Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 3

Ale Si Miakpɔ Kuxiwo Gbɔ

Ale Si Miakpɔ Kuxiwo Gbɔ

“Miɖe lɔlɔ̃ deto fia mia nɔewo, elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ geɖe dzi.”—1 Petro 4:8

Esi wò kple srɔ̃wò miedze srɔ̃ɖegbenɔnɔa gɔme la, kuxiwo ado mo ɖa godoo. Nu siwo gbɔ esia ate ŋu atsoe nye ale si miaƒe tamebubu, seselelãmewo kple agbenɔnɔ to vovoe ta. Ate ŋu atso nu bubuwo abe nɔnɔme siwo miele mɔ kpɔm na o ene hã gbɔ.

Ele bɔbɔe be miaŋe aɖaba aƒu kuxiawo dzi, gake Biblia xlɔ̃ nu mí be míakpɔ kuxiwo gbɔ. (Mateo 5:23, 24) Ne mietsɔ Biblia me nuxlɔ̃amewo wɔ dɔe la, miakpɔ kuxiawo gbɔ.

1 MIÐO DZE TSO KUXIA ŊU

NYA SI BIBLIA GBLƆ: “Nuƒoɣi li.” (Nyagblɔla 3:1, 7) Midze agbagba miadi ɣeyiɣi aɖo dze tso kuxia ŋu. Gblɔ nu si nèsusu kple ale si tututu nèse le ɖokuiwò me na srɔ̃wòa. ‘To nyateƒe’ nɛ ɣesiaɣi. (Efesotɔwo 4:25) Ne srɔ̃wòa do dziku vevie hã la, mègatsɔ dziku kpee o. Ne èɖo nya ŋu nɛ tufafatɔe la, awɔe be dzre madzɔ o.​—Lododowo 15:4; 26:20.

Ne mèda asi ɖe eƒe susua dzi o hã la, ƒo nu tufafatɔe, eye nàyi edzi alɔ̃ srɔ̃wòa ahade bubu eŋu ɣesiaɣi. (Kolosetɔwo 4:6) Mikpɔ nyawo gbɔ kaba, eye migalé ke mia nɔewo o.​—Efesotɔwo 4:26.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ:

  • Midi ɣeyiɣi si sɔ miaɖo dze tso kuxia ŋu

  • Ne srɔ̃wò le nu ƒom la, mègaxɔ nya le enu o. Aɖo wò hã dziwò be nàƒo nu

2 ÐO TO EYE NÀSE NU GƆME

NYA SI BIBLIA GBLƆ: “Milɔ̃ mia nɔewo vevie abe dadaviwo ene. Ame sia ame nedi be yeade bubu ye nɔvi ŋu gbã.” (Romatɔwo 12:10) Ale si nèɖoa to ne srɔ̃wò le nu ƒom la le vevie. Dze agbagba nàse srɔ̃wò ƒe nyawo gɔme le veveseɖeamenu kple ɖokuibɔbɔ me. (1 Petro 3:8; Yakobo 1:19) Mègawɔ abe ɖe nèle to ɖomee ene evɔ wò susu nanɔ nu bubu ŋu o. Ne anya wɔ la, ɖe asi le nu si wɔm nèle la ŋu eye nàɖo toe bliboe alo nàdoe ɖe egbɔ be yewoaɖo dze tso eŋu emegbe. Ne èbua srɔ̃wòa abe wò hadɔwɔla ene ke menye wò aɖikatɔ o la, màyɔ “ɖe dzikudodo ŋu o.”—Nyagblɔla 7:9.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ:

  • Lɔ̃ faa nàse eƒe susuwo ne eƒe nyawo do dziku na wò gɔ̃ hã

  • Se susu si tae srɔ̃wòa gblɔ nya ma ɖo gɔme. Lé ŋku ɖe ale si wòɖo moe kple gbe si wòtsɔ le nyaa gblɔmee la ŋu

3 MIWƆ ÐE NU SI MIEGBLƆ LA DZI

NYA SI BIBLIA GBLƆ: “Agbagbadzedze hea viɖe vɛ; ke nu kpoloe ƒoƒo hea hiã vɛ.” (Lododowo 14:23) Ne mienya lɔ̃ ɖe ale si miakpɔ kuxia gbɔe dzi ko la, miwɔ ɖe edzi. Esia abia kutrikuku geɖe, gake aɖe vi geɖe na mi. (Lododowo 10:4) Ne miewɔa nu aduadu la, miakpɔ “fetu nyui” ɖe miaƒe agbagbadzedzewo ta.​—Nyagblɔla 4:9.

NU SI MIATE ŊU AWƆ:

  • Mitso nya me le nu siwo tututu miawɔ atsɔ akpɔ kuxia gbɔ la ŋu

  • Minɔ nu siwo miete ŋu wɔ tso kuxia ŋu la me dzrom edziedzi