Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ŋusẽ Dzro Aɖe Koe Mawu Nyea?

Ŋusẽ Dzro Aɖe Koe Mawu Nyea?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Mawu zãa ŋusẽ si ƒo ɖe sia ɖe ta le xexea me godoo. Esi Biblia nɔ nu ƒom tso ale si Mawu wɔ ɣletivi gbogbo manyaxlẽ miliɔn akpe geɖewo ŋu la, egblɔ be: “Mifɔ mo dzi, ne miakpɔ nu! Ame ka wɔ nu siawo, eye wòkplɔa eŋu nuwo doa goe dedie? Eyɔa wo katã ŋkɔ, eye wo dometɔ aɖeke mesusɔna o le eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la nu.”—Yesaya 40:25, 26.

 Gake menye ŋusẽ dzro aɖe koe Mawu nye o. Biblia gblɔ be seselelãmewo, abe lɔlɔ̃ kple fuléle ene, le esi. (Psalmo 11:5; Yohanes 3:16) Biblia ɖee fia hã be ale si amegbetɔwo nɔa agbee la ate ŋu ana Mawu nakpɔ dzidzɔ alo ado dziku.—Psalmo 78:40, 41.