Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Mawu Fiaɖuƒea le dzi ɖum la, “dzi adzɔ [amewo] geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:11

Nya Kae Biblia Gblɔ?

Nya Kae Biblia Gblɔ?

Ðe Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖu dzimaɖitsitsi dzia?

Ðe nàgblɔ be

  • Ɛ̃

  • Ao

  • Nyemenya oa?

Nya si Biblia gblɔ

‘Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe Mawu dzi, elabena eléa be na mi.’ (1 Petro 5:7) Biblia ka ɖe edzi na mí be Mawu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ gbɔdzɔe tso dzimaɖitsitsiwo me.

Nu bubu kae míate ŋu asrɔ̃ le Biblia me?

  • Gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be “Mawu ƒe ŋutifafa” nana nàɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ.—Filipitɔwo 4:6, 7.

  • Azɔ hã, Mawu ƒe Nyaa xexlẽ akpe ɖe ŋuwò nàɖe nuteɖeamedzi dzi akpɔtɔ.—Mateo 11:28-30.

Ðe dzimaɖitsitsiwo nu ava yia?

Ame aɖewo xɔe se be . . .  dzimaɖitsitsiwo kple nuteɖeamedziwo anɔ amegbetɔwo dome ɖaa, eye ame bubuwo hã xɔe se be ku megbe ko hafi míavo tso dzimaɖitsitsiwo me. Nu kae nèsusu?

Nya si Biblia gblɔ

Mawu aɖe nu siwo hea dzimaɖitsitsi vɛ la ɖa. “Ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:4.

Nu bubu kae míate ŋu asrɔ̃ le Biblia me?