Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xexe Si Me Nazãbubu Manɔ O—Ɣekaɣie Wòava?

Xexe Si Me Nazãbubu Manɔ O—Ɣekaɣie Wòava?

“MELE mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖe.” Martin Luther King, Jr., si nye Amerika dukɔmeviwo ƒe gomenɔamesi habɔbɔ ƒe ŋgɔnɔla ye gblɔ nya ma ƒe blaatɔ̃e nye esia, le August 28, 1963 dzi, le eƒe dutoƒonuƒo si xɔ ŋkɔ wu la me. Aƒetɔ King to nya ma, si wògblɔ enuenu le eƒe nuƒoa me la, dzi ɖe nu si wònɔ mɔ kpɔm na la gblɔ be amegbetɔwo ava vo tso nazãbubu ɖe ame ƒomevi aɖewo ŋu ƒe kuxia me gbe ɖeka. Togbɔ be Amerika dukɔmeviwoe wòɖe eƒe didia gblɔ na hã la, dukɔ geɖewo va da asi ɖe susu vevi si le eƒe nyawo me la dzi.

Martin Luther King, Jr., esime wònɔ amegbetɔwo ƒe gomenɔamesi ŋuti nuƒoa ƒom

Le November 20, 1963 dzi, si nye ɣleti etɔ̃ le aƒetɔ King ƒe nuƒoa megbe la, dukɔ siwo wu 100 da asi ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Nyametsotso Ku Ðe Vovototodedeameme Ƒomeviwo Katã Ðeɖe Ða Ŋu ƒe ɖoɖoa dzi. Dukɔwo va da asi ɖe nyametsotso bubuwo hã dzi le ƒe siwo kplɔe ɖo me le xexea me godoo. Agbagba siwo katã wodze le nya sia me la ana amewo nabia be, Nu kae do tso eme?

Le March 21, 2012 dzi la, Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Dɔdzikpɔlagã Ban Ki-moon gblɔ be: “Wowɔ nyametsotso veviwo eye woɖo habɔbɔwo anyi le xexea me godoo hewɔ ɖoɖo ɖe woƒe dɔa ŋu tsitotsito be woaxe mɔ ɖe fuléle amewo le woƒe ŋutigbalẽ ƒe vovototo ta, vovototodedeameme, fuléle dukɔ bubu me tɔwo kple nazãbubu nu ahaɖe wo ɖa keŋkeŋ. Ke hã fuléle amewo le woƒe ŋutigbalẽ ta gakpɔtɔ nye kuxi si na ame miliɔn geɖe le fu kpem le xexea me godoo.”

Le dukɔ siwo me wowɔ ŋgɔyiyi aɖe si nu le be woatsɔ akpɔ vovototodedeameme kple nazãbubu ƒomevi bubuwo ƒe kuxia gbɔ me gɔ̃ hã la, biabiaa gakpɔtɔ li be: Ðe ŋgɔyiyi siwo wowɔ la ɖe nazãbubu ƒe seselelãmewo ɖa keŋkeŋ le amewo ƒe dzi me loo alo ɖeko wòɖe ale si amewo ɖea seselelãme mawo fianae la dzi kpɔtɔ? Ame aɖewo xɔe se be nu si wote ŋu wɔ koe nye be woxe mɔ ɖe vovototodedeameme nu va se ɖe afi aɖe, gake womete ŋu ɖe nazãbubu ya ɖa kura o. Nu ka tae? Nu si tae ye nye be vovototodedeameme nye nu si dzena gaglãa eye wohea to na ame le se nu ɖe eta, gake ame ƒe dzi kple susu mee nazãbubu ya nɔna, eya ta womate ŋu ade se ɖe enu o.

Eya ta hafi woaɖe nazãbubu ɖa keŋkeŋ la, menye ɖeko woaɖe vovototodedeameme ƒe nuwɔnawo dzi akpɔtɔ o, ke ehiã hã be woana amewo natrɔ susu si wobuna ɖe ame bubuwo ŋu kple ale si wosena le wo ɖokuiwo me ɖe wo ŋui hã. Ðe esia anya wɔ vavã? Ne anya wɔ la, ke aleke? Na míadzro ame aɖewo ƒe agbemenudzɔdzɔ siwo ana míakpɔe be menye ɖeko wòanya wɔ be amewo natrɔ ko o, ke nane li si ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woatrɔ la me.

