Dzo kpo yi emenuwo dzi

JUNE 3, 2015
RUSSIA

Dudɔwɔƒe Si Kpɔa Ʋɔnudrɔ̃nyawo Gbɔ De Yehowa Ðasefowo Agbalẽ Me Le Moscow

Dudɔwɔƒe Si Kpɔa Ʋɔnudrɔ̃nyawo Gbɔ De Yehowa Ðasefowo Agbalẽ Me Le Moscow

Le May 27, 2015 dzi la, Russia Dukɔa Ƒe Dudɔwɔƒe Si Kpɔa Ʋɔnudrɔ̃nyawo Gbɔ de Yehowa Ðasefowo Ƒe Nuto Me Subɔsubɔha si le Moscow agbalẽ me le se nu. Esi Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe tso nya me be Moscow ʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe nyametsotso be woaɖo asi Ðasefowo ƒe dɔwɔha nɔsenu ƒe dɔwɔwɔ dzi la mele se nu o la ƒe atɔ̃ kloe nye esia hafi wova lɔ̃ de wo agbalẽ me le se nu.

Le senyaʋiʋli ƒe geɖe megbe la, Golovinskiy Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe si le Moscow tso nya me le ƒe 2004 me be woaɖo asi Ðasefoawo ƒe dɔwɔha nɔsenu la ƒe dɔwɔwɔ dzi. Le ƒe 2010 me la, Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea ɖe gbe na Russia dziɖuɖua be wòana woatɔ te nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖe Ðasefoawo ŋu le mɔ sia nu be wòalɔ̃ ade woƒe dɔwɔha la agbalẽ me le se nu eye wòaxe nu siwo wogblẽ le wo ŋu ŋuti fewo na wo. Russia dziɖuɖua xe feawo xoxo, gake fifia hafi wòva le wo dem agbalẽ me le se nu.