1 Mose 19:1-38

  • Mawudɔlawo va Lot gbɔ (1-11)

  • Woƒoe ɖe Lot kple eƒe ƒomea nu be woadzo (12-22)

  • Wotsrɔ̃ Sodom kple Gomora (23-29)

    • Lot srɔ̃ zu dzekɔ (26)

  • Lot kple vianyɔnuwo (30-38)

    • Ale si Moab kple Amon wɔ va dzɔ (37, 38)

19  Mawudɔla eveawo va ɖo Sodom le fiẽ me, eye Lot bɔbɔ nɔ Sodom dua ƒe agbo nu. Esi Lot kpɔ wo la, etso be yeaɖakpe wo, eye wòbɔbɔ tsyɔ mo anyi.+  Eye wògblɔ be: “Meɖe kuku, nye aƒetɔwo, miva dze miaƒe subɔla ƒe aƒe me ne miatsi adɔ, eye woaklɔ afɔ na mi. Ne miafɔ ŋdi kanya ayi miaƒe mɔzɔzɔa dzi.” Ke woɖo eŋu be: “Ao, míatsi ablɔ dzi boŋ adɔ.”  Ke eƒoe ɖe wo nu vevie va se ɖe esime woyi eƒe aƒe me. Eye wòtsɔ amɔwɔ maʋamaʋã mè abolo tsɔ ɖo kplɔ̃ na wo, eye woɖu nu.  Ke womekpɔ mlɔ anyi hafi dua me ŋutsuwo, Sodom ŋutsuwo katã, lɔ hoo va ƒo xlã aƒea, tso ŋutsuviwo dzi va se ɖe amegãɖeɖiwo dzi o.  Eye wonɔ Lot yɔm kple ɣli nɔ gbɔgblɔm be: “Afi kae ŋutsu siwo va gbɔwò zã sia la le? Kplɔ wo do goe na mí, ne míadɔ kpli wo.”+  Mlɔeba Lot do go yi wo gbɔ le mɔa nu, eye wòdo ʋɔa.  Eye wògblɔ na wo be: “Meɖe kuku na mi, nɔvinyewo, migawɔ nu vɔ̃ɖi sia o.  Meɖe kuku, mikpɔ ɖa, vinyɔnu eve le asinye, siwo medɔ kple ŋutsu kpɔ o. Meɖe kuku, makplɔ wo vɛ na mi ne miawɔ nu si dze mia ŋu la ɖe wo ŋu. Ðeko migawɔ naneke ŋutsu siawo ya o, elabena esia tae mena wova dze aƒenyeme ɖo.”*+  Ke wogblɔ nɛ be: “Te ɖa le afi sia!” Eye wogagblɔ be: “Wò amedzro ɖeka hɔ̃ sia si va tsi afi sia, mɔ ka nèkpɔ adrɔ̃ ʋɔnu mí! Azɔ míatu nu kpli wò wu woawo.” Eye wolũ ɖe Lot dzi bibibi be yewoagbã ʋɔa. 10  Eya ta ŋutsuawo do asi ɖa he Lot va wo ɖokui gbɔ le aƒea me, eye wodo ʋɔa. 11  Ke wona ŋutsu siwo le ʋɔtrua nu la ƒe ŋkuwo tsi, tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi, ale be wodi mɔa nu ʋuu keke ɖeɖi koe te wo ŋu. 12  Eye ŋutsuawo gblɔ na Lot be: “Ame aɖe gale asiwò le afi sia? Kplɔ towòyɔviwo, viwòŋutsuwo, viwònyɔnuwo kple ame siwo katã nye tɔwò le dua me la doe le teƒe sia! 13  Míele teƒe sia tsrɔ̃ ge, elabena konyifaɣli si le ɖiɖim ɖe wo ta la nu sẽ le Yehowa ŋkume,+ eya ta Yehowa dɔ mí be míava tsrɔ̃ dua.” 14  Ale Lot do go yi, eye wòƒo nu na toyɔviawo, ame siwo gbɔna vianyɔnuawo ɖe ge la, nɔ gbɔgblɔm be: “Mitso! Mido go le teƒe sia, elabena Yehowa le dua tsrɔ̃ ge!” Ke ɖeko toyɔviawo bui fefenyae.+ 15  Esi agu le dzedzem la, mawudɔlaawo ƒoe ɖe Lot nu vevie be: “Tso! Kplɔ srɔ̃wò kple viwònyɔnu eve siwo le afi sia kpli wò, ne woagatsrɔ̃ mi le dua ƒe vodada ta o!”+ 16  Esi wòle hehem ɖe megbe la, Yehowa ve enu+ ale be ŋutsuawo lé eya kple srɔ̃a kpakple vianyɔnu eveawo ƒe alɔnu hekplɔ wo yi dua godo.+ 17  Esi wokplɔ wo do goe teti la, wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Wò afɔ netsɔ nàɖe wò agbe!* Mègakpɔ megbe o,+ eye mègatɔ ɖe afi aɖeke le nuto bliboa katã me o!