Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusitae Agbenyuinɔnɔ Gɔmeɖosewo Le Tɔtrɔm

Nusitae Agbenyuinɔnɔ Gɔmeɖosewo Le Tɔtrɔm

Nusitae Agbenyuinɔnɔ Gɔmeɖosewo Le Tɔtrɔm

“Nukae nye nu vevitɔ kekeake le agbe me?”

Wobia nya ma ame 50,000 le dukɔ 60 me. Gallup gbebialaawo ka nya ta be ŋuɖoɖo si koŋ nam amewo le tso xexeame ƒe akpa sia akpa kloe enye “ƒomegbenɔnɔ si me dzidzɔ le si anɔ ame si” kple “lãmesẽ me nɔnɔ.”

NE WOMEBU nya sia ŋu yi ŋgɔe o la, woasusu be nukpɔsusu kɔkɔwoe le amewo si le xexeame godoo. Gake menye nenema tututue nya la le o. Le blemaɣeyiɣiwo me la, nusiwo amewo buna nu vevitɔwoe nɔa te ɖe nutoa me mawusubɔsubɔ kple agbenyuinɔnɔ gɔmeɖosewo dzi. Gake nuwo le tɔtrɔm kabakaba ale gbegbe. Numekula Marisa Ferrari Occhionero gblɔ tso Italy ŋu be: “Dzilawo, dekɔnu, kple mawusubɔsubɔ megale ŋusẽ boo aɖeke kpɔm ɖe nɔnɔme si sɔhɛwo le ɖeɖem fia la dzi o.” Woate ŋu agblɔ nya sia le amewo—ɖeviwo kple tsitsiawo siaa—ŋu le xexeame godoo.

Nufialagã Ronald Inglehart, si kpɔ numekuku aɖe si wona ŋkɔe be Ŋkuléle Ðe Xexeame ƒe Agbenyuinɔnɔ Gɔmeɖosewo Ŋu ƒe Numekuku dzi la gblɔ be: “Ðaseɖiɖi gbogbowo le eɖem fia be tɔtrɔ gãwo le xexeame ƒe nukpɔsusuwo me vam.” Nuka gbɔe tɔtrɔ mawo le tsotsom? Inglehart gblɔ be: “Tɔtrɔ siawo ɖe ganyawo kple mɔ̃ɖaŋununya me tɔtrɔwo fia.”

Le kpɔɖeŋu me, Gallup numekukua ɖee fia be le dukɔ deŋgɔwo me la, dɔwɔɖui “megogo” nusiwo amewo buna nu vevitɔe le agbe me kura o. Gake le dukɔ madeŋgɔwo me la, dɔwɔɖui ƒe amesinɔnɔe nyea nu vevitɔ! Ẽ, ne amewo da ahe la, alesi woawɔ asi nade nu gbɔ gbesiagbee nyea nu vevitɔa. Gake ne ganyawo de dukɔwo dzi la, amewo ƒe nu vevitɔ va nyea nuwo abe lãmesẽ, ƒomegbenɔnɔ si me dzidzɔ le, kple ameɖokuinuɖeɖe ƒe ablɔɖe ene.

Le mɔ̃ɖaŋununya ƒe ŋgɔyiyi ta la, nusiwo bum amewo va le nu vevitɔwoe akpɔ ŋusẽ ɖe dukɔ madeŋgɔwo dzi godoo. Magazine si nye The Futurist gblɔ be: “Nusiwo míekpɔna kple nusiwo míesenae kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe dzixɔsewo kple dzidzenuwo dzi.” Eyata nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo kpɔ ŋusẽ ɖe nusiwo amewo buna nu vevitɔwoe le Ɣetoɖoƒedukɔwo me la dzi vevie. The Futurist gblɔ be: “Nyadzɔdzɔgblɔmɔnu siawo le ŋusẽ kpɔm ɖe xexeame godoo dzi.”

Ekema tɔtrɔ kawo kpɔmee míele le amewo ƒe nɔnɔme kple agbenɔnɔ me? Aleke nusiawo ƒe tɔtrɔ le ŋusẽ kpɔm ɖe mia kple wò ƒomea dzii?