Dzo kpo yi emenuwo dzi

Aleke Biblia Nusɔsrɔ̃ Si Yehowa Ðasefowo Wɔna Kple Amewo La Le?

Aleke Biblia Nusɔsrɔ̃ Si Yehowa Ðasefowo Wɔna Kple Amewo La Le?

 Aleke Biblia nusɔsrɔ̃a nɔna?

 Biblia nufiala aɖe akpe ɖe ŋuwò nàse Biblia me nyati vovovowo gɔme. Ne miezã Biblia me dzodzro gbalẽ si nye Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! la, vivivi la, àva kpɔ nu si Biblia fia kple ale si wòakpe ɖe ŋuwò. Kpɔ video sia be nàgase nu geɖe gɔme.

 Ðe wòle be maxe fe ɖe nusɔsrɔ̃a ta?

 Ao. Yehowa Ðasefowo wɔna ɖe mɔfiame si Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo dzi be: “Faa miexɔe, faa minae.” (Mateo 10:8) Eye womaka ga aɖeke be nàxe ɖe Biblia alo agbalẽ si nye Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! si woana wò la ta o.

 Ɣeyiɣi didi kae nusɔsrɔ̃a axɔ?

 Nusɔsrɔ̃ 60 ye le agbalẽ si nàtsɔ asrɔ̃ nuae la me. Wò ŋutɔe atia ɣeyiɣi didi si nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe axɔ, gake Biblia nusrɔ̃vi geɖe dina be yewoadzro nusɔsrɔ̃ ɖeka alo esi wu nenema me le kwasiɖa ɖeka me.

 Aleke mawɔ adze nusɔsrɔ̃a gɔme?

  1.  1. Kpe míaƒe Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe aɖaka si le Internet dzi la ɖo. Míazã ŋuwò nyatakaka siwo nèkpe ɖo la atsɔ ado ka kpli wò na Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo si nèbia be Yehowa Ðasefo nawɔ kpli wò la ɖeɖe ko.

  2.  2. Biblia nufiala aɖe ado ka kpli wò. Wò Biblia nufiala aƒo nu tso nu siwo nàkpɔ mɔ na le wò Biblia me dzodzroa me la ŋu na wò, eye wòaɖo biabia ɖe sia ɖe si anɔ asiwò la ŋu na wò.

  3.  3. Wò ŋutɔ kple wò nufiala ye awɔ ɖoɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu. Miate ŋu asrɔ̃ nua ŋkume-kple-ŋkume alo to telefon, videokadodo, lɛtaŋɔŋlɔ alo email dzi. Nusɔsrɔ̃ ɖeka tea ŋu xɔna abe gaƒoƒo ɖeka ene, gake le ale si wò ɖoɖowo le nu la, ate ŋu awu ema alo made o.

 Ðe mate ŋu ate nusɔsrɔ̃a kpɔ gbã anya ale si wòayia?

 Ɛ̃. Be nàte ŋu awɔ esia la, kpe míaƒe Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe aɖaka si le Internet dzi la ɖo. Ne Biblia nufialaa do ka kpli wò la, na wòanya be yedi be yeate nusɔsrɔ̃a kpɔ gbã kpɔ ɖa be anyo na ye hã. Nufialaa asrɔ̃ agbalẽ gbadzaa si nye Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! si me nusɔsrɔ̃ etɔ̃ le la kpli wò, eye esia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔe ɖa ne nusɔsrɔ̃a dzɔ dzi na wò.

 Ne melɔ̃ be woasrɔ̃ nua kplim la, ɖe woaƒoe ɖe nunye be mava zu Yehowa Ðasefoa?

 Ao. Yehowa Ðasefowo lɔ̃a Biblia sɔsrɔ̃ kple amewo, gake míeƒonɛ ɖe ame aɖeke nu be wòava míaƒe subɔsubɔha me o. Ke boŋ míedzea agbagba fiaa nu siwo Biblia gblɔ la amewo bubutɔe, eye enɔa susu me na mí be ame sia ame ŋutɔe atia nu si dzi wòdi be yeaxɔ ase.—1 Petro 3:15.

 Ðe mate ŋu azã nye ŋutɔ nye Biblia?

 Ɛ̃, àte ŋu azã Biblia gɔmeɖeɖe ɖe sia ɖe si wò ŋutɔ nèdi. Togbɔ be edzɔa dzi na mí be míazã Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si gɔme sese le bɔbɔe eye wòde pɛpɛpɛ hã la, míese egɔme be edzɔa dzi na ame geɖe be yewoazã Biblia gɔmeɖeɖe si zazã ma wo.

 Ðe mate ŋu akpe ame bubuwo be míasrɔ̃ nua ɖekaea?

 Ɛ̃. Àte ŋu akpe wò ƒome bliboa alo xɔ̃wò ɖe sia ɖe si nèdi.

 Ke ne Yehowa Ðasefowo srɔ̃ nu kplim kpɔ ɖe, ɖe mate ŋu agasrɔ̃e akea?

 Ɛ̃. Le nyateƒe mea, àse vivi na nusɔsrɔ̃ sia wu bubu ɖe sia ɖe, elabe wotrɔ asi le nusɔsrɔ̃ yeye sia ŋu be wòasɔ ɖe amewo ƒe hiahiãwo nu le xexea me egbea. Wotrɔ asi le Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo sia ŋu be woànye dzeɖoɖo le wò kple nufialaa dome, eye fotowo kple videowo le nusrɔ̃gbalẽa me wu esiwo do ŋgɔ.

 Ðe mate ŋu asrɔ̃ Biblia le ɖokuinye si ame aɖeke ƒe kpekpeɖeŋu manɔmeea?

 Ɛ̃. Togbɔ be edzɔa dzi na nusrɔ̃vi geɖe be ame aɖe nakpe ɖe yewo ŋu yewoase Biblia gɔme hã, wo dometɔ aɖewo dina be yewoasrɔ̃ nua le yewo ɖokui si gbã. Biblia sɔsrɔ̃ ƒe dɔwɔnuwo kple nu numekugbalẽwo le míaƒe nyatakakadzraɖoƒea ƒe akpa si nye Bibliasɔsrɔ̃ Ƒe Dɔwɔnuwo, siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le wò Biblia sɔsrɔ̃ me. Dɔwɔnu siawo dometɔ aɖewoe nye: