Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 DZEÐOÐO KPLE AƑELIKA

Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Dze Dziɖuɖu Gɔme? (Akpa 2)

Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Dze Dziɖuɖu Gɔme? (Akpa 2)

Na míakpɔ ale si Yehowa Ðasefowo ɖoa dze kple amewoe la ƒe kpɔɖeŋu aɖe ɖa. Tsɔe be Ðasefo si ŋkɔe nye Senyo trɔ yiŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Keli gbɔ le eƒeme.

ŊKUÐOÐO NEBUKADNEZAR ƑE DRƆ̃E LA ME NYAWO DZI KPUIE

Senyo: Keli, Edzɔ dzi nam ŋutɔ be míegado go. Míaƒe Biblia-sɔsrɔ̃ kwasiɖa sia kwasiɖa doa dzidzɔ nam ŋutɔ. * Aleke nèfɔe?

Keli: Mefɔ nyuie.

Senyo: Akpe na Mawu. Esi meva nyitsɔa míedzro susu siwo tae Yehowa Ðasefowo gblɔna be ƒe 1914 mee Mawu Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme. * Le míaƒe numedzodzroa me la, míekpɔ kpeɖodzi vevi aɖewo le Biblia ƒe agbalẽ si nye Daniel ta 4 lia me. Èɖo ŋku nya siwo wogblɔ le afi ma dzia?

Keli: Ɛ̃, meɖo ŋkui. Woƒo nu tso drɔ̃e si Fia Nebukadnezar ku tso ati gã aɖe ŋu la ŋu.

Senyo: Nenema tututue. Nebukadnezar ku drɔ̃e tso ati gã nyadri aɖe si kɔ ɖatɔ keke dziŋgɔli ke. Eyome esee Mawu ƒe dɔla ɖe gbe be woalã ati la aƒu anyi, gake woagblẽ eƒe takpoea ɖe to me. Le “azã adre” (alo “ɣeyiɣi adre”) megbe la, atia agadze ake. * Míedzro nu si tae nyagblɔɖi sia ava eme zi eve la hã me. Èɖo ŋku emevava gbãtɔa dzia?

Keli: Ɛ̃, eva eme ɖe Nebukadnezar ŋutɔ dzi, alo menye nenemae oa? Eƒe tagbɔ da hena ƒe adre sɔŋ.

Senyo: Edze agbagba ŋutɔ. Nebukadnezar ƒe tagbɔ da hena ɣeyiɣi aɖe, si na eƒe dziɖuɖua me tso. Gake nyagblɔɖia ƒe mevava gãtɔa ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu. Eƒe dziɖuɖua me atso hena ɣeyiɣi adre. Abe ale si míekpɔe ene la, ɣeyiɣi adre la dze egɔme esime wotsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me. Tso ɣemaɣi ke la, fia aɖeke meganɔ Yehowa Mawu teƒe nɔ eƒe amewo dzi ɖum le anyigba dzi o. Gake le ɣeyiɣi adrea ƒe nuwuwu la, Mawu atia Fia aɖe si aɖu eƒe amewo dzi—fia sia anɔ dziƒo. Ne míagblɔe bubui la, ɣeyiɣi adrea ƒe nuwuwu ye Mawu Fiaɖuƒea adze dziɖuɖu gɔme le dziƒo. Azɔ hã míeƒo nu tso ɣeyiɣi si ɣeyiɣi adrea dze egɔme. Ne míenya ɣeyiɣi adrea ƒe didime la, ekema míate ŋu anya ɣeyiɣi si Mawu Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme. Eme le kɔkɔm ɖe!

Keli: Ɛ̃, numetoto sia na megaɖo ŋku nyawo dzi nyuie.

Senyo: Enyo ŋutɔ. Azɔ na míadzro eme ayi ŋgɔ vie ale be míakpɔ ɣeyiɣi adrea ƒe didime. Ðeko megaxlẽ nu tso nya sia ŋu koe nye esia ale be mate ŋu aɖo ŋku nya veviawo dzi. Madze agbagba aɖe eme na wo ale si mate ŋui.

Keli: Yoo.

 ƔEYIƔI ADREA WU ENU—ŊKEKE MAMLƐAWO DZE EGƆME

Senyo: Le nyagblɔɖia ƒe mevava gbãtɔ si ku ɖe Nebukadnezar ŋu la, ɣeyiɣi adrea ƒe didime nye ƒe adre ŋutɔŋutɔ. Gake le emevava gã tɔ si ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu la, ɣeyiɣi adrea adidi wu ƒe adre ko.

Keli: Nu ka tae?

Senyo: Gbã la, ɖo ŋku edzi be ɣeyiɣi adrea dze egɔme esime wotsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607  D.Y. Ne míedze ƒeawo xexlẽ gɔme tso ɣemaɣi la, ƒe adrea awu enu le ƒe 600  D.Y. Gake nu ɖedzesi aɖeke medzɔ le ƒe ma me ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu o. Abe ale si míegblɔe va yi enea, ƒe alafa geɖe megbe tso ɣemaɣi hafi Yesu va anyigba dzi, gake egblɔ be ɣeyiɣi adrea mekpɔ wu enu o.

Keli: Nyateƒee. Meɖo ŋku edzi azɔ.

Senyo: Eya ta, ɣeyiɣi adrea adidi wu ƒe adrea ŋutɔŋutɔ.

Keli: Ƒe nenie wòanye?

Senyo: Nenema tututue. Biblia gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia kpe ɖe mía ŋu míenya ɣeyiɣi adre si ŋu woƒo nu tsoe le Daniel ƒe agbalẽa me ƒe didime, elabena agbalẽ eve siawo de nu wo nɔewo me. Ena míenya be ɣeyiɣi etɔ̃ kple afã ƒe didimee nye ŋkeke 1,260. * Eya ta ɣeyiɣi adre nye ɣeyiɣi etɔ̃ kple afã ƒe teƒe eve si nye ŋkeke 2,520. Èle egɔme sema?

Keli: Ɛ̃, mele egɔme sem. Gake nyemekpɔ ale si esia ɖee fiae be Mawu