Dzo kpo yi emenuwo dzi

JULY 27, 2015
RUSSIA

Russia Ðo Asi Yehowa Ðasefowo Ƒe Nyatakakadzraɖoƒea Dzi

Russia Ðo Asi Yehowa Ðasefowo Ƒe Nyatakakadzraɖoƒea Dzi

Le December 2, 2014 dzi la, Russia Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tso nya me be Yehowa Ðasefowo ƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye www.isa4310.com dea aglãdzedze ƒe dzi ƒo. Dɔwɔƒe siwo katã naa Internet xe mɔ ɖe nyatakakadzraɖoƒea nu le Russia-dukɔa me godoo ale be amewo magaʋui o, eye woabu ame sia ame si ado boblo nyatakakadzraɖoƒe sia alo ade dzi ƒo na dukɔmevi bubuwo be woazãe la be enye nu vlo wɔla. Russia-dukɔa me koe woɖo asi jw.org nyatakakadzraɖoƒea dzi le le xexea me godoo.

Ale Si Nyawo Yi Ʋuu Hafi Wova Ðo Asi JW.ORG Dzi

Le ƒe 2013 me la, Tver dziɖuɖumegãwo tsɔ nya ɖe nyatakakadzraɖoƒe sia ŋu le ʋɔnudrɔ̃ƒe evɔ womena nyanya aɖeke Yehowa Ðasefo siwo le Russia la o. Tver-dua ƒe Ʋɔnudrɔ̃la Amesamala bia tso Tsentralniy Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea si be wòaɖo asi jw.org nyatakakadzraɖoƒea dzi le esi mawusubɔsubɔgbalẽ siwo Russia ʋɔnudrɔ̃ƒewo * tso nya me va yi be wodea aglãdzedze ƒe dzi ƒo la dometɔ aɖewo le edzi ta. Le August 7, 2013 dzi la, nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea da asi ɖe amesamalaa ƒe nyaa dzi, evɔ mena nyanya aɖeke Yehowa Ðasefowo o, eye gblɔ be jw.org nye nyatakakadzraɖoƒe si dea aglãdzedze ƒe dzi ƒo.

Esi Ðasefoawo nya se nu tso ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotso sia ŋu le nyadzɔdzɔgbɔgblɔwo me le ɣleti ɖeka megbe ko la, wotsɔ nya la yi ʋɔnudrɔ̃ƒe be woagbugbɔ nya la adrɔ̃ na yewo eye woɖe agbalẽ siwo katã ŋu nyaa ku ɖo la ɖa le nyatakakadzraɖoƒea ƒe akpa si Russia-dukɔa me nɔlawo zãna. Le January 22, 2014 dzi la, Tver Ʋɔnudrɔ̃ƒegã te fli ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe gbãtɔ ƒe nyametsotsoa me eye wògblɔ be asiɖoɖo jw.org dzi mele se nu o, eye wògblɔ kpee be ɖe wòle be woakpe ame siwo tɔ nyatakakadzraɖoƒea nye woakpɔ gome le nyadɔdrɔ̃a me hafi.

Esi nyametsotsoa medzɔ dzi na aƒetɔ S. G. Kekhlerov, si nye Amesamalagã Ƒe Kpeɖeŋutɔ o ta la, ebia tso Russia Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ si be wòagbugbɔ nya la adrɔ̃ na yewo. Womena nyanya Ðasefowo tso nyadɔdrɔ̃a ŋu ale si dze o. Gake le December 2, 2014 dzi la, Ʋɔnudrɔ̃ƒea drɔ̃ nya la evɔ Ðasefoawo menɔ eteƒe o.

Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔa ɖo kpe edzi be Ðasefowo ɖe agbalẽ siwo ŋu nya ku ɖo la ɖa le nyatakakadzraɖoƒea le ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotso le August 2013 me megbe kpuie, eye wògblɔ be woagate ŋu ava da agbalẽ mawo ɖe nyatakakadzraɖoƒea ake togbɔ be mena kpeɖodzi aɖeke o hã. Gake Ʋɔnudrɔ̃ƒea te fli ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒegãa ƒe nyametsotsoa me eye wògate gbe ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe gbãtɔ ƒe nyametsotsoa boŋ dzi be jw.org dea aglãdzedze ƒe dzi ƒo. * Yehowa Ðasefowo bia tso Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔa si be wòagbugbɔ nya la adrɔ̃ na yewo, gake Ʋɔnudrɔ̃ƒea gbe woƒe nya la. Eye Yehowa Ðasefowo ŋlɔ agbalẽ na Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔa Ƒe Zimenɔlaa hã, gake womese nya aɖeke tso egbɔ haɖe o.

Nyametsotso Si De Mawusubɔsubɔ Ƒe Ablɔɖe Afɔku Me

Yehowa Ðasefowo ʋli wo ɖokuiwo ta be Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔa ƒe nyametsotsoa mele eteƒe o eye menɔ te ɖe kpeɖodzi aɖeke dzi o, elabe tso ƒe 2013 ƒe keleme ke la, agbalẽ siwo Russia dziɖuɖua fia asii be wodea aglãdzedze ƒe dzi ƒo la dometɔ aɖeke megale jw.org, si Russia-dukɔa me nɔlawo zãna, la dzi o. Le nyametsotso sia ta la, Russia dziɖuɖua ɖe gbe na dɔwɔƒe siwo naa internet be woaxe mɔ ɖe jw.org nu le Russia. Esia wɔe be nyatakakadzraɖoƒe sia zazã bɔ ame gbogbo aɖewo, elabena Biblia si le gbe 130 kple edzivɔwo me kpakple Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo le gbe 700 kple edzivɔwo mee le nyatakakadzraɖoƒe sia. Eye Russiagbe kple Russia Tokunɔgbe hã le gbe siawo dome. Esia na be ame sia ame si ado boblo nyatakakadzraɖoƒe sia alo ade dzi ƒo na amewo le Russia-dukɔa me be woazãe la, setɔwo alée ahabui be ede aglãdzedze ɖe dziɖuɖua ŋu ƒe dzi ƒo. Mɔxeɖenu sia wɔe be Yehowa Ðasefo 170,000 kple edzivɔ siwo le Russia megatea ŋu zãa nyatakakadzraɖoƒe si tua wo ɖo le mawusubɔsubɔ me eye wòkpena ɖe wo ŋu le woƒe gbe sia gbe tadeagu me la o.

Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe nyametsotsoa gana mɔnukpɔkpɔ bubu aɖe hã Russia dziɖuɖumegãwo be woagblẽ Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔwɔna siwo yia edzi le ŋutifafa me la hã me. Zi ale si dziɖuɖumegã aɖewo yi edzi le Russia Ƒe Se Ku Ðe Aglãdzenuwɔnawo Ŋu zãm le mɔ gbegblẽ nu la, woado kplamatsɛ mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe le Russia eye ablɔɖe sia aɖo afɔku me. Yehowa Ðasefowo le mɔ kpɔm vevie be dziɖuɖumegã siwo mekpɔa ame ŋkume o aʋli mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe si nye amegbetɔwo ƒe gomenɔamesi vevi aɖe la ta ahana woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na yewo le ɖekawɔwɔ me kple xexemedukɔwo ƒe ɖoɖo siwo dzi Russia da asi ɖo kple dukɔa ƒe Dukplɔsea siaa.

^ mm. 4 Tso ɣeaɖeɣi va ɖo June 1, 2015 dzi la, Russia ʋɔnudrɔ̃ƒewo fia asi Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ 78 be wodea aglãdzedze ƒe dzi ƒo. Ðasefowo le nya sia ta ʋlim le dukɔa me ʋɔnudrɔ̃ƒewo kple Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe siaa.

^ mm. 7 Ne míagblɔe tututu la, amesamala ƒe kpeɖeŋutɔ la bia be woate fli ɖe nyametsotsoa me, eye Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe Ʋɔnudrɔ̃ha Si Kpɔa Dukɔmevinyawo Gbɔ tso nya me le nya sia ŋu.