Dzo kpo yi emenuwo dzi

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Le nuteƒekpɔkpɔ siawo siwo ame siwo tso xexea ƒe akpa vovovowo gblɔ me la, kpɔ ale si Mawu ƒe Nya la trɔ woƒe agbenɔnɔ wòganyo ɖe edzii.

Agbe Si Me Dzidzeme Le

Le Mawu Ƒe Kpekpeɖeŋu Me La, Míaƒe Srɔ̃ɖeɖea Va Li Ke

Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo nyo ale gbegbe be woate ŋu akpe ɖe ame sia ame si le srɔ̃ɖekuxiwo me tom la ŋu.

Johny Kple Gideon: Wonye Futɔwo Tsã, Gake Fifia Wozu Nɔviwo

Le teƒe aɖewoa, yevuwo kple ameyibɔwo menyina o. Kpɔ ale si yevuŋutsu kple ameyibɔŋutsu aɖe siwo le South Africa wɔ va zu xɔlɔ̃wo ɖa.

Ale Si Biblia Ðo Nye Biabiawo Ŋu Nyuie La Wɔ Nuku Nam Ŋutɔ

Ernest Loedi va ke ɖe agbemebiabia vevi aɖewo ƒe ŋuɖoɖowo ŋu. Ale si Biblia ɖo eƒe biabiawo ŋu wo me kɔ nyuie la na etsɔmemɔkpɔkpɔ vavã va su esi.

Nyabiase Etɔ̃ Siwo Na Nuwo Trɔ Le Nye Agbe Me

Esi Doris Eldred si nye nufiala la lɔ̃ eƒe sukuvi fia nui la, eva ke ɖe eƒe agbemebiabia veviwo ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo ŋu.

Nyemedi Be Maku O!

Yvonne Quarrie bia gbe ɖeka be, “Nu ka tae mele agbe ɖo?” Ŋuɖoɖoa trɔ eƒe agbenɔnɔ.

Yehowa Wɔ Nu Geɖe Nam

Biblia me nyateƒe kae kpe ɖe Crystal, ame si wogblẽ le eƒe ɖevime la ŋu, eya kple Mawu dome va le kplikplikpli eye taɖodzinu vavã va le eƒe agbe ŋu?

Ŋu Megakpeam Le Nu Siwo Me Meto Ta O

Xlẽ nu tso ale si Israel Martínez ɖu ale si wòsena le eɖokui me be yemele ɖeke me o dzi la ŋu.

Jeson Senajonon: Yehowa Xɔ Nam

Togbɔ be Jeson nye tokunɔ hã, esia mexe mɔ nɛ be wòasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu o.

Nye Kple Tɔnye Míewɔ Ðeka Mlɔeba

Xlẽ nu tso nu si wɔe be Renée va zu atike sesẽ zãla kple aha tsu nola kpakple ale si wòwɔ ɖu numame mawo dzi keŋkeŋ la ŋu.

Fifia Mekpɔe Be Mate Ŋu Akpe Ðe Amewo Ŋu

Julio Corio dze afɔku vevie si na wòse le eɖokui me be Mawu metsɔ ɖeke le eme na ye o. Nya si le 2 Mose 3:7 kpe ɖe eŋu wòtrɔ eƒe susu.

Ðokuinye Ŋu Koe Mebuna Ɣesiaɣi

Christof Bauer ƒo eɖokui ɖe Biblia xexlẽ me esime wònɔ tɔdziʋu sue aɖe me nɔ Atlantik-ƒugã la tsom. Nu kae wòsrɔ̃?

Medi Be Maɖe Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ Ða

Esi Rafika di be yeaho aʋa ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ŋu ta la, eɖo habɔbɔ aɖe si tsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu me. Gake eva srɔ̃e be Biblia do ŋugbe be ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye axɔ aƒe ɖe Mawu Fiaɖuƒea me.

“Nyemegasena Le Ðokuinye Me Be Ele Be Matrɔ Xexea Me O”

Aleke Biblia kpe ɖe gomenɔamesitaʋlila aɖe ŋu wòva ke ɖe afi si tɔtrɔ vavãtɔ atso ava na ameƒomea ŋu?

Medo Le Asrafodɔ Me

Kpɔ ale si Biblia me nya fakɔnamewo kpe ɖe Cindy si nye ame wɔadã tsã la ŋu wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ.

Nye Ya, Mesusu Be Mawu Meli O

Aleke ame aɖe si dzi mawudzimaxɔse kple kɔmiunist dziɖuɖu kpɔ ŋusẽ ɖo le eƒe ɖevime wɔ va srɔ̃ Biblia?

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm—November 2012

Aleke wɔ nyɔnu aɖe si kpɔ dzidzedze geɖe le dɔ si wòwɔna me, tsatsadala aɖe, kpakple ŋutsu aɖe si tɔtɔ le agbe me la va ke ɖe dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ ŋu?