BIBLIA KPE ÐE WO ŊU WOÐU NAZÃBUBU DZI

“Fifia mevo tso nazãbubu si me.”—Linda

Linda: Wodzim le South Africa. Tsã la, mebua South Afrikatɔ siwo menye yevuwo o la be wonye ame tsɛwo, ame manyagbalẽwo kple ame siwo dzi womate ŋu aka ɖo o, eye be ɖeko woli be woasubɔ yevuwo. Meva zu nazãbula, evɔ nye ŋutɔ nyemenya gɔ̃ hã o. Gake esi medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme ko la, meva te asiɖeɖe le nɔnɔme sia ŋu. Mesrɔ̃e be “Mawu mekpɔa ame ŋkume o” eye nu si le míaƒe dzi me la le vevie nɛ wu míaƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede alo gbe si míedona. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35; Lododowo 17:3) Nya si le Filipitɔwo 2:3 kpe ɖe ŋunye mekpɔe be, ne mebu ame bubuwo be wonye gã wum la, akpe ɖe ŋunye maɖu nazãbubu dzi. Wɔwɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siawo tɔgbi dzi kpe ɖe ŋunye be meva tsɔ ɖe le eme na ame bubuwo, woɖanye  yevuwo alo ame yibɔwo o. Fifia mevo tso nazãbubu si me.

“Meva kpɔ ale si Mawu bua amewoe la dze sii.”—Michael

Michael: Nuto aɖe si me Australia yevuwo sɔ gbɔ ɖo mee menɔ tsi, eye nyemelɔ̃a Asiatɔwo ƒe nya kura o, vevietɔ Chinatɔwo. Ne mele ʋu kum eye mekpɔ ame aɖe si ɖi Asiatɔ la, meʋua nye ʋu ƒe fesrea hedoa mo ɖa doa ɣli ɖe eta gblɔa gbɔɖiamenyawo abe, “Asiatɔ, dzo yi mia de!” ene ɖe eŋu. Emegbe esi medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, meva kpɔ ale si Mawu bua amewoe la dze sii. Afi ka kee amewo ɖatso alo aleke kee woƒe dzedzeme le o, elɔ̃a wo. Esia wɔ dɔ ɖe dzinye medzudzɔ fuléle amewo helɔ̃ wo boŋ. Ewɔ nuku nam ŋutɔ be mewɔ tɔtrɔ gã sia. Fifia dzi dzɔam ŋutɔ be made ha kple dukɔ vovovo me tɔwo kpakple ame ƒomevi ɖe sia ɖe. Esia wɔe be meva se agbea gɔme ɖe edzi eye mele dzidzɔ geɖe wu kpɔm.

“Meɖɔ nye nukpɔsusu ɖo, eye mewɔ ŋutifafa.”—Sandra

Sandra: Danye tso Umunede le Delta State, Nigeria. Gake fofonye ya tso Edo State, eye wo degbee nye Esangbe. Le vovototo siawo ta la, fofonye ƒe ƒometɔwo lé fu danye kaɖikaɖi va se ɖe eƒe kugbe. Eya ta meka atam be nyemade ha kple Esangbedola aɖeke o eye nyemaɖe ame aɖe si tso Edo State gbeɖe o. Gake esi medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, nukpɔsusu nyuitɔ va su asinye. Esi wònye be Biblia gblɔ be Mawu mekpɔa ame ŋkume o eye ame sia ame si vɔ̃nɛ la ƒe nu dzea eŋu ta la, ame kae menye be malé fu amewo le to si me tɔwo wonye alo gbe si wodona ta? Meɖɔ nye nukpɔsusu ɖo, eye mewɔ ŋutifafa kple fofonye ƒe ƒometɔwo. Biblia me mɔfiamewo dzi wɔwɔ na mele dzidzɔ kpɔm eye nye dzi dze eme. Ewɔe hã be metea ŋu nɔa anyi kple ame siwo tso teƒe vovovowo, gbe bubu dolawo, ame siwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo kple dukɔ bubu me tɔwo le ŋutifafa me. Àbia be afi kae ŋutsu si meɖe la tso? Etso Edo State eye wòdoa Esangbe!

