Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nuwo Ava Ka Ðe Eme Gbaɖegbea?

Ðe Nuwo Ava Ka Ðe Eme Gbaɖegbea?

Ðe Nuwo Ava Ka Ðe Eme Gbaɖegbea?

EGBEA la, Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ kple ƒuƒoƒo bubu siwo tsɔ ɖe le eme le ŋkuléle ɖe dɔlélewo kple wo nutsitsi ƒe ɖoɖowo wɔm. Habɔbɔ vovovowo le nyatakakawo kakam eye wole numekukuwo wɔm le atike yeye kple dɔléle siwo nudzodzoeviwo hena vɛ nutsitsi mɔnu yeyewo ŋu, eye wole esiawo katã wɔm kple susu be woatsɔ akpɔ dɔléle siwo nudzodzoeviwo hena vɛ ƒe kuxi si le dzidzim ɖe edzi la gbɔ. Ame ɖekaɖekawo kple nutowo hã ate ŋu awɔ geɖe atsɔ ana nyatakaka wo nɔewo be woatsɔ akpɔ wo ɖokuiwo ta. Ke hã ame ɖekaɖekawo takpɔkpɔ mesɔ kple dɔléle nutsitsi le xexeame godoo o.

Eŋununyala bibi geɖe xɔe se be xexeame katã ƒe nuwɔwɔ ɖekae kple kakaɖedzi si anɔ wo sie nye nu vevitɔ le dɔléle nuléle me. Nyadzɔdzɔŋlɔla Laurie Garrett si nye Pulitzer Nunanaxɔla, ŋlɔ le eƒe agbalẽ si nye The Coming Plague—Newly Emerging Diseases in a World out of Balance me be: “Amegbetɔwo ƒe kadodo si le dzidzim ɖe edzi kabakaba le afisiafi la bia nu geɖe wu woƒe aƒelika, nutowo, dukɔwo alo xexe nogo si me wole la bubu abe ame ɖeka kolia ƒe nɔƒe aɖe ko ene. Dɔlékuiwo kple nu gbagbe siwo me wonɔna medea dzesi liƒo siwo amegbetɔwo ɖo o.” Ne dɔléle yeye aɖe do le dukɔ ɖeka aɖe me la, menye dukɔ siwo ƒo xlãe ɖeɖekoe tsia dzi o ke boŋ xexeame katãe.

Dziɖuɖu kple ame aɖewo gakpɔtɔ kea ɖi le mɔxexe ɖe enu ƒe mɔnu aɖewo ŋu—siwo nye dɔlélenutsitsi ŋuti ɖoɖo—siwo tso dukɔ bubuwo me gɔ̃ hã. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dziɖuɖuwo ƒe numakpɔmakpɔ yi ŋgɔ kple ŋukeklẽ le asitsanyawo me nyea mɔxenu na dukɔwo dome ɖoɖo geɖewo. Ðe dɔlékuiwo akpɔ dzidzedze le ʋiʋli si ɖo amegbetɔwo kple dɔléle dome la mea? Agbalẽŋlɔla Eugene Linden, amesi susui be woate ŋu akpɔ dzidzedze gblɔ be: “Ɣeyiɣi aɖeke megasusɔ le hoʋiʋlia me o.”

Nusita Mɔkpɔkpɔ Li

Ŋgɔyiyi siwo wowɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya kple mɔ̃ɖaŋununya me mete ŋu le alesi dɔléle le dzidzim ɖe edzii la gbɔ kpɔm o. Eye nyateƒee wònye be dɔléle siwo nudzodzoeviwo hena vɛ nye amegbetɔwo ƒe lãmesẽkuxi geɖewo dometɔ ɖeka pɛ ko. Gake mɔkpɔkpɔ li. Togbɔ be azɔe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va dze kadodo tɔxɛ si le nu gbagbewo dome gɔme sem hã la, wova kpɔe be ŋutete le anyigbaa ŋu be wòayɔ dɔ eɖokui. Ŋutete le míaƒe ɣletinyigbaa ŋu be wòagbugbɔ dzɔdzɔmenuwo ƒe dɔwɔnawo aɖo eteƒe. Le kpɔɖeŋu me, zi geɖe teƒe siwo woŋlɔ kpɔ gate ŋu va zua avewo, eye nugbagbeviwo, nudzodzoeviwo, kple lãwo gagbugbɔ vana ake le ɣeyiɣi aɖe megbe.

Vevietɔ wu la, alesi dzɔdzɔme wɔ nukui la fia asi Wɔla aɖe, si nye Mawu si ɖo ɖoɖo si dzi wòle be anyigba nazɔ ɖo la gɔme anyi. Dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖewo ŋutɔ lɔ̃ ɖe edzi be nunyala gã aɖe kokokoe anya wɔ anyigba. Ẽ, amesiwo bua tame vevie mate ŋu agbe Mawu ƒe anyinɔnɔ dzixɔxɔse dzidzedzetɔe o. Biblia la ɖɔ Wɔla, Yehowa Mawu be enye ŋusẽkatãtɔ eye wòlɔ̃a ame. Etsɔ ɖe le míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ me vevie.

Biblia ɖe nu me hã be amegbetɔ gbãtɔwo ƒe nuvɔ̃ si woɖo koŋ wɔe na amewo nyi blibomademade, dɔléle kple ku ƒe dome. Ðe ema fia be fukpekpe me koe míanɔ ɖaa tegbeea? Ao! Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be yeawɔ anyigba wòazu paradiso, afisi amegbetɔwo ate ŋu anɔ agbe le dziɖeɖi me kple nuwɔwɔ bubuwo, gãtɔwo kple suetɔwo siaa. Biblia gblɔ xexe aɖe si me nuwɔwɔ aɖeke, eɖanye lã gã aɖe alo nudzodzoevi aɖe o, maganye afɔku na amegbetɔwo o ŋu nya ɖi.—Yesaya 11:6-9.

Gake ele be amegbetɔwo nawɔ akpa aɖe le nɔnɔme mawo ƒe anyinɔnɔ ŋu—le hadomegbenɔnɔ kple le nutoa me siaa. Mawu de se na amegbetɔ be “wòakpɔ” anyigba la dzi. (Mose I, 2:15) Le paradiso si gbɔna me la, amegbetɔwo awɔ dɔ ma dzidzedzetɔe ne woɖo to Wɔlaa ŋutɔ ƒe mɔfiamewo ɖokuibɔbɔtɔe. Eyata míate ŋu akpɔ mɔ na ŋkeke si “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24.