Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ŋutsuwo—Miwɔ Nu Ðe Mia Srɔ̃wo Ŋu Nyuie

Srɔ̃ŋutsuwo—Miwɔ Nu Ðe Mia Srɔ̃wo Ŋu Nyuie

ALEKE wòle be srɔ̃ŋutsu nawɔ nu ɖe srɔ̃a ŋui? Tso ɖevime ke la, ame geɖe xɔe se be srɔ̃ŋutsu ƒe agbanɔamedzi vevitɔe nye be wòakpɔ eƒe ƒomea ƒe ganyawo gbɔ. Ke hã, togbɔ be nu geɖe sua srɔ̃nyɔnu aɖewo si hã, womekpɔa dzidzɔ o, eye ɖewo gɔ̃ hã tsia dzodzodzoe. Le kpɔɖeŋu me, Rosa, si nye Spaintɔ la gblɔ tso srɔ̃a ŋu be, “Ne míele amewo dome la, wosusuna be ame nyui aɖee srɔ̃nye nye, gake mewɔa nu ɖe ŋunye nyuie le aƒe me o.” Joy, si tso Nigeria la gblɔ be, “Ne mía kple srɔ̃nye ƒe susu mewɔ ɖeka le nane me o la, egblɔna be, ‘Ele be nàwɔ nu sia nu si megblɔ elabena srɔ̃wòe menye.’”

Aleke srɔ̃ŋutsu ate ŋu awɔ eƒe tanyenyea ŋu dɔ le lɔlɔ̃ me? Nu kawoe srɔ̃ŋutsu ate ŋu awɔ be dzi nanɔ srɔ̃a dzɔm eye aƒea me nanye ‘gbɔɖemeƒe’ nɛ?Rut 1:9.

NYA SI BIBLIA GBLƆ TSO SRƆ̃ŊUTSU ƑE TANYENYE ŊU

Togbɔ be le Mawu ŋkume la, srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu wosɔ hã la, Biblia gblɔ be ɖoƒe vovovoe le wo si le ƒomea me. Romatɔwo 7:2 gblɔ be nyɔnu si ɖe srɔ̃ la le “srɔ̃a ƒe se” te. Abe ale si ko woɖoa ame ɖe dɔ ɖe sia ɖe nu ene la, nenema kee Mawu tsɔ srɔ̃ŋutsu la ɖo tatɔe na srɔ̃a. (1 Korintotɔwo 11:3) Srɔ̃ŋutsua ye wòle na be wòaxɔ ŋgɔ le aƒea me.

Srɔ̃ŋutsuwo, aleke wòle be miawɔ ɖoƒe si Mawu de mia si la ŋu dɔe? Biblia gblɔ be: “Miyi edzi mialɔ̃ mia srɔ̃wo abe ale si ko Kristo la hã lɔ̃ hame la . . . ene.” (Efesotɔwo 5:25) Ɛ̃, togbɔ be Yesu Kristo meɖe srɔ̃ kpɔ o hã la, kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàzu srɔ̃ŋutsu nyui. Na míakpɔ ale si wòate ŋu akpe ɖe ŋuwòe ɖa.

ALE SI YESU NƆ AGBEE LA NYE KPƆÐEŊU DEBLIBO NA SRƆ̃ŊUTSUWO

Yesu dina be yeafa akɔ na amewo eye yeana woƒe agbawo nanɔ wodzoe. Yesu gblɔ na ame siwo wote ɖe anyi kple ame siwo ƒe kuxiwo zu agba le wo dzi la katã be: “Miva gbɔnye, . . . eye mana gbɔdzɔe mi.” (Mateo 11:28, 29) Zi geɖe la, ekpɔa amewo ƒe kuxiwo gbɔ na wo eye wòkpena ɖe wo ŋu be woate ɖe Yehowa ŋu. Eya ta mewɔ nuku o be amewo dina be yewoanɔ Yesu gbɔ, elabena woka ɖe edzi be ana agba nanɔ wodzoe na yewo!

Ale si srɔ̃ŋutsuwo ate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋuae. Di mɔ siwo dzi nàto aɖe srɔ̃wòa ƒe agbaawo dzi kpɔtɔ nɛ. Srɔ̃nyɔnu aɖewo sena le wo ɖokuiwo me abe Rosa ene; efa konyi be: “Amegbɔnɔvi gbɔlo koe menye na srɔ̃nye.” Gake to vovo na esia la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Kweku, si ƒe srɔ̃ɖeɖe me nyo la gblɔ be: “Zi geɖe la, mebiaa srɔ̃nye be nu kae mate ŋu awɔ atsɔ akpe asi ɖe eŋu hã. Esi melɔ̃e ta la, nye ŋutɔ metsona le ɖokuinye si kpea asi ɖe eŋu le aƒemedɔwo wɔwɔ me.”

