Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 1

Mina Mawu Nafia Mɔ Mi Ne Dzidzɔ Nanɔ Miaƒe Srɔ̃ɖeɖea Me

Mina Mawu Nafia Mɔ Mi Ne Dzidzɔ Nanɔ Miaƒe Srɔ̃ɖeɖea Me

“Ame si wɔ ame tso gɔmedzedzea me la, atsu kple asi wòwɔ woe.”—Mateo 19:4

Yehowa a Mawue ɖo srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ anyi. Biblia gblɔ na mí be ewɔ nyɔnu gbãtɔ eye “wòkplɔe va ame la gbɔe.” Adam kpɔ dzidzɔ ale gbegbe eye wògblɔ be: “Azɔ ko! Esia enye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lã me.” (1 Mose 2:22, 23) Yehowa gadi kokoko be srɔ̃tɔwo nakpɔ dzidzɔ.

Ne èɖe srɔ̃ la, àkpɔ mɔ be nu sia nu azɔ pɛpɛpɛ le srɔ̃ɖeɖea me. Gake nyateƒeae nye be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siwo dome tsi metona o gɔ̃ hã doa go kuxi aɖewo. (1 Korintotɔwo 7:28) Miakpɔ Biblia me mɔfiamewo le agbalẽ gbadza sia me, eye ne miewɔ wo dzi la, woate ŋu ana miakpɔ dzidzɔ le miaƒe srɔ̃ɖeɖea kple ƒomea me.​—Psalmo 19:9-12.

1 WƆ AKPA SI YEHOWA DE ASIWÒ

NYA SI BIBLIA GBLƆ: Srɔ̃ŋutsue nye ƒomea ƒe ta.​—Efesotɔwo 5:23.

Ne srɔ̃ŋutsue nènye la, Yehowa di tso asiwò be nàlé be na srɔ̃wòa nyuie. (1 Petro 3:7) Ðe Mawu wɔe be wòanye wò kpeɖeŋutɔ eye wòdi be nàde asixɔxɔ eŋu ahalɔ̃e. (1 Mose 2:18) Ele be nàlɔ̃ srɔ̃wòa ale gbegbe be nàlɔ̃ faa atsɔ eƒe nyonyo aɖo ŋgɔ na tɔwò.​—Efesotɔwo 5:25-29.

Ne srɔ̃nyɔnue nènye la, Yehowa di be nàde bubu deto srɔ̃wòa ŋu eye nàkpe asi ɖe eŋu wòawɔ eƒe akpa dzi. (1 Korintotɔwo 11:3; Efesotɔwo 5:33) Wɔ ɖeka kplii le eƒe nyametsotsowo me tso dzi blibo me. (Kolosetɔwo 3:18) Ne èwɔe alea la, wò nu anyo srɔ̃wò kple Yehowa siaa ŋu.​—1 Petro 3:1-6.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ:

  • Na srɔ̃wò nagblɔ nu si nàwɔ be nànye srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu nyui wu la na wò. Lé to ɖe eƒe nyawo ŋu nyuie, eye wɔ nu sia nu si nàte ŋui be nànye srɔ̃tɔ nyui

  • Gbɔ dzi ɖi. Axɔ ɣeyiɣi hafi mia dometɔ ɖe sia ɖe ava nya nu si nɔvia dina la nyuie

2 TSƆ ÐE LE SRƆ̃WÒ ƑE SESELELÃMEWO ME VEVIE

NYA SI BIBLIA GBLƆ: Ele be nàtsɔ ɖe le eme na srɔ̃wòa vevie. (Filipitɔwo 2:3, 4) De asixɔxɔ eŋu eye ɖo ŋkui be Yehowa bia tso esubɔlawo si be ‘woafa tu na amewo katã.’ (2 Timoteo 2:24) “Ame aɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene; ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.” Eya ta bu wò nyawo ŋu nyuie hafi nàƒo nu. (Lododowo 12:18) Yehowa ƒe gbɔgbɔa akpe ɖe ŋuwò nàƒo nu le tufafa kple lɔlɔ̃ me.​—Galatiatɔwo 5:22, 23; Kolosetɔwo 4:6.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ:

  • Hafi miadzro nya sesẽ aɖe me la, do gbe ɖa be Mawu nakpe ɖe ŋuwò nàlé ɖokuiwò kpoo ahalɔ̃ ase srɔ̃wò ƒe susuwo faa

  • Bu nya si nàgblɔ kple ale si nàgblɔe la ŋu nyuie

3 MIWƆ NU ADUADU

NYA SI BIBLIA GBLƆ: Ne èɖe srɔ̃ ko la, wò kple srɔ̃wòa miezu “ŋutilã ɖeka.” (Mateo 19:5) Gake miekpɔtɔ nye ame vovovowo eye miaƒe susuwo hã ate ŋu ato vovo. Eya ta ehiã be miadze agbagba be miaƒe susu kple seselelãmewo nawɔ ɖeka. (Filipitɔwo 2:2) Ðekawɔwɔ le vevie le nyametsotsowo me. Biblia gblɔ be: “Tameɖoɖowo vaa eme, ne adaŋudede kpe ɖe eŋu.” (Lododowo 20:18) Mina Biblia nafia mɔ mi le miaƒe nyametsotsowo me.​—Lododowo 8:32, 33.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ:

  • Gblɔ wò seselelãmewo na srɔ̃wòa, ke menye wò susuwo ko o

  • Hafi nàɖe afɔ aɖe la, lée kpɔ kple srɔ̃wòa gbã

a Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.