Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | AGBE KPLE KU—NYA KAE BIBLIA GBLƆ TSO EŊU?

Nya Si Biblia Gblɔ Tso Agbe Kple Ku Ŋu

Nya Si Biblia Gblɔ Tso Agbe Kple Ku Ŋu

Nuwɔwɔwo ŋutinya si le Biblia-gbalẽ si nye Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me na míenya be Mawu gblɔ na ŋutsu gbãtɔ Adam be: “Àte ŋu aɖu abɔmetiawo katã faa. Ke sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia ya la, mègaɖu eƒe tsetse aɖeke o, elabena gbe si gbe nàɖu eƒe ɖe la, ku kee nàku.” (1 Mose 2:16, 17) Nya ma fia kpuie ko be ne ɖe Adam ɖo to Mawu la, anye ne meku o, ke boŋ ayi edzi anɔ agbe le Eden-bɔa me.

Nublanuitɔe la, le esi Adam natiae be yeaɖo to ne yeanɔ agbe tegbee teƒe la, etiae boŋ be yeaŋe aɖaba ƒu Mawu ƒe sededea dzi eye wòɖu ati si ŋu wode se ɖo, si srɔ̃a Xawa tsɔ nɛ la. (1 Mose 3:1-6) Eƒe tomaɖomaɖoa me tsonuwo gale nu gblẽm le mía ŋu kokoko. Apostolo Paulo ɖe eme ale: “To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti.” (Romatɔwo 5:12) “Ame ɖeka” mae nye Adam. Gake nu vɔ̃ kae wòwɔ, eye nu ka tae wòhe ku vɛ?

Nu si Adam wɔ, si nye ale si wòɖoe koŋ gbe toɖoɖo Mawu alo da eƒe sea dzi la, nye nu vɔ̃. (1 Yohanes 3:4) Eye nu vɔ̃ ƒe tohehee nye ku, abe ale si Mawu gblɔe na Adam ene. Ne ɖe Adam kple vi siwo wòava dzi ayi edzi aɖo to Mawu la, anye ne nu vɔ̃ manɔ wo ŋu o eye womaku akpɔ o. Mawu mewɔ amegbetɔwo be woaku o, ke boŋ ewɔ wo be woanɔ agbe tegbee.

Ðikeke mele eme o be “ku la kaka ɖe amewo katã dome,” abe ale si Biblia gblɔe ene. Gake ɖe amegbetɔ ƒe akpa aɖe gayia edzi nɔa agbe le ku megbea? Ame geɖe gblɔna be ɛ̃ míaƒe akpa aɖe, si woyɔna be luʋɔ, mekuna o. Ke hã esia afia be Mawu da alakpa na Adam. Le mɔ ka nu? Elabe ne míaƒe akpa aɖe yia edzi nɔa agbe le teƒe bubu aɖe le ku megbea, ke efia be ku menye nu vɔ̃ ƒe tohehe abe ale si Mawu gblɔe ene o. Biblia gblɔ be: ‘Mawu mate ŋu aka aʋatso o.’ (Hebritɔwo 6:18) Nya lae nye be Satana ye da alakpa na Xawa be: “Miele kuku ge akpɔ o.”—1 Mose 3:4.

Biabia lae nye be, Ne luʋɔ makumaku ƒe nufiafia nye alakpaa, ke nu kae dzɔna ɖe ame dzi ne eku?

BIBLIA ÐO NYAA ŊU EME KƆ

Nuwɔwɔwo ŋutinya si le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me gblɔ be: “Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me, eye ame la zu ame gbagbe.” Woɖe nya si nye “ame gbagbe” tso Hebrigbe me nya ne’phesh * me, eye ne woaɖe egɔme tẽe la, efia, “nu si gbɔna.”—1 Mose 2:7, etenuŋɔŋlɔ.

Eya ta Biblia na eme kɔ be womewɔ luʋɔ si mekuna o de amegbetɔwo me o. Ke boŋ amegbetɔ ɖe sia ɖe nye “ame gbagbe.” Esia ta ne ètsa le Biblia me ʋuu hã la, màkpɔ nyagbɔgblɔ “luʋɔ makumaku” le afi aɖeke o.

Esi wònye be Biblia megblɔ be luʋɔ si mekuna o le amegbetɔwo me o ɖe, ke nu ka tae subɔsubɔha geɖewo fiaa nu be luʋɔ mekuna o? Ŋuɖoɖoa kplɔ mí yi blema Egipte ke.