Wotrɔ Woƒe Dzixɔsewo

“Biabia Geɖewo Nɔ Asinye Siwo Nyemekpɔ Ŋuɖoɖo Na O”

Nu kae na Mario, si nye pastɔ tsã la, ka ɖe edzi be Yehowa Ðasefowoe fiaa Biblia me nyateƒea?

Biblia Me Nyateƒea Ðo Nye Biabiawo Ŋu Ale Gbegbe Be Nye Dzi Dze Eme

Esi Mayli Gündel fofo ku la, megaxɔa Mawu dzi se o. Nu kae kpe ɖe eŋu wògaxɔ Mawu dzi se eye eƒe dzi dze eme?

Wotsɔ Biblia Ðo Nye Biabiawo Katã Ŋu Nam!

Isolina Lamela nye Katoliko nyɔnu saɖeagaxɔmenɔla hafi va zu Kɔmiunisttɔ, gake dzi va ɖe le eƒo. Emegbe eva do go Yehowa Ðasefowo, eye wozã Biblia tsɔ kpe ɖe eŋu wòkpɔ tameɖoɖo si koŋ le agbea ŋu.

Woke Ðe “Dzonu Xɔasi” La Ŋu

Mary kple Björn ke ɖe nyateƒe si ku Fiaɖuƒea ŋu le mɔ vovovowo nu. Aleke esia trɔ woƒe agbenɔnɔe?

Yehowa Meŋlɔm Be O

Nyɔnu sia si lɔ̃ mawusubɔsubɔ ŋutɔ la va kpɔ ŋuɖoɖo na nya siwo wòbiana tso nu si ta míekuna kple nu si dzɔna ɖe ame siwo ku dzi ŋu la le Ŋɔŋlɔawo me mlɔeba. Xlẽ nu tso ale si nyateƒea trɔ eƒe agbee ŋu.

“Medi Vevie Be Mava Zu Nunɔla”

Tso esime Roberto Pacheco nye ɖevi la, edi vevie be yeava zu Katoliko nunɔla. Xlẽ nu tso nu si na wòwɔ tɔtrɔwo le agbe me ŋu.

“Wodi Be Maka Ðe Nyateƒea Dzi Na Ðokuinye”

Luis Alifonso di be yeazu Mormontɔwo ƒe mawunyadɔgbedela. Aleke Biblia sɔsrɔ̃ na wòtrɔ eƒe taɖodzinuwo kple agbenɔnɔ siaa?

Atike Vɔ̃ɖiwo Kple Aha Sesẽ

“Nyemeganye Ŋutasẽnuwɔla O”

Le ŋkeke gbãtɔ si dzi Michael Kuenzle yi eƒe dɔ yeyea me la, eƒe dɔwɔhati aɖe biae be, “Ðe nèsusu be Mawu gbɔe fukpekpe siwo le xexea me tsoa?” Ɣemaɣie nuwo va te tɔtrɔ le eƒe agbe me.

Nyemegava Nɔ Ta Kpɔm Na Nye Agbea O

Solomone ʋu yi United States kple susu be nuwo nade ye dzi wu le agbe me. Gake eva nɔ atike vɔ̃ɖiwo zãm eye mlɔeba eva kpɔ eɖokui le gaxɔ me. Nu kae kpe ɖe eŋu wòɖɔ nuwo ɖo le eƒe agbe me?

Meva Srɔ̃ Bubudede Nyɔnuwo Kple Ðokuinye Ŋu

Joseph Ehrenbogen xlẽ nane le Biblia me si kpe ɖe eŋu wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ keŋkeŋ.

“Meva Te Afi Si Nye Agbe Ðo Tae Ŋu Bubu Vevie”

Xlẽ nu tso ale si Biblia ƒe gɔmeɖosewo kpe ɖe ŋutsu aɖe ŋu wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ kple eƒe nuŋububu be wòadze Mawu ŋu la ŋu.

Nye Agbenɔnɔ Tim

Dmitry Korshunov nye ahanomunɔ, gake eva te Biblia la xexlẽ gbe sia gbe. Nu kae ʋãe wòwɔ tɔtrɔ gãwo le eƒe agbenɔnɔ me eye wòva le dzidzɔ kpɔm?

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm—October 2012

Aleke ame eve aɖewo wɔ ɖe asi le nu mame gbegblẽ siwo dometɔ aɖewo nye aha tsu nono kple atikemuamewo zazã ŋu, eye wova le dzidzɔ vavã kpɔm?

“Ablɔɖe Vavãtɔ Su Asinye Mlɔeba”

Xlẽ nu tso ale si Biblia me mɔfiamewo wɔ dɔ ɖe edzi hekpe ɖe eŋu wòkpɔ ablɔɖe vavãtɔ ŋu.

Nu Vlo Wɔwɔ Kple Ŋutasẽnuwɔwɔ

“Menɔ Yɔdo Ðem Na Ðokuinye”

Nu kae ʋã ŋutsu aɖe si nye adzogliha aɖe me tɔ tsã si tso El Salvador la be wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ?

