Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Agbenyuinɔnɔ Gɔmeɖosewo Le To Yima?

Ðe Agbenyuinɔnɔ Gɔmeɖosewo Le To Yima?

Ðe Agbenyuinɔnɔ Gɔmeɖosewo Le To Yima?

NUNANA gãtɔwo kekeake si dzilawo ate ŋu ana wo viwo enye woƒe lɔlɔ̃ deto kple agbenyuinɔnɔ gɔmeɖose siwo dzi dzilaawo ŋutɔ nɔa agbe ɖo, eye menye ɖeko wogblɔnɛ ko o.

Gɔmeɖose siwo sɔ manɔmee la, dagbadagba ɖe yame koe agbenɔnɔ anye. Gɔmeɖosewo naa gɔmesese nɔa agbe ŋu. Wonaa míenyaa nusiwo le vevie hetsɔa wo ɖoa wo nɔƒe. Woawoe dea vovo nu nyui kple nu gbegblẽ dome henaa agbenɔnɔ ŋuti sewo me kɔna.

Ke hã, agbenyuinɔnɔ gɔmeɖose siwo nɔ anyi tsã la dometɔ geɖe le tɔtrɔm kabakaba ale gbegbe. Le kpɔɖeŋu me, Nufialagã Ronald Inglehart gblɔ be “amegbetɔƒomea va le asi dam ɖe gbɔdɔdɔ ŋuti dzidzenu si ɖea mɔ ɖe gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔnuwɔna si ƒomevi ko dze amesiame ŋu me kple ameɖokuinuɖenya si dzea amesiame ŋu la gbɔgblɔ ŋuti dzi.” Wobia gbe dukɔ 16 siwo me wowɔ Gallup numekuku aɖe le le ƒe 1997 me la me tɔwo tso woƒe nukpɔsusu le gbɔmeyavidzidzi ŋu. Gallup numekulaawo ka nya ta be: “Amesiwo da asi ɖe agbe yeye sia dzi la sɔ gbɔ ɖo alafa memama 90 alo wu nenema le Ɣetoɖoƒe Europa ƒe akpa aɖewo eye wòɖiɖi wu alafa memama 15 le Singapore kple India.”

Gbɔdɔdɔnuwɔnawo ƒe ablɔɖe yeye sia dzɔ dzi na ame aɖewo ale gbegbe. Ke hã, James A. Dorn ƒe agbalẽ si nye The Rise of Government and the Decline of Morality gblɔ be “alesi gbɔmeyavidzidzi bɔ ɖe afisiafi” eye “ƒomewo le gbagbãm” nye “agbenyuinɔnɔ ƒe toyiyi ƒe dzesi siwo le dzedzem gaglã.”

Gɔmeɖose Bubu Siwo Le To Yim

Gɔmeɖose bubu aɖewo siwo me amewo lé ɖe asi va yi hã yi to wòɖe dzesi ale gbegbe. Woka nya ta le Ŋkuléle Ðe Xexeame ƒe Agbenyuinɔnɔ Gɔmeɖosewo Ŋu ƒe Numekuku, si dzi Nufialagã Inglehart kpɔ la me be “bubudede ŋusẽtɔwo ŋu le to yim” le dukɔ deŋgɔwo me.

Gɔmeɖose bubu si hã nɔ anyi tsã enye alesi amewo lɔ̃na wɔa dɔ kple moveviɖoɖo. Ke hã, kpeɖodziwo li si fia be gɔmeɖose sia hã le to yim. Le United States la, Dukɔa ƒe Ðokuisidɔwɔhawo ƒe Habɔbɔ bia gbe dɔtɔ akpe alafa atɔ̃ kple edzivɔ. “Amesiwo wobia gbee dometɔ 31 le alafa me gblɔ be amewo kpɔkpɔ na dɔ mele bɔbɔe o, eye wo dometɔ 21 le alafa me gblɔ be ame geɖe megaléa fɔ ɖe dɔ ŋu wɔna memie o.” Dɔtɔ aɖe gblɔ be: “Bebli hafi nàkpɔ dɔwɔla siwo vaa dɔme ɖe game dzi, siwo meno aha hafi va o la gbesiagbe.”

