Dzo kpo yi emenuwo dzi

Russia

 

Yehowa Ðasefo Siwo Le Russia

  • Wode Wo Ga Le Woƒe Xɔse Ta​—117

2022-03-08

RUSSIA

Yehowa Ðasefo Siwo Le Irkutsk Yi Edzi Le Nuteƒe Wɔm Togbɔ Be Wole Wo Dzi Dzem Le Woƒe Aƒewo Me Hã

Le October 4, 2021 dzi la, poliswo va dze Yehowa Ðasefowo geɖewo dzi le woƒe aƒewo me le nuto si nye Irkutsk me. Le amedzidzedzea me la, polis-awo ƒo Ðasefoawo ŋutasesẽtɔe esime wonɔ gbe biam wo. Eye wolé Yehowa Ðasefo ade de ga evɔ womedrɔ̃ nya na wo o. Agɔ si wodze la katã koe nye be wonye Kristotɔ ŋutifafame siwo le woƒe Mawu subɔsubɔdɔwo wɔm.

2022-02-17

RUSSIA

Susu Aɖeke Meli Si Ta Míavɔ̃ Na Yometiti O

Le ƒe 2019 ƒe sia ƒe takpekpea mea, Nɔviŋutsu Mark Sanderson, si nye Dɔdzikpɔha me tɔ, ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Ðe Susu Aɖe Li Si Tae Míavɔ̃ Ðoa?” Woɖe video sia le nuƒoa me eye le videoa mea, mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo yome tim wole le Russia la dometɔ aɖewo gblɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo na mí.

2016-03-23

RUSSIA

Russia Dziɖuɖumegãwo Daa Agbalẽwo Ðe Yehowa Ðasefowo Ƒe Teƒewo Tsɔ Dia Nya Na Wo

Yehowa Ðasefo siwo le Sevastopol kple Balakovo gblẽ agbagba aɖe si dziɖuɖumegãwo dze be yewoada agbalẽwo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe teƒewo atsɔ atsɔ nya ɖe wo ŋu be wonye aglãdzelawo la me.

2016-02-10

RUSSIA

Taganrog Ʋɔnudrɔ̃ƒea He To Na Ðasefowo Ðe Woƒe Mawusubɔsubɔdɔwo Ta

Wobu fɔ Ðasefo 16 siwo ŋu wotsɔ nya ɖo la katã be wole gome kpɔm le aglãdzenuwɔwɔ me. Esia nye kpɔɖeŋu gbegblẽ aɖe si woɖo ɖi na dziɖuɖumegãwo si dzi woate ŋu anɔ te ɖo abu Yehowa Ðasefo siwo le Russia ƒe mawusubɔsubɔdɔwo be wonye nu vlo wɔwɔ.

2016-02-17

RUSSIA

Nunyalagãwo Meda Asi Ðe Ale Si Russia Xe Mɔ Ðe JW.ORG Nu Dzi O

Russia ɖeka koe nye xexemedukɔ si xe mɔ ɖe jw.org, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyatakakadzraɖoƒe la nu le July (Siamlɔm) 21, 2015 dzi.

2016-02-10

RUSSIA

Wogbugbɔ Le Ʋɔnu Drɔ̃m Yehowa Ðasefo Siwo Le Taganrog​—Ʋɔnu Madzɔmadzɔ Dɔdrɔ̃ Sia Ava Wu Enua?

Ðe woalé Ðasefo Russiatɔ ŋutifafame 16 siawo ade ga ɖe woƒe mawusubɔsubɔdɔwo wɔwɔ ta?

2015-09-07

RUSSIA

Russia Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Adrɔ̃ Asiɖoɖo Ðasefowo Ƒe Dɔwɔha Si Le Abinsk Dzi Ƒe Nya La

Ðe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ aʋli Ðasefoawo ƒe subɔsubɔ ƒe ablɔɖe ta ahate fli ɖe nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe nyametsotso be woaɖo asi Dɔwɔha si le Abinsk le Russia la dzi mea?

2015-07-27

RUSSIA

Russia Ðo Asi JW.ORG, Si Nye Yehowa Ðasefowo Ƒe Nyatakakadzraɖoƒe La Dzi

Dziɖuɖumegãwo tso nya me be ame sia ame si aʋu jw.org le Russia alo ado bobloe la le gome kpɔm le aglãdzenuwɔna me eye woabui nu vlo wɔlae. Esia na be woxe mɔ ɖe Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo nu.

2015-05-28

RUSSIA

Ðasefo Russiatɔ Aɖe Fɔ Ga Home Euro 6,000 Gatrɔe Na Gaa Tɔ

Esi Svetlana Nemchinova, si nye Yehowa Ðasefo fɔ ga home gã aɖe si ame aɖe ɖe ŋu ɖi tsɔ kpe ɖe gbeɖuɖɔ ŋu ƒu gbe la, edi gaa tɔ ʋuu ke ɖe eŋu.

2016-01-28

RUSSIA

Russia Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ De Nu Gã Aɖe Tsi Si Ava Ðe Fu Na Yehowa Ðasefo Siwo Le Russia

Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotso sia de Yehowa Ðasefo 180,000 siwo le Russia la ƒe ablɔɖe afɔku me. Dziɖuɖumegãwo ate ŋu abu nyametsotso sia be efia be woxe mɔ ɖe Ðasefoawo ƒe subɔsubɔdɔa nu.

2015-05-28

RUSSIA

Yehowa Ðasefo Aɖewo Bia Be Rostov Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒe Nagbugbɔ Nya Adrɔ̃ Na Yewo—Woaɖe Asi Le Wo Ŋua, Alo Woade Wo Gaxɔ Me?

Le December 11, 2014 la, Rostov Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒea adrɔ̃ nya si wotsɔ ɖe Yehowa Ðasefo 16 ŋu le Taganrog le Russia be wonye nu vlo wɔlawo la. Wotsɔ nya ɖe wo ŋu be wodea “aglãdzedze ƒe dzi ƒo” le esi wodea subɔsubɔkpekpe siwo yia edzi le ŋutifafa me ta.