Mewɔa Adã Tsã

Ame sia si nye adzogliha aɖe me tɔ tsã la xɔe se be ame si yenye egbea la nye ɖaseɖiɖi be ŋusẽ le Biblia ŋu be wòatrɔ amewo ƒe agbenɔnɔ vavã. Fifia, eya kple Mawu dome le nyuie.

Nye Dzi Nɔ Veve Sem Eye Menye Ŋutasẽnuwɔla

Nu kae na gbevuvi kɔdala aɖe si nɔ Mexico la di be yeatrɔ yeƒe agbenɔnɔ?

Na Makpɔ Ŋutifafa Kple Dzidzɔ Ƒe Ðeka Pɛ Ko

Biblia me nya si dze le 1 Yohanes 1:9 la wɔ dɔ ɖe Alain Broggio dzi ŋutɔ.

Nye Ŋutɔ Mesusu Be Menɔ Agbe Ðum Ale Si Dze

Pawel Pyzara nye ŋutasẽla, atike vɔ̃ɖi zãla kple ame si di be yeazu senyala gã le ɣeyiɣi ɖeka ma ke me. Eva kpɔe be ehiã be yeatrɔ agbenɔnɔ esime wònɔ kɔ dam kple ŋutsu enyi.

Ðeko Nye Agbenɔnɔ Nɔ Vovlom Ðem Edzi

Stephen McDowell nye ɖekakpui ŋutasẽla, gake amewuwu aɖe si me mekpɔ gome le o na wòɖoe be yeatrɔ yeƒe agbenɔnɔ.

Mesrɔ̃e Be Yehowa Nye Mawu Nublanuikpɔla Si Tsɔa Nu Vɔ̃ Kena

Amefuflu va zu nu mame na Normand Pelletier abe atike muame ene. Gake esi wòxlẽ mawunyakpukpui aɖe le Biblia me la, aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi nɛ enumake.

Meho Aʋa Ðe Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ Kple Ŋutasesẽ Ŋu

Antoine Touma bi ɖe Kung Fu-kɔdada me, gake nya si le 1 Timoteo 4:8 la trɔ eƒe agbenɔnɔ.

Afi Sia Afi Si Mayi La, Tu Nɔa Ŋunye Godoo

Annunziato Lugarà nɔ adzogliwo ƒe ha vloe aɖe me, gake kpekpe aɖe si wòde le Fiaɖuƒe Akpata me la na wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ.

“Ame Geɖe Melɔ̃ Nye Nya O”

Xlẽ nu tso ale si Biblia sɔsrɔ̃ kpe ɖe ŋutsu aɖe si wɔa adã ŋutɔ la ŋu wòva zu ame fatu la ŋu.

Kamedefefewo, Haƒoƒo, kple Modzakaɖeɖe

Jason Worilds: Yehowa Subɔsubɔ Ana Nàkpɔ Dzidzedze Godoo

Ne míetsɔ Yehowa ɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe mea, míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ.

Ewɔ Nam Be Nu Sia Nu Si Medi La Su Asinye

Stéphane nye ɖekakpui si nu dze edzi na eye wòxɔ ŋkɔ. Aleke wòwɔ va kpɔ dzidzɔ vavãtɔ eye taɖodzinu va le eƒe agbe ŋu?

Nye Dziɖuɖufetu Nyuitɔ Kekeake

Nu kae ʋã tenisƒola bibi aɖe wòɖe asi le eƒe tenisƒoƒo si me ga geɖe le la ŋu eye wòva le ɣeyiɣi geɖe zãm tsɔ le Biblia fiam amewo?

Medo Kpo Nu Zi Geɖe Hafi Kpɔ Dzidzedze

Aleke ŋutsu aɖe si amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ zu numame na wɔ va kpɔ susu me ƒe akɔdzeanyi?

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm—April 2013

Togbɔ be Esa kpɔ dzidzedze le haƒoƒo me hã la, ede dzesii be yeƒe dzi medze eme o. Xlẽ nu tso ale si heavy-metal hadzila sia wɔ va le dzidzɔ vavãtɔ kpɔm la ŋu.

Ŋusẽ Tsoa Yehowa Subɔsubɔ Me

Mawunyakpukpui ɖeka kpe ɖe Hércules ŋu wòka ɖe edzi be yeate ŋu adzudzɔ adãwɔwɔ ahado amenyenye yeye si fa tu helɔ̃a ame wu.

Melɔ̃ Bezbɔlƒoƒo Wu Nu Sia Nu!

Samuel Hamilton ƒo eɖokui ɖe bɔlƒoƒo me vĩi, gake Biblia sɔsrɔ̃ na wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ.

“Anyigba Dzi Paradiso Ƒe Ŋugbedodoa Trɔ Nye Agbenɔnɔ”

Ivars Vigulis ti ŋkɔxɔxɔ, kafukafu kple vivisese yome esime wòtsɔ dzokekedodo ƒe duɖimekeke ɖo dɔe. Aleke Biblia me nyateƒea trɔ eƒe agbee?