Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsri Nya Tɔamewo Zazã

Tsri Nya Tɔamewo Zazã

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Tsri Nya Tɔamewo Zazã

“Nu kema ke me yayra kple fiƒode doa go lena! Nɔvinyewo, medze bena, nusiawo nanɔ nenema o.”​—YAKOBO 3:10.

NUƑOƑO ƒe ŋutete nye nɔnɔme tɔxɛ siwo na míeto vovo tso lãwo gbɔ la dometɔ ɖeka. Nublanuitɔe la, ame aɖewo wɔa nunana sia ŋudɔ ɖe mɔ gbegblẽ nu. Dzugbewo, fiƒodeame, nya ƒaƒãwo, busunyawo, atsaƒoƒo madzetowo, kple ŋukpenanyawo gbɔgblɔ ate ŋu awɔ nuvevi ame—ɣeaɖewoɣi la, eƒe nuveviwɔame nu sẽna wu abi ŋutɔŋutɔ gɔ̃ hã xɔxɔ. Biblia gblɔ be: “Ame aɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene.”—Lododowo 12:18.

Ame geɖewo taa nu heƒoa fi dea ame zi geɖe. Sukutatɔwo le nyatakaka nam be sukuviwo ƒe nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ le dzidzim ɖe edzi. Gake ame aɖewo gblɔna be viɖe ate ŋu anɔ nya tɔamewo ŋu ne wozã wo tsɔ ɖe ame ƒe seselelãme fiae. Dunyaheheŋutinunyasrɔ̃la aɖe ŋlɔ bena: “Ne nya dzetowo mete ŋu ɖe wò seselelãmewo fia tututu o la, ke nya madzetowo zazã nye mɔnu sẽŋu aɖe si aɖe wo afia.” Aleae wòle be Kristotɔwo hã nabu nya tɔamewo zazãea? Nukae nye Mawu ƒe nukpɔsusu le eŋu?

Tsri Atsaƒoƒo Siwo Medze O

Menye egbeae nya madzetowo zazã to o. Ðe wòawɔ nuku na wò ne èse be amewo zãa nya madzetowo le apostoloawo ŋɔli, ƒe 2,000 kloe enye si va yia? Le kpɔɖeŋu me, edze abe Kolose-hamea me tɔ aɖewo zãa nya madzetowo ne dzi ku wo ene. Ðe woanya ɖonɛ koŋ zãa nya mawo tsɔ tua nu kple amewo alo tsɔ doa dziku na woe, wònyea ameawo ƒe agɔdzedze teƒeɖoɖo. Nenema kee ame geɖe zãa nya madzetowo egbea ne wodo dziku. Le esia ta la, lɛta si Paulo ŋlɔ na Kolosetɔwo sɔ ŋutɔ le míaƒe ŋkekea me. Paulo ŋlɔ bena: “Miɖe nusiawo katã, siwo nye: Dziku, dɔmedzoe, nu tovo wɔwɔ, busunyagbɔgblɔ, ŋukpenanyawo la ɖa tso miaƒe nu me.” (Kolosetɔwo 3:8) Edze ƒã be woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be woaƒo asa na dziku heliheli kpakple nya madzetowo, siwo kplɔa dziku ɖo zi geɖe la zazã.

Ele eme be ame geɖe zãa nya madzetowo, menye kple susu be yewoatsɔ atu nu kple amewo alo atsɔ agba dzi na woe o ya. Anye be zi geɖe la, amewo zãa nya madzetowo wònyea atsaƒoƒo ko. Esia na nya ƒaƒãwo va yɔ amewo ƒe gbesiagbe nyagbɔgblɔwo me fũ. Esesẽ na ame aɖewo gɔ̃ hã be woaɖo dze nya madzetowo mazãmazãe. Zi geɖe la, amewo zãa nya madzetowo gɔ̃ hã tsɔ doa nukokoe na amewoe. Gake ɖe wòle be míabu atsaƒoƒo mawo siwo medze o be naneke megblẽ le wo ŋu boo oa? Bu nya siwo gbɔna ŋu kpɔ.

