Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

CreativeDesignArt/DigitalVision Vectors via Getty Images

NƆ ŊUDZƆ!

Ðe Wòanya Wɔ Be Ame Ƒomeviwo Katã Nalé Nɔvisia?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Ðe Wòanya Wɔ Be Ame Ƒomeviwo Katã Nalé Nɔvisia?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Ame geɖe kpɔe be manya wɔ be ame ƒomeviwo katã nawɔ ɖeka ahalé nɔvisi o.

  •   “Le xexea me godooa, fuléle ame ƒomevi bubuwo va le abe aɖi wuame ene si le nu gblẽm le habɔbɔwo, hadomenuwɔnawo kple míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa ŋu. Vovototodede amewo me alea wɔe be amewo yi edzi le fu lém amewo.”—António Guterres, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔlagã.

 Ðe ame ƒomeviwo katã ava wɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu nyuie gbe ɖeka? Nya kae Biblia gblɔ?

Ale si Mawu bua ame ƒomeviwo katã

 Biblia na míenya ale si Mawu bua ame ƒomeviwo katã.

  •   “[Mawu na] dukɔ sia dukɔ dzɔ tso ame ɖeka me, be woanɔ anyigba blibo la dzi.”—Dɔwɔwɔwo 17:26.

  •   “Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya ƒe nue dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

 Biblia na míenya be amegbetɔwo katã dzɔ tso ƒome ɖeka me eye Mawu lɔ̃ ame ƒomevi ɖe sia ɖe, ŋutigbalẽ ka kee ɖale amea si o.

Nu si ana ame ƒomeviwo katã nawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu nyuie

 Mawu Fiaɖuƒea, si nye dziɖuɖu si le dziƒoa, koe ate ŋu ana ame ƒomeviwo katã nalɔ̃ wo nɔewo. Dziɖuɖu ma afia amewo ale si woawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu nyuie. Amewo asrɔ̃ ale si woaɖe asi le nɔnɔme ɖe sia ɖe si le wo me si nana woléa fu amewoa ŋu.

  •   ‘Anyigbadzinɔlawo asrɔ̃ dzɔdzɔenyenye.’—Yesaya 26:9.

  •   “Dzɔdzɔenyenye vavãtɔ me tsonu anye ŋutifafa, eye dzɔdzɔenyenye vavãtɔ ƒe kutsetse anye tomefafa kple dedienɔnɔ tegbee.”—Yesaya 32:17.

 Egbea gɔ̃ hãa, Biblia sɔsrɔ̃ le kpekpem ɖe ame miliɔn geɖewo ŋu be woawɔ nu ɖe amewo ŋu nyuie ahade bubu wo nɔewo ŋu.