+ Si yi tonuto la me, ne woagatsrɔ̃ wò o!” 18  Lot gblɔ na wo be: “Yehowa, meɖe kuku, meganye afi ma o! 19  Meɖe kuku, ève wò subɔla nu, eye ènyo dɔme nam* geɖe be nèxɔm* ɖe agbe.+ Gake nyemate ŋu asi ayi tonuto la me o, elabena mele vɔvɔ̃m be vɔ̃ ava tum eye maku.+ 20  Meɖe kuku, du sia tsɔ ɖe gbɔnye, na masi ayi afi ma; eye du sue aɖe ko wònye. Meɖe kuku, àɖe mɔ nam be masi ayi afi ma? Du sue aɖe ko wònye. Ne matsi agbe.” 21  Eye wògblɔ nɛ be: “Enyo! Maɖo to wò le esia hã me,+ be nyematsrɔ̃ du si ŋu nèƒo nu le la o.+ 22  Wɔ kaba! Si yi afi ma, elabena nyemawɔ naneke o va se ɖe esime nèɖo afi ma hafi!”+ Esia tae wòtsɔ ŋkɔ na dua be Zoar.+ 23  Ɣe dze esime Lot ɖo Zoar. 24  Azɔ Yehowa na dzokpe kple dzo dza tso dziƒo,+ tso Yehowa gbɔ, ɖe Sodom kple Gomora dzi. 25  Ale wòtsrɔ̃ du siawo, ɛ̃, nuto blibo la, kple ame siwo katã le duawo me kpakple nu miemie siwo katã le anyigba la dzi.+ 26  Ke srɔ̃a si nɔ eyome la, nyè kɔ kpɔ megbe, eye wòtrɔ zu dzekɔ.+ 27  Abraham fɔ ŋdi kanya yi teƒe si wòtsi tre ɖe Yehowa ŋkume le tsã la.+ 28  Eye wòkpɔ Sodom kple Gomora kpakple nuto blibo la godoo le abu me ɖaa, eye wòkpɔ be nane le dzɔdzɔm. Kpɔ ɖa, dzudzɔ babla kɔtɔɔ le dzi dem tso anyigba la dzi abe kpodzo me dzudzɔ babla ene!+ 29  Esi Mawu tsrɔ̃ du siwo le nutoa me la, Mawu ɖo ŋku Abraham dzi, eye wòɖe Lot do goe le du si me wònɔ la me esi wòtrɔ dua bu anyi.+ 30  Emegbe Lot ʋu le Zoar, eye eya kple vianyɔnu eveawo yi ɖanɔ tonuto la me,+ elabena ele Zoar+ nɔnɔ vɔ̃m. Eya ta eya kple vianyɔnu eveawo yi ɖanɔ agado aɖe me. 31  Eye via tsitsitɔ gblɔ na ɖevitɔ be: “Mía fofo tsi, eye ŋutsu aɖeke mele anyigba sia dzi aɖe mí abe ale si wòle kɔnua nu le anyigba bliboa katã dzi ene o. 32  Va míana wain mía fofo wòano, eye míamlɔ egbɔ, ne míana dzidzimeviwo nanɔ mía fofo si.” 33  Ale wona wain geɖe wo fofo wòno zã ma; eye tsitsitɔa yi ɖamlɔ fofoa gbɔ, ke fofoa menya ɣeyiɣi si me wòva mlɔ egbɔ kple ɣeyiɣi si me wòfɔ dzo o. 34  Esi ŋu ke la, tsitsitɔ gblɔ na ɖevitɔ la be: “Kpɔ ɖa, memlɔ fofonye gbɔ le zã si va yi me. Na míagana wain mía fofo wòano zã sia hã. Ekema wò hã nàyi aɖamlɔ egbɔ, ne míana dzidzimeviwo nanɔ mía fofo si.” 35  Ale wona wain geɖe wo fofo wòno le zã ma hã me; eye ɖevitɔ la yi ɖamlɔ egbɔ, ke menya ɣeyiɣi si me wòva mlɔ egbɔ kple ɣeyiɣi si me wòfɔ dzo o. 36  Ale Lot vinyɔnu eveawo siaa fɔ fu na wo fofo. 37  Emegbe tsitsitɔa dzi ŋutsuvi, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Moab.+ Eyae nye Moabtɔwo fofo va se ɖe egbe sia.+ 38  Ke ɖevitɔ hã dzi ŋutsuvi, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Ben-Ami. Eyae nye Amonitɔwo+ fofo va se ɖe egbe sia.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “esia tae mena wova le nye aƒe ƒe vɔvɔli te ɖo.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “nèxɔ nye luʋɔ.”
Alo, “eye nèɖe lɔlɔ̃ vavã fiam.”