake kamedefefe meganye nu vevitɔ nam le agbe me o. Tsã la, mexɔa hehe gaƒoƒo geɖe kwasiɖa sia kwasiɖa ale be mabi ɖe tenisƒoƒo me wu eye mazu dziɖula. Gake fifia esi menye ɣeyiɣiawo katã ƒe nya nyui gblɔla ta la, dzi dzɔam be mezãa nye ɣeyiɣi tsɔ kpena ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ Biblia ahawɔ mɔfiame siwo na metrɔ nye agbenɔnɔ la dzi. Nu si nana mekpɔa dzidzɔ gãtɔ kekeakee nye be mena ƒomedodo si le nye kple Yehowa Mawu dome va nye nu vevitɔ nam le agbe me, eye meƒoa nu tso mɔkpɔkpɔ si li be etsɔme nyui aɖe gbɔna la ŋu na amewo.—1 Timoteo 6:19.

a ATP le tsitre ɖi na Association of Tennis Professionals, le Eŋlisigbe me. Enye habɔbɔ si kpɔa ŋutsu tenisƒola bibiwo ƒe nyawo gbɔ. Mɔnukpɔkpɔ sua tenisƒola siwo le habɔbɔ sia me si be woakpɔ gome le hoʋiʋliwo me, eye wonaa ga geɖe ame siwo ɖu dzi. Age ale si nu ame do le hoʋiʋliawo mee nana wòva nɔa ɖoƒe aɖe koŋ le tensiƒola bibi siwo le xexea me la dome.