1 Mose 10:1-32

  • Dukɔ vovovowo (1-32)

    • Yafet ƒe dzidzimeviwo (2-5)

    • Ham ƒe dzidzimeviwo (6-20)

      • Nimrod tsi tsitre ɖe Yehowa ŋu (8-12)

    • Sem ƒe dzidzimeviwo (21-31)

10  Noa viŋutsuwo, Sem,+ Ham kple Yafet, ƒe ŋutinyae nye esi. Wodzi viwo na wo le Tsiɖɔɖɔ la megbe.+  Yafet viwoe nye Gomer,+ Magog,+ Madai, Yavan, Tubal,+ Mesek+ kple Tiras.+  Gomer viwoe nye Askenaz,+ Rifat kple Togarma.+  Yavan viwoe nye Elisa,+ Tarsis,+ Kitim+ kple Dodanim.  Ame siawo mee ƒukpowo dzi nɔlawo dzɔ tso hekaka ɖe woƒe anyigbawo dzi, le woƒe gbegbɔgblɔwo nu, le woƒe ƒomewo nu, le woƒe dukɔwo nu.  Ham viwoe nye Kus, Mizrayim,+ Put+ kple Kanaan.+  Kus viwoe nye Seba,+ Havila, Sabta, Raama+ kple Sabteka. Raama viwoe nye Seba kple Dedan.  Kus dzi Nimrod. Eyae nye ame gbãtɔ si va zu ŋusẽtɔ gã aɖe le anyigba la dzi.  Eva zu adela kalẽtɔ si tsi tsitre ɖe Yehowa ŋu. Esia tae wogblɔna be: “Abe Nimrod, adela kalẽtɔ si tsi tsitre ɖe Yehowa ŋu ene.” 10  Du siwo wòtsɔ dze eƒe fiaɖuƒea gɔmee nye* Babel,+ Erek,+ Akad kple Kalne, le Sinar-nyigba dzi.+ 11  Etso anyigba ma dzi yi Asiria,+ eye wòtso Niniwe,+ Rehobot-Ir, Kala 12  kple Resen, le Niniwe kple Kala dome: Esiae nye du gã la.* 13  Mizrayim dzi Ludim,+ Anamim, Lehabim, Naftuhim,+ 14  Patrusim,+ Kasluhim (ame si me Filistitɔwo+ dzɔ tso) kple Kaftorim.+ 15  Kanaan dzi Sidon,+ si nye eƒe ŋgɔgbevi, kple Het+ 16  kpakple Yebusitɔwo,+ Amoritɔwo,+ Girgasitɔwo, 17  Hivitɔwo,+ Arkitɔwo, Sinitɔwo, 18  Arvadtɔwo,+ Zemaritɔwo kple Hamattɔwo.+ Emegbe Kanaantɔwo ƒe ƒomewo va kaka. 19  Ale Kanaantɔwo ƒe liƒo tso Sidon va ɖo keke Gerar+ ke, afi si gogo Gaza,+ eye wòɖo keke Sodom kple Gomora+ kple Adma kpakple Zeboyim+ ke, afi si gogo Lasa. 20  Ame siawoe nye Ham viwo le woƒe ƒomewo nu, le woƒe gbegbɔgblɔwo nu, le woƒe anyigbawo kple woƒe dukɔwo nu. 21  Wodzi viwo na Sem hã, ame si nye Eber viwo+ katã tɔgbui, si nɔvi tsitsitɔe nye Yafet.* 22  Sem viwoe nye Elam,+ Asur,+ Arpaksad,+ Lud kple Aram.+ 23  Aram viwoe nye Uz, Hul, Geter kple Mas. 24  Arpaksad dzi Sela,+ eye Sela dzi Eber. 25  Wodzi ŋutsuvi eve na Eber. Ðeka ŋkɔe nye Peleg,*+ elabena eŋɔlie anyigba la ma.* Nɔvia ŋkɔe nye Yoktan.+ 26  Yoktan dzi Almodad, Selef, Hazarmavet, Yera,+ 27  Hadoram, Uzal, Dikla, 28  Obal, Abimael, Seba, 29  Ofir,+ Havila kple Yobab; ame siawo katã nye Yoktan viwo. 30  Woƒe nɔƒewo keke ɖe enu tso Mesa va ɖo keke Sefar, si nye Ɣedzeƒetonuto la me ke. 31  Ame siawoe nye Sem viwo le woƒe ƒomewo nu, le woƒe gbegbɔgblɔwo nu, le woƒe anyigbawo kple woƒe dukɔwo nu.+ 32  Ame siawoe nye Noa viŋutsuwo ƒe ƒomewo le woƒe ƒomeawo ƒe dzidzime kple woƒe dukɔwo nu. Ame siawo mee dukɔwo dzɔ tso kaka ɖe anyigba la dzi le Tsiɖɔɖɔ la megbe.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo “Eƒe fiaɖuƒea ƒe du gbãtɔwoe nye.”
Agate ŋu afia, “Woawoe ƒo ƒu wɔ du gã la.”
Agate ŋu afia, “Yafet nɔviŋutsu tsitsitɔ.”
Egɔmee nye “Mama.”
Alo, “anyigbadzinɔlawo dome ma.”