Ganyawo ƒe amemiamia ate ŋu ana dɔwɔlawo ƒe nɔnɔme natrɔ alea. Ne viɖe si dɔtɔwo kpɔna tsoa woƒe dɔwo me le ɖiɖim la, woɖea asi le dɔwɔlawo ŋu alo tsoa dɔwɔlawo ƒe mɔnukpɔkpɔ aɖewo dzi. Magazine si nye Ethics & Behavior gblɔ be: “Dɔwɔla siwo ŋu wowɔ nu ɖo alea tea nɔnɔme manyomanyo ɖeɖe fia woƒe dɔtɔwo. Dɔwɔla megasena le eɖokui me be yeawɔ dɔ kple kutrikuku o elabena woate ŋu anyae le dɔme etsɔ.”

Gakpe ɖe eŋu la, nu bubu siwo me agbenyuinɔnɔ gɔmeɖosewo yi to le wòɖe dzesi ƒã enye alesi amewo wɔa nui le hadome kple bubudede ame nɔewo ŋu. Edze le numekuku aɖe si wowɔ le Australia me be: “Dɔtɔ siwo wu 87.7 le alafa me ka nya ta [be] bubumademade ame nɔewo ŋu le nu gblẽm le dɔwɔlawo ƒe seselelãme ŋu.” Le numekuku aɖe si wowɔ le United States tso dɔtɔwo gbɔ me la, “amesiwo wobiaa gbee dometɔ 80 le alafa me ka nya ta be amemabumabunuwo wɔwɔ le dɔme dzi ɖe edzi.” CNN nyadzɔdzɔgblɔha gblɔ be: “Numawɔmawɔ nyuie ɖe asisiwo ŋu va bɔ ale gbegbe be amesiwo wobiaa gbee la ƒe afã kloe gblɔ be nusia na yewodo go le fiase aɖe me nu maƒlemaƒlee le ƒe si va yi me. Ameawo ƒe afã gblɔ be zi geɖe la, yewokpɔa amewo nɔa nu ƒom le asitelefonwo dzi sesĩe loo alo amenuɖiaɖiatɔe. Eye ʋukula ade le 10 me gblɔ be zi geɖe yewokpɔa ʋukula aɖewo nɔa ʋu kum tramatrama sedzimawɔmawɔtɔe.”

Aleke Gbegbee Amegbetɔ ƒe Agbe Xɔ Asii?

Le go aɖewo me la, amewo gblɔna be “gɔmeɖose” aɖewo le yewo si, gake zi geɖe la, woƒe nuwɔna mesɔna kple woƒe nyawo o. Le kpɔɖeŋu me, Xexeame Godoo ƒe Agbenyuinɔnɔ Gɔmeɖose Habɔbɔ bia gbe dukɔ 40 teƒenɔlawo. Amesiwo wobiaa gbee dometɔ 40 le alafa me yɔ “bubudede agbe ŋu” de agbenyuinɔnɔ gɔmeɖose atɔ̃ vevitɔawo “kekeake dome.” *

Gake nukae dzɔna le nuwɔna ŋutɔŋutɔwo me? Le nyateƒe me la, ŋutete le dukɔ deŋgɔwo ŋu be woaɖe amegbetɔwo ƒe fukpekpe geɖe ɖa. Gake agbalẽ aɖe si Carol Bellamy, si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔ si Kpɔa Ðeviwo ƒe Nya Gbɔ ƒe dɔdzikpɔlagã ŋlɔ la ɖee fia le ƒe 1998 me be nunyuimakpɔɖui “hã gbɔe ɖevi siwo mekpɔ xɔ ƒe atɔ̃ haɖe o la dometɔ miliɔn 12 kloe siwo kuna ƒe sia ƒe le dukɔ madeŋgɔwo me la ƒe afã kple edzivɔwo tso, eye wònye xexlẽme si nu ɖeke mede kpɔ o tso esime Dɔvɔ̃ gblẽ nu le Europa le ƒe alafa 14 lia me.” Nyatakaka siawo dzia ŋɔ na amesiame si dea bubu amegbetɔ ƒe agbe ŋu. Bellamy gblɔ be: “Ke hã, amewo metsɔ ɖe le nunyuimakpɔɖu ƒe kuxi si le xexeame godoo la me boo o, togbɔ be dzɔdzɔmeŋutinunya yi edzi le kpeɖodzi geɖe nam be enye afɔku hã. Gadede xexeame ƒe adzɔhawo me koŋ mee wotsɔ ɖe le wu be woatsɔ ɖe le alesi nunyuimakpɔɖui ate ŋu agblẽ nu geɖee—alo be woatsɔ ɖe le viɖe siwo nunyuiɖuɖu hena vɛ me.”