ALAKPANUFIAFIAWO VA BƆ

Helatɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla Herodotus si nɔ anyi le ƒe alafa atɔ̃lia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me gblɔ be Egiptetɔwoe nye “ame gbãtɔ siwo te tɔ ɖe edzi be luʋɔ mekuna o.” Blema Babilontɔwo hã xɔe se be luʋɔ mekuna o. Kaka Aleksanda Gãtɔ naxɔ Titina Ɣedzeƒe nutowo le 332 D.Y. la, Helatɔ siwo nye xexemenunyalawo na nufiafia sia kaka, eye eteƒe medidi o eɖo Hela Fiaɖuƒea katã me.

Màkpɔ nyagbɔgblɔ “luʋɔ makumaku” le Biblia ƒe afi aɖeke o

Le ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me la, Yudatɔwo ƒe kɔmama xɔŋkɔ eve siwo nye Essenitɔwo kple Farisitɔwo susu be luʋɔ la nɔa agbe le ame ƒe ku megbe. Yudatɔwo Ƒe Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Helatɔwo kple xexemenunyala Plato ƒe nufiafiawo koŋ gbɔe wòtso be Yudatɔwo va xɔ luʋɔ makumaku dzi se.” Nenema kee Yudatɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla Josephus si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me gblɔ be nufiafiaa metso Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me o, ke boŋ enye “Helatɔwo ƒe dzixɔse.” Eya bu dzixɔse ma be enye gliwo kple nyakpakpawo.

Esi Helatɔwo ƒe dzixɔsewo va le ta kekem la, ame siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye hã va xɔ alakpanufiafia sia dzi se. Le ŋutinyaŋlɔla Jona Lendering ƒe nya nu la, “Plato ƒe susu si nye be míaƒe luʋɔ nɔ teƒe nyui aɖe tsã gake fifia wòva le xexe si me fukpekpe le me na wòle bɔbɔe be wotsɔ Plato ƒe nufiafiawo tsaka Kristotɔwo tɔ.” Ale wòdzɔe be alakpanufiafia si nye luʋɔ makumaku va ge ɖe “Kristotɔwo” ƒe sɔlemehawo me eye wòva nye woƒe dzixɔse vevitɔ.

“NYATEƑE LA ANA ABLƆÐE MI”

Le ƒe alafa gbãtɔ me la, apostolo Paulo gblɔ nuxlɔ̃amenya sia be: “Nya si tso gbɔgbɔ me la gblɔe kɔtɛ be, le ɣeyiɣi siwo ava va me la, ame aɖewo ade megbe tso xɔse la gbɔ, eye woalé to ɖe beblegbɔgbɔwo ƒe nyawo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafiawo ŋu.” (1 Timoteo 4:1) Nya mawo nye nyateƒe egbea! Luʋɔ makumaku ƒe nufiafia nye “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafiawo” dometɔ ɖeka. Metso Biblia me o eye edzɔ tso blema alakpasubɔsubɔwo kple xexemenunyalawo ƒe nufiafiawo me.

Dzidzɔe wònye na mí be Yesu gblɔ be: “Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.” (Yohanes 8:32) Esi míeva nya Biblia me nyateƒea ta la, ena míevo tso nufiafia siwo medea bubu Mawu ŋu o kple nuwɔna siwo ame siwo le subɔsubɔha geɖe me dona ɖe ŋgɔ la me. Gawu la, nyateƒe si le Mawu ƒe Nyaa me na míevo tso kɔnuwo kple aʋatsodzixɔse siwo ku ɖe ku ŋu la si me.—Kpɔ aɖaka si nye “ Afi Kae Ame Kukuwo Le?

Mía Wɔlaa meɖoe be amegbetɔwo nanɔ agbe ƒe 70 alo 80 le anyigba dzi eye emegbe woava nɔ agbe tegbee le teƒe bubu aɖe o. Tameɖoɖo si nɔ esi le gɔmedzedzea me na amegbetɔwoe nye be woanɔ agbe tegbee le anyigba dzi afi sia eye woaɖo to ye. Tameɖoɖo sia ɖe ale si Mawu lɔ̃ amegbetɔwoe la fia eye ava eme godoo. (Malaki 3:6) Psalmowo ŋlɔla aɖe ka ɖe esia dzi na mí esi gbɔgbɔ ʋãe wògblɔ be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29.

 

^ mm. 9 Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo abe King James Version kple Catholic Douay Version, ɖe nya ne’phesh gɔme be “luʋɔ gbagbe,” eye Biblia siwo li fifia dometɔ geɖe ɖe eme be “nu gbagbe,” The New English Bible ɖe eme be “ame gbagbe,” New International Version kple The Jerusalem Bible; alo Today’s English Version ɖe eme kpuie ko be “le agbe.”