1 Mose 18:1-33

  • Mawudɔla etɔ̃ va Abraham gbɔ (1-8)

  • Wodo viŋutsuvi ŋugbe na Sara; eko nu (9-15)

  • Abraham ɖe kuku ɖe Sodom ta (16-33)

18  Emegbe Yehowa+ ɖe eɖokui fiae esi wòbɔbɔ nɔ eƒe agbadɔ nu le Mamre+ ƒe ati gãwo te, le ŋdɔkutsu dzatsɛ.  Esi wòfɔ mo dzi la, ekpɔ ŋutsu etɔ̃ le tsitre ɖe adzɔge vie tso egbɔ.+ Esi wòkpɔ wo la, eƒu du tso agbadɔ la nu yi ɖakpe wo, eye wòbɔbɔ tsyɔ mo anyi.  Eye wògblɔ be: “Yehowa, ne ève nunye la, ekema meɖe kuku, mègato wò subɔla ŋu yi o.  Meɖe kuku, na woaku tsi vi aɖe vɛ ne woaklɔ afɔ na mi.+ Emegbe miaɖi ɖe eme vie le atia te.  Esi mieva to miaƒe subɔla gbɔ ta la, matsɔ abolo vi aɖe vɛ na mi miaɖu wòado ŋusẽ mi.* Emegbe miate ŋu ayi miaƒe mɔzɔzɔa dzi.” Ale wogblɔ be: “Enyo. Wɔ abe ale si nègblɔ ene.”  Eya ta Abraham wɔ kaba yi agbadɔ la me le Sara gbɔ gblɔ nɛ be: “Netsɔ! Ku wɔ memee seya etɔ̃, blui eye nàtsɔe amè aboloe.”  Emegbe Abraham ƒu du yi nyiwo dome, eye wòlé nyitsui nyui aɖe. Etsɔe na subɔvi la, eye wòwɔ kaba yi ɖatrɔ asi le eŋu.  Eye wòtsɔ notsi kpekẽ kple notsi tsrolo kpakple nyitsui si ŋu wòtrɔ asi le la ɖo wo kɔme. Ke etɔ ɖe wo gbɔ le atia te esi wonɔ nua ɖum.+  Eye wobiae be: “Afi kae srɔ̃wò Sara le?”+ Eɖo eŋu be: “Ele agbadɔa me le afii.” 10  Eye wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Magatrɔ ava gbɔwò le ƒe si gbɔna ƒe ɣealewoɣi, eye kpɔ ɖa, viŋutsuvi anɔ srɔ̃wò Sara si.”+ Ke Sara le agbadɔ si le ŋutsua megbe la nu nɔ to ɖom. 11  Abraham kple Sara tsi xɔ ƒe geɖe.+ Sara tsi gbɔ vidzidzi ŋu.*+ 12  Eya ta Sara ko nu le dzi me gblɔ be: “Esi wɔna vɔ le ŋunye, eye nye aƒetɔ hã tsi ku amegã ɖe, ɖe magate ŋu akpɔ dzidzɔ sia nyateƒea?”+ 13  Eye Yehowa gblɔ na Abraham be: “Nu ka tae Sara ko nu gblɔ be, ‘Esi metsi alea ɖe, nyateƒe ŋutɔŋutɔ wònye be madzi via?’ 14  Ðe nane sesẽ na Yehowaa?+ Magatrɔ ava gbɔwò le ƒe si gbɔna ƒe ɣealewoɣi, eye viŋutsuvi anɔ Sara si.” 15  Ke Sara sẽ nu gblɔ be: “Nyemeko nu o lo!” elabena ele vɔvɔ̃m. Ke egblɔ be: “Ao! Èko nu.” 16  Esime ŋutsuawo tso le afi ma dze mɔ, eye wole Sodom+ kpɔm le abu me ɖaa la, Abraham zɔ kpli wo be yeaɖo wo ɖa. 17  Yehowa gblɔ be: “Ðe maɣla nu si wɔ ge mala la ɖe Abraham mahã?+ 18  Kpɔ ɖa, Abraham ava zu dukɔ gã sẽŋu aɖe, eye woayra anyigbadzidukɔwo katã to edzi.