Dzo kpo yi emenuwo dzi

JULY (SIAMLƆM) 21, 2015
RUSSIA

Dedzidɔwɔlawo Xe Mɔ Ðe Biblia Nu Be Magage Ðe Russia-dukɔa Me O

Dedzidɔwɔlawo Xe Mɔ Ðe Biblia Nu Be Magage Ðe Russia-dukɔa Me O

Le July (Siamlɔm) 14, 2015 dzi la, Russiatɔwo ƒe dedzidɔwɔlawo gbe be Yehowa Ðasefowo megatsɔ Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si wotana eye wòle Russiagbe me la va Russia-dukɔa me o. Esiae nye zi gbãtɔ woɖe afɔ sia ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le Russia. Tso March (Tedoxe) 2015 me la, Russia dziɖuɖumegãwo meɖe mɔ be Yehowa Ðasefowo ƒe mawusubɔsubɔgbalẽwo nage ɖe Russia o, togbɔ be agbalẽ siawo dometɔ aɖeke menye esiwo Russia dziɖuɖua gblɔ be wonye Agbalẽ Siwo Dea Aglãdzedze Ƒe Dzi Ƒo o hã. Mɔxexe ɖe agbalẽawo nu be womegatsɔ wo va dukɔa me o kple ale si woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye www.isa4310.com dzi nyitsɔ laa la fia be mawusubɔsubɔgbalẽ siwo Yehowa Ðasefowo tana kple esiwo woda ɖe internet dzi siaa mate ŋu age ɖe Russia-dukɔa me o.