Edze ƒã be agbe ŋuti nukpɔsusu totro si ɖe dzesi le atikewɔlawo si. Nyitsɔ laa le ƒe 1970-awo ƒe gɔmedzedze la, mɔnukpɔkpɔ aɖeke kura menɔe be ɖevi si xɔ kwasiɖa 23 si wodzi la natsi agbe o. Egbea la, ɖewohĩ ɖevi siawo siwo ƒe ɣeyiɣi mede hafi wodzi o la dometɔ 40 le alafa me ate ŋu atsi agbe. Le esia ta la, aleke gbegbee wònye nusi mesɔ kura o be akɔntabubu nafia be fu siwo woɖena le xexeame godoo la nyea miliɔn 40 va ɖo miliɔn 60 ƒe sia ƒe enye esi! Kwasiɖa ʋɛ aɖewo koe vidzĩ siwo ƒe ŋkeke mede hafi wodzi o, siwo ɖɔktawo dzea agbagba be yewoaxɔ ɖe agbe la tsɔ tsi wu fu siawo siwo woɖena ƒua gbe la ƒe akpa gãtɔ! Ðe nya sia mefia be amewo tɔtɔ ale gbegbe le nusi nyo woawɔ la gome oa?

Agbenyuinɔnɔ Mɔfianu​—Ehiã Mí

Esi Gallup numekuha bia amewo be, “Nukae mehiã boo le agbe me o?” la, amesiwo wobia gbee ƒe akpa gãtɔ gblɔ be “anukwareɖiɖi na ame ƒe subɔsubɔha” ye nye nu eve siwo mehiã boo o la dometɔ ɖeka. Ekema mewɔ nuku o be sɔlemedelawo ƒe agbɔsɔsɔ yi edzi le ɖiɖim. Nufialagã Inglehart gblɔ be alesi nu le edzi dzem na Ɣetoɖoƒedukɔwo na “amewo susui be yewole dedie ale gbegbe” eye be “mɔkpɔkpɔ si nɔa amewo si ɖe mawusubɔsubɔ ŋu megahiã wo o.”

Kakaɖedzi si nɔa amewo si ɖe subɔsubɔhawo ŋu ƒe toyiyi sɔ kple alesi amewo megale kakam ɖe Biblia dzi o. Le dukɔwo dome numekuku aɖe si wowɔ me la, wobia gbe amewo tso amesi alo nusi dzi wokana ɖo le nya siwo ku ɖe nusi nyo be woawɔ nyanya ŋu la ŋu. Ame akpa gãtɔ yɔ ame ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ. Numekulaawo ƒe nyatakaka gblɔ be, “Mawu ƒe nyae le nɔƒe evelia, eye be mele vevie o.”

Mewɔ nuku o be agbenyuinɔnɔ gɔmeɖosewo le tɔtrɔm heɖo ta gbegblẽ me! Agbenyuinɔnɔ ƒe mɔfianu si mele amewo si o, hekpe ɖe ŋutilãmenuwo yometiti kpakple ɖokuisigbenɔnɔ ƒe dzidziɖedzi ŋu he ŋukeklẽ kple ɖekematsɔmatsɔ le ame bubuwo ƒe seselelãmewo me vɛ. Nu vevi kawoe bu le tɔtrɔ siawo ta?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 12 Ƒe 50 kple edzivɔwoe nye si va yi la, Dukɔ Ƒoƒuawo da asi ɖe Xexeame Katã ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Nuŋlɔɖi dzi. Nuŋlɔɖia me Se 1 gblɔ be: “Wodzi amegbetɔ ɖesiaɖe ablɔɖevii, eye asixɔxɔ kple gomenɔamesi ɖekae le wo katã si.”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 4, 5]

Ƒomewo ƒe gbagba, amewo ƒe fɔmalémalé ɖe dɔ ŋu, kple amewo ƒe ame mabumabu nuwɔnawo ɖee fia be agbenyuinɔnɔ gɔmeɖosewo le to yim egbea

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Woɖea ɖevi miliɔn geɖe, siwo vidzĩ sia si ƒe ŋkeke mede hafi wodzi o tsi wu kwasiɖa ʋɛ aɖewo ko la ƒua gbe ƒe sia ƒe