*+ 19  Elabena meva nya eya amea nyuie be ade se na viawo kple eƒemetɔ siwo ava ɖe eyome, be woayi edzi anɔ Yehowa ƒe mɔ dzi, ne woawɔ nu dzɔdzɔe kple nu si le eteƒe;+ ale be Yehowa nana nya si wògblɔ ku ɖe Abraham ŋu la nava eme.” 20  Eye Yehowa gblɔ be: “Konyifaɣli si le ɖiɖim ɖe Sodom kple Gomora ta la nu sẽ,+ eye woƒe nu vɔ̃ la kpe ŋutɔ.+ 21  Maɖi ayi be makpɔe ɖa be ɣli si le ɖiɖim le wo ta la le eme hã, eye ne mele nenema o la, ne manya.”+ 22  Azɔ ŋutsuawo dzo le afi ma heɖo ta Sodom; gake Yehowa+ tsi Abraham gbɔ. 23  Eye Abraham te ɖe eŋu gblɔ be: “Ðe nàtsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋua?+ 24  Tsɔe be ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le dua me; ɖe nàtsrɔ̃ woa, eye màtsɔ ake teƒe sia le ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ siwo le eme la ta oa? 25  Meka ɖe edzi be màwɔ nu ma, awu ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa, ale be wòanɔ na ame dzɔdzɔe abe ale si wòanɔ na ame vɔ̃ɖi ene gbeɖe o!+ Màwɔ esia akpɔ o.+ Ðe anyigba blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la la mawɔ nu dzɔdzɔe oa?”+ 26  Eye Yehowa gblɔ be: “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le Sodom dua me la, matsɔe ake teƒe blibo la le wo ta.” 27  Ke Abraham gblɔ be: “Meɖe kuku, togbɔ be anyi kple afi menye hã, meɖoe ɖokuinye dzi be maƒo nu kple Yehowa. 28  Tsɔe be ame atɔ̃ to le ame dzɔdzɔe blaatɔ̃a me. Ðe nàxa ɖe ame atɔ̃ la ta atsrɔ̃ dua?” Eɖo eŋu be: “Ne mekpɔ ame blaene vɔ atɔ̃ le eme la, nyematsrɔ̃e o.”+ 29  Ke egagblɔ nɛ be: “Tsɔe be wokpɔ ame blaene le eme.” Eɖo eŋu be: “Nyematsrɔ̃e o le ame blaene la ta.” 30  Ke eyi edzi be: “Yehowa, meɖe kuku mègabi dzi o,+ na magaƒo nu ake: Tsɔe be wokpɔ ame blaetɔ̃ ko le eme.” Eɖo eŋu be: “Ne makpɔ ame blaetɔ̃ le eme la, nyematsrɔ̃e o.” 31  Ke egayi edzi be: “Meɖe kuku, meɖoe ɖokuinye dzi be maƒo nu kple Yehowa: Tsɔe be wokpɔ ame blaeve ko le eme.” Eɖo eŋu be: “Nyematsrɔ̃e o le ame blaeve la ta.” 32  Mlɔeba egblɔ be: “Yehowa, meɖe kuku mègabi dzi o lo, na magaƒo nu zi ɖeka pɛ sia ko: Tsɔe be wokpɔ ame ewo pɛ ko le eme.” Eɖo eŋu be: “Nyematsrɔ̃e o le ame ewo la ta.” 33  Esi Yehowa ƒo nu kple Abraham vɔ la, edzo,+ eye Abraham trɔ yi enɔƒe.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “wòado ŋusẽ miaƒe dzi.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Sara dzudzɔ asiɖoɖo anyi.”
Alo, “anyigbadziƒomeawo axɔ yayra.”