Atsaƒoƒo siwo medze o la nye ŋukpenanya siwo amewo ɖona koŋ zãna tsɔ doa nukokoe na amewoe. Egbea la, atsaƒoƒo siwo medze o la ƒe akpa gãtɔ kuna ɖe gbɔdɔdɔnyawo ŋu. Eye amesiwo bua wo ɖokui bubumewoe la dometɔ geɖe kpɔa dzidzɔ ɖe nya siawo tɔgbe ŋu. (Romatɔwo 1:28-32) Ekema mewɔ nuku o be gbɔdɔdɔnuwɔna siwo le dzɔdzɔmenu kple esiwo mele dzɔdzɔmenu o siaa ŋue modzakaɖefefewɔlawo ƒoa nu le le woƒe fefewo me. Wozãa atsaƒoƒo siwo medze o la le sinimawo kple television kpakple radio dzi wɔna geɖewo me.

Biblia memia nu ɖe nya madzetowo zazã ƒe nya sia dzi o. Apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ na Kristotɔ siwo nɔ Efeso la be: ‘Ke ahasiwɔwɔ kple makɔmakɔnyenye katã alo ŋukeklẽ la womagayɔ eŋkɔ gɔ̃ hã le mia dome o, abe alesi wòdze ame kɔkɔewo ene, kple ŋukpenanu kple yakanyagbɔgblɔwo kple atsaƒoƒo, siwo medze o.’ (Efesotɔwo 5:3, 4) Edze kɔte be nya madzetowo nyɔa ŋu na Mawu, eɖanye susu ka tae wozãe ɖo o. Womenyo kura woazã o. Wonye nya siwo dea abi ame ŋu.

Nya Tɔame Siwo Medzea Mawu Ŋu O

Le nyateƒe me la, nya tɔamewo lɔ nya geɖe ɖe eme wu nya madzetowo ɖeɖeko. Dzugbewo, gbɔɖiamenyawo, fewuɖunyawo, kple ɖeklemiɖenya sesẽwo ate ŋu ade abi ame ŋu vevie. Ele eme be mí katã míedaa vo le nuƒoƒo me, vevietɔ esi gbɔɖiɖi ame kple ameŋugbegblẽ yia edzi ƒo xlã mí ta ya. (Yakobo 3:2) Ke hã, mele be Kristotɔ vavãwo nabu nya tɔamewo zazã nu tsɛ gbeɖe o. Biblia ɖee fia kɔte be Yehowa Mawu tsri nya ɖesiaɖe si dea abi ame ŋu.

Le kpɔɖeŋu me, le Biblia-gbalẽ si nye Fiawo ƒe Agbalẽ Evelia me la, míese nu tso ŋutsuvi aɖewo siwo nɔ fewu ɖum le nyagblɔɖila Elisa ŋu la ŋu. Nuŋlɔɖia gblɔ be ‘wote alɔme ɖeɖe le eŋu’ nɔ “gbɔgblɔm bena: Tabebetɔ, lia va, tabebetɔ, lia va!” Yehowa, amesi te ŋu kpɔ ɖevi siawo ƒe dzime hekpɔ gbɔɖiame ƒe tamesusu si nɔ wo si la metsɔ woƒe fewuɖuɖua nya tsɛe kura o. Nuŋlɔɖia gblɔ be Mawu wu ŋutsuvi 42 le nya tɔame siwo wogblɔ la ta.—Fiawo II, 2:23, 24.

Israel-viwo ‘yi edzi nɔ alɔme ɖem le Mawu ƒe ame dɔdɔawo ŋu, wodo vlo eƒe nyawo, eye woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu, vaseɖe esime Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋu ɖe dzi, eye womete ŋu lé enu o.’ (Kronika II, 36:16) Togbɔ be Mawu ƒe amewo ƒe trɔ̃subɔsubɔ kple tomaɖomaɖoe do dziku nɛ gbã hã la, ele be míade dzesii be Biblia ƒo nu tso alesi woɖu fewu le Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ŋui la ŋu. Esia ɖe alesi Mawu meda asi ɖe nuwɔna sia ƒomevi dzi kura o la fia.

Eyata Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Megawo ɖe ame tsitsi ta o.” (Timoteo I, 5:1) Míate ŋu awɔ gɔmeɖose sia ŋudɔ le alesi míewɔa nu kple amesiamee me. Biblia de dzi ƒo na mí be ‘míagagblɔ busunya ɖe ame aɖeke ŋuti o, míaganye dzrehelawo o; míanye ame fatuwo, míawɔ nu kple amewo katã le tufafa me.’—Tito 3:2.

Míaƒe Nuyiwo Dzi Kpɔkpɔ

Ɣeaɖewoɣi la, didi be woazã dzugbe ɖe ame aɖe ŋu dzi menya ɖuna bɔbɔe o. Ne wodze agɔ le ame aɖe dzi la, ɖewohĩ asusui be edze be yeazã nya sesẽ tɔamewo atsɔ aɖo eteƒe na amea—ŋkume kple ŋkume loo alo le emegbe. Ke hã, Kristotɔwo meɖea mɔ na seselelãme sia o. Lododowo 10:19 gblɔ be: “Dadaƒu megbea nuƒoƒo vivivo me o; ke amesi kpɔa eƒe nuyiwo dzi la, nunyalae.”

Mawudɔlawo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe. Wonya nu gbegblẽ siwo katã wɔm amegbetɔwo le. Togbɔ be mawudɔlawo tri akɔ wu amegbetɔwo le ŋutete kple ŋusẽ me hã la, wometsoa amegbetɔwo nu kple dzugbe gbeɖe o, ‘le bubu si wodea Yehowa ŋu ta.’ (Petro II, 2:11) Esi mawudɔlawo nya be nu gbegblẽ siwo amesiame wɔna le nyanya na Mawu nyuie eye wòate ŋu aɖɔ nusianu ɖo ta la, wokpɔa woƒe nuyiwo dzi. Mixael, amesi nye mawudɔlawo katã ƒe tatɔ, megblɔ busufɔbunya aɖeke ɖe Abosam gɔ̃ hã ŋu o.—Yuda 9.

Kristotɔwo dzea agbagba srɔ̃a mawudɔlawo ƒe kpɔɖeŋu. Wowɔna ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃ame dzi be: “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o, miaƒe tamesusuwo nanɔ nu nyuiwo yome le amewo katã ƒe ŋku me; ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me! Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mɔ na dziku la boŋ, elabena woŋlɔ ɖi bena: ‘Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Aƒetɔ la gblɔe.’”—Romatɔwo 12:17-19.

Ele be míanya be gbe si míetsɔ gblɔ nya aɖee ate ŋu ana wòatɔ ame alo matɔ ame o. Zi geɖe la, srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo dea abi wo nɔewo ŋu ne woƒo nu na wo nɔewo le ɣlidodo me. Dzila geɖe doa ɣli ɖe wo viwo ta zi geɖe. Gake mehiã be míado ɣli ne míele míaƒe seselelãmewo ɖem fia o. Biblia xlɔ̃ nu mí be: ‘Mina woaɖe veve heliheli kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kple busubɔbɔ katã ɖa le mia dome.’ (Efesotɔwo 4:31) Biblia gblɔ hã be “ele na aƒetɔ la ƒe subɔla be, wòagawɔ dzre o, ke boŋ wòanye amesi [wɔa nu le tufafa me kple] amewo katã.”—Timoteo II, 2:24.

Nya Siwo Daa Gbe le Ame Ŋu

Le alesi busunya kple nya madzetowo gbɔgblɔ ɖe amewo ŋu bɔ egbeae ta la, ele be mɔnu aɖe nanɔ Kristotɔwo si woato atsi tre ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi gblẽnu sia ŋu. Biblia na mɔnu nyui aɖe, si nye be míalɔ̃ mía havi. (Mateo 7:12; Luka 10:27) Ðetsɔlemename nyuitɔ kple havilɔlɔ̃ aʋã mí be míazã nya siwo daa gbe le ame ŋu ɣesiaɣi. Biblia gblɔ be: “Migana nya vlo aɖeke nado go tso miaƒe nu me gbeɖegbeɖe o, ke boŋ nya, si nyo na ŋgɔgbedede, ne ehiã la, bene wòana amenuveve amesiwo senɛ la.”—Efesotɔwo 4:29.

Azɔ hã, Mawu ƒe Nya ƒaƒã ɖe míaƒe susu me kpena ɖe mía ŋu be míatsri nya tɔamewo zazã. Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo xexlẽ kple ŋugbledede le wo ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ‘míaɖe ɖiƒoƒo’ katã ɖa. (Yakobo 1:21) Ẽ, Mawu ƒe Nya ate ŋu ada gbe le míaƒe tamesusuwo ŋu.