Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?

Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Mawu ƒe Fiaɖuƒe la nye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si Yehowa Mawu ɖo anyi. Woyɔa “Mawu fiaɖuƒe la” le Biblia me hã be “dziƒofiaɖuƒe,” elabena eɖua dzi tso dziƒo. (Marko 1:14, 15; Mateo 4:17) Esɔ kple amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo le nu geɖe me geɖe me, gake ede ŋgɔ sãsãsã wu wo.

  •   Dziɖulawo. Mawu ɖo Yesu Kristo Fiaɖuƒea ƒe Fia eye wòtsɔ ŋusẽ si ƒo amegbetɔwo ƒe dziɖulawo tɔwo ta sãsãsã la nɛ. (Mateo 28:18) Nyui koe Yesu zãa ŋusẽ sia tsɔ wɔna, elabena eɖee fia xoxo be yenye Kplɔla si dzi woate ŋu aka ɖo si sea veve ɖe ame nu. (Mateo 4:23; Marko 1:40, 41; 6:31-34; Luka 7:11-17) Mawu fia mɔ Yesu wòtia amewo tso dukɔwo katã me ale be woawo kple Yesu woanɔ dziƒo aɖu “fia ɖe anyigba la dzi.”—Nyaɖeɖefia 5:9, 10.

  •   Ɣeyiɣi ƒe didime. Mawu Fiaɖuƒea “matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe” alo enu ayi abe ale si wòle le amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu siwo vaa zi dzi egbea ko etsɔ wo nu yi ene la ene o.—Daniel 2:44.

  •   Fiaɖuƒea teviwo. Ame sia ame si wɔa nu si Mawu di la ate ŋu anye Mawu Fiaɖuƒea tevi, eɖanye dukɔ ka me tɔe wòɖanye o.—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

  •   Sewo. Menye nu gbegblẽ wɔwɔwo nu koe Mawu Fiaɖuƒea dea se ɖo o. Seawo kpena ɖe eteviwo ŋu wonɔa agbe si ɖɔ ʋu wu. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be: “‘Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo.’ Esiae nye sedede gãtɔ kple gbãtɔ. Evelia, si ɖii, lae nye esi: ‘Ele be nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’” (Mateo 22:37-39) Lɔlɔ̃ si le Fiaɖuƒea teviwo si na Mawu kple wo haviwoe ʋã wo be woadi nyui na ame bubuwo.

  •   Nusɔsrɔ̃. Menye ɖeko Mawu Fiaɖuƒea tsɔ nudidi deŋgɔ ɖo eteviwo ŋkume ko evɔ o, ewɔ ɖoɖo be woafia ale si woawɔ aɖo nudidi siawo gbɔ la hã wo.—Yesaya 48:17, 18.

  •   Taɖodzinu. Mawu Fiaɖuƒea menana ame siwo aɖu fia le fiaɖuƒe sia me la mebaa wo teviwo hezua kesinɔtɔwo o. Ke boŋ eƒe taɖodzinue nye be wòana Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si ƒe akpa aɖee nye ŋugbe si wòdo be ame siwo lɔ̃a ye la nava nɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi la nava eme.—Yesaya 35:1, 5, 6; Mateo 6:10; Nyaɖeɖefia 21:1-4.