Yesu bua ame ŋu eye wòsea veve ɖe ame nu hã. Nyɔnu dahe aɖe nɔ fu kpem le dɔléle vɔ̃ɖi aɖe si me ƒe 12 sɔŋ. Esi wòsee be Yesu le dɔ dam na amewo nukutɔe la, “enɔ gbɔgblɔm [na eɖokui] be: ‘Ne meka asi eƒe awudziwuiwo teti ŋu la, mahaya.’” Nyateƒee wòto! Ete ɖe Yesu ŋu heka asi eƒe awutoga, eye wòhaya enumake. Togbɔ be ame siwo kpɔ eteƒe la dometɔ aɖewo ƒo nya ta be nyɔnua da se dzi hã la, Yesu ya de dzesii be nue te ɖe edzi vevie. * Eya ta egblɔ nɛ be: ‘Vinyenyɔnu, wò lãme nehaya tso dɔléle vɔ̃ɖi sia me.’ Menye ɖeko Yesu medo ŋukpee alo ka mo nɛ o, ke enyae hã be eƒe dɔlélea ye na wòwɔ nu nenema. Eto esia dzi ɖe ame si ƒomevi wònye la fia—veveseɖeamenulae wònye.Marko 5:25-34.

Ale si srɔ̃ŋutsuwo ate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋuae. Ne lãme mele kɔkɔm na srɔ̃wò o la, wɔ nu ɖe eŋu ameŋububutɔe eye nàgbɔ dzi ɖi nɛ. Dze agbagba nàtsɔ ɖokuiwò aɖo eteƒe eye nàse nu si tae wòle nu wɔm le mɔ aɖe nu la gɔme. Le kpɔɖeŋu me, Ricardo gblɔ be: “Ne mede dzesii be srɔ̃nye le dziku dom kabakaba la, medzea agbagba etɔxɛe be magawɔ nu si agado vevesese nɛ o.”

Yesu ɖo dze kple eƒe nusrɔ̃lawo. Yesu ɖea nu me na eƒe nusrɔ̃lawo nyuie eye wòɖoa dze kpli wo faa. Egblɔ be: “Nu siwo katã mese tso Fofonye gbɔ la, mena mienya wo.” (Yohanes 15:15) Enye nyateƒe be ɣeaɖewoɣi la, Yesu dina be ye ɖeɖe yeanɔ anyi ade ŋugble ahado gbe ɖa. Gake zi geɖe la, egblɔa eƒe dzimenyawo na eƒe nusrɔ̃lawo. Le zã si do ŋgɔ hafi woawui abe nu vlo wɔla ene me la, egblɔ na wo anukwaretɔe be yeƒe “luʋɔ le nu xam vevie” le fu siwo yeava kpe la ta. (Mateo 26:38) Ne Yesu xɔlɔ̃awo wɔ nu wòte ɖe edzi hã la, medzudzɔa nuƒoƒo na wo gbeɖe o.Mateo 26:40, 41.

Ŋugbledede tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua ŋu ate ŋu akpe srɔ̃ŋutsu ŋu wòava zu srɔ̃ŋutsu kple vifofo nyui

Ale si srɔ̃ŋutsuwo ate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋuae. Kɔ dzi me nàɖo dze kple srɔ̃wòa faa. Srɔ̃nyɔnu aɖe ate ŋu afa konyi be ye srɔ̃ ɖoa dze kple amewo faa le gbɔme, gake ezia ɖoɖoe le aƒe me. Gake to vovo na esia la, Ana ya gblɔ be ye srɔ̃ kɔa dzi me ɖoa dze kpli ye faa. Egblɔ kpee be: “Mekpɔe be elɔ̃m vevie, eye mía kplii dome le kplikplikpli.”

Mègagbe nuƒoƒo na srɔ̃wòa atsɔ anɔ to hem nɛ o. Nyɔnu aɖe gblɔ be: “Ne srɔ̃nye do dziku ɖe ŋunye la, mègaƒo nu nam o ŋkeke geɖe. Enana mebua fɔ ɖokuinye eye mesena le ɖokuinye be nyemeɖi naneke o.” Gake Edwin ya dzea agbagba srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋua. Egblɔ be: “Ne srɔ̃nye do dziku nam la, nyemeɖenɛ fiana enumake o, ke boŋ media ɣeyiɣi si sɔ nyuie be míaƒo nu tso kuxia ŋu ahakpɔ egbɔ.”

Joy, si ƒe nya míegblɔ le gɔmedzedzea me la kpɔe be tso esime Yehowa Ðasefowo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple ye srɔ̃ la, eƒe nɔnɔme trɔ. Joy gblɔ be: “Etrɔ ŋutɔ eye wòle agbagba dzem vevie be yeazu srɔ̃ŋutsu lɔ̃ame si srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu.” Biblia nusɔsrɔ̃ sia le vi ɖem na atsu kple asi miliɔn geɖe. Wò hã èdi be woasrɔ̃ Biblia kpli yea? Ne èdii la, ekema bia Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka ne wòasrɔ̃ Biblia kpli wò, eye womaxɔ ga aɖeke le asiwò o.

^ mm. 10 Le Mose ƒe Sea nu la, nɔnɔme si me nyɔnu sia le la na eŋu mekɔ o, eye woabu ame sia ame si ŋu wòaka asii la ame makɔmakɔe.3 Mose 15:19, 25.