Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Ame Aɖe Kpɔ Mawu Kpɔa?

Ðe Ame Aɖe Kpɔ Mawu Kpɔa?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Amegbetɔ aɖeke mekpɔ Mawu ŋkume-kple-ŋkume kpɔ o. (2 Mose 33:20; Yohanes 1:18; 1 Yohanes 4:12) Biblia gblɔ be “Mawu nye Gbɔgbɔ,” si fia agbe ƒomevi aɖe si amegbetɔ ƒe ŋku mate ŋu akpɔ o.​—Yohanes 4:24; 1 Timoteo 1:17.

 Ke hã mawudɔlawo tea ŋu kpɔa Mawu ŋkume-kple-ŋkume elabena gbɔgbɔe woawo hã wonye. (Mateo 18:10) Gawu la, woafɔ ame siwo ku la dometɔ aɖewo be woayi dziƒo eye gbɔgbɔŋutilã asu wo si, eye woate ŋu akpɔ Mawu ŋkume-kple-ŋkume.​—Filipitɔwo 3:20, 21; 1 Yohanes 3:2.

Mɔ si nu nàte ŋu akpɔ Mawu le egbea

 Biblia zã nya nukpɔkpɔ tsɔ wɔa kpɔɖeŋu na nugɔmesese. (Yesaya 6:10; Yeremiya 5:21; Yohanes 9:39-41) Le gɔmesese sia nu la, amegbetɔwo ate ŋu akpɔ Mawu fifia kple woƒe “dzi me ŋkuwo” ne xɔse le wo si eye wonya eya amea hekpɔa ŋudzedze ɖe eƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. (Efesotɔwo 1:18) Biblia gblɔ nu siwo wòle be míawɔ be xɔse sia ƒomevi nasu mía si la na mí.

  •   Srɔ̃ nu tso Mawu ƒe nɔnɔmewo abe lɔlɔ̃, dɔmenyo, nunya kple ŋusẽ ene ŋu to eƒe asinudɔwɔwɔwo dzi. (Romatɔwo 1:20) Esi wohe nuteƒewɔla Hiob ƒe susu yi Mawu ƒe asinudɔwɔwɔwo dzi la, ese le eɖokui me abe ɖe Mawu le eŋkume ŋutɔŋutɔ ene.​—Hiob 42:5.

  •   Àte ŋu anya Mawu to Biblia-sɔsrɔ̃ me. Biblia na kakaɖedzi mí be: “Ne [èdi Mawu] la, ekema ana nàke ɖe eŋu.”​—1 Kronika 28:9; Psalmo 119:2; Yohanes 17:3.

  •   Àte ŋu asrɔ̃ nu tso Mawu ŋu to nusɔsrɔ̃ tso Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋu me. Esi wònye be Yesu ɖe Fofoa ƒe nɔnɔmewo fia bliboe ta la, Yesu te ŋu gblɔ wòsɔ be: “Ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.”​—Yohanes 14:9.

  •   Nɔ nu siwo ana wò nu nadze Mawu ŋu la wɔm, eye àkpɔ ale si wòakpe ɖe ŋuwòe. Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo dza le dzi me, elabena woakpɔ Mawu.” Abe ale si míegblɔe va yi ene la, woafɔ ame siwo ƒe nuwɔna dze Mawu ŋu la dometɔ aɖewo woayi dziƒo, eye “woakpɔ Mawu” le afi ma.​—Mateo 5:8; Psalmo 11:7.

Ðe Mose, Abraham kple ame bubuwo mekpɔ Mawu ŋkume-kple-ŋkume oa?

 Le Biblia me nudzɔdzɔ siwo me wòdze le abe ɖe amegbetɔwo kpɔ Mawu ŋutɔŋutɔ ene la, nya siwo ƒo xlã nya mawo ɖee fia be mawudɔla aɖe si le Mawu teƒee wokpɔ loo alo eɖe eɖokui fia wo le ŋutega me.

 Mawudɔlawo.

Le blema la, Mawu dɔa mawudɔlawo wonyea eteƒenɔlawo dzena na amegbetɔwo eye woƒoa nu le eƒe ŋkɔ me. (Psalmo 103:20) Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒo nu na Mose gbe ɖeka le ŋuve aɖe si nɔ bibim me, eye Biblia gblɔ be: “Mose ɣla eƒe ŋkume, elabena ele vɔvɔ̃m na Mawu vavã la kpɔkpɔ.” (2 Mose 3:4, 6) Mose mekpɔ Mawu ŋutɔŋutɔ o, elabe nya siwo ƒo xlã nya ma ɖee fia be “Yehowa ƒe dɔla” ye wòkpɔ.​—2 Mose 3:2.

 Nenema kee esi Biblia gblɔ be Mawu “ƒoa nu kple Mose ŋkume kple ŋkume” la, efia be Mawu ɖoa dze kple Mose abe exɔlɔ̃a ene. (2 Mose 4:10, 11; 33:11) Mose mekpɔ Mawu kple ŋku ŋutɔŋutɔ o elabena exɔ gbedeasi la “to mawudɔlawo dzi.” (Galatiatɔwo 3:19; Dɔwɔwɔwo 7:53) Ke hã, Mose xɔ Mawu dzi se ale gbegbe be Biblia gblɔ tso eŋu be ɖeko wòle abe ɖe wònɔ “Ame si womekpɔna o la kpɔm” ene.​—Hebritɔwo 11:27.

 Mawu ƒo nu na Abraham hã to mawudɔla aɖe dzi abe ale si ko wòwɔ le Mose gome ene. Enye nyateƒe be ne mède ŋugble tso Biblia ƒe akpa sia ŋu nyuie o la, àsusui be ɖe Abraham kpɔ Mawu ŋutɔŋutɔ. (1 Mose 18:1, 33) Ke hã, nya siwo ƒo xlã kpukpui siawo ɖee fia be mawudɔla siwo Mawu dɔe “ŋutsu etɔ̃” siwo wòkpɔ la nye. Abraham kpɔe dze sii be Mawu teƒenɔlawo wonye, eya ta wònɔ nu ƒom na wo abe Yehowa ŋutɔe wònɔ nyaa gblɔm na tẽe ene.​—1 Mose 18:2, 3, 22, 32; 19:1.

 Ŋutegawo.

Mawu ɖe eɖokui fia amegbetɔwo le ŋutegawo hã me. Le kpɔɖeŋu me, esi Biblia gblɔ be Mose kple Israel-vi bubuwo “wokpɔ Israel ƒe Mawu la” la, nu si dzɔ ŋutɔŋutɔe nye be “wokpɔ Mawu vavã la le ŋutega me.” (2 Mose 24:9-11) Nenema kee Biblia gblɔna ɣeaɖewoɣi be nyagblɔɖilawo ‘kpɔ Yehowa.’ (Yesaya 6:1; Daniel 7:9; Amos 9:1) Le go siawo dometɔ ɖe sia ɖe me la, nya siwo ƒo xlã kpukpui mawo ɖenɛ fiana be ŋutega mee wokpɔ Mawu le, ke womekpɔ Mawu ŋkume-kple-ŋkume o.​—Yesaya 1:1; Daniel 7:2; Amos 1:1.