Nu ka tae Biblia te ŋu kpe ɖe ame siawo kple ame bubu geɖewo ŋu woɖu fuléle kpakple nazãbubu si ƒo ke ɖe to ɖe woƒe dzi me la dzi? Esi Biblia nye Mawu ƒe Nya tae. Ŋusẽ le eŋu be wòatrɔ ale si míebua  amewoe kple ale si míesena le mía ɖokui me ɖe wo ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, Biblia gblɔ nu bubu si hiã hafi woate ŋu aɖe nazãbubu ƒomevi ɖe sia ɖe ɖa.

MAWU ƑE FIAÐUƑEA AÐE NAZÃBUBU ÐE SIA ÐE ƑOMEVI ÐA

Togbɔ be Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòaɖu seselelãme manyomanyo siwo nu sẽ dzi hã la, nu eve bubu aɖewo li siwo wòle be woaɖe ɖa hafi míate ŋu aɖu nazãbubu dzi keŋkeŋ. Gbãtɔe nye nu vɔ̃ kple blibomademade si ƒe dome míenyi. Biblia gblɔ eme kɔ ƒãa be: “Amegbetɔ aɖeke megbea nu vɔ̃ wɔwɔ o.” (1 Fiawo 8:46) Eya ta aleke kee míeɖadze agbagbae o, ʋiʋli si yi edzi le apostolo Paulo me la ɖea fu na míawo hã; egblɔ be: “Ne medi be mawɔ nu si sɔ la, nu vɔ̃ɖi boŋ nɔa menye.” (Romatɔwo 7:21) Eya ta ɣeaɖewoɣi la, míaƒe dzi madebliboa agate ŋu ava nɔ “susu vɔ̃wo” ŋu bum, si awɔe be míabu nazã ɖe ame bubuwo ŋu.—Marko 7:21.

Eveliae nye Satana Abosam ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi. Biblia gblɔ be “amewulae” wònye eye wògblɔ hã be enye “ame si le anyigba dzi nɔlawo katã blem.” (Yohanes 8:44; Nyaɖeɖefia 12:9) Ema ɖe nu si tae nazãbubu xɔ aƒe ɖi alea gbegbe kple nu si tae amegbetɔwo mete ŋu le nazãbubu, vovototodedeameme, ame ƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa kple fuléle dukɔ, subɔsubɔha kpakple to bubu me tɔwo ɖem ɖa o la fia.

Eya ta hafi woate ŋu aɖe nazãbubu ɖa keŋkeŋ la, ele be woaɖe nu vɔ̃ si ƒe dome amegbetɔwo nyi, blibomademade kple Satana Abosam ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ɖa. Biblia ɖee fia be Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖe nu siawo ɖa.

Yesu Kristo fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa na Mawu ale: “Wò fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã.” (Mateo 6:10) Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzie woato aɖe vovototodedeameme kple nazãbubu kpakple nu madzɔmadzɔ ɖe sia ɖe ƒomevi ɖa keŋkeŋ.

Ne Mawu ƒe Fiaɖuƒea va eye wòle anyigba katã dzi ɖum la, ‘woabla’ Satana, si fia be woaxe mɔ nɛ keŋkeŋ ale be “wòagakplɔ dukɔwo atrae azɔ o.” (Nyaɖeɖefia 20:2, 3) Ekema ‘anyigba yeye, si me dzɔdzɔenyenye anɔ,’ alo amegbetɔƒome siwo anye nu dzɔdzɔe wɔlawo la anɔ anyigba dzi. *2 Petro 3:13.

Woana ame dzɔdzɔe siwo anɔ anyigba dzi ɣemaɣi la nade blibo eye nu vɔ̃ maganɔ wo ŋu o. (Romatɔwo 8:21) Mawu Fiaɖuƒea teviwo ‘mawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ’ avɛ hã o. Nu ka tae? ‘Elabena sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi.’ (Yesaya 11:9) Ɣemaɣi la, amewo katã asrɔ̃ Yehowa Mawu ƒe amelɔlɔ̃ kple eƒe mɔwo. Ɣemaɣie nazãbubu ɖe sia ɖe ƒomevi nu ayi keŋkeŋ, “elabena ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke mele Mawu gbɔ o.”—Romatɔwo 2:11.

^ mm. 17 Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso Mawu Fiaɖuƒea kple nu si wòava wɔ kpuie ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 3, 8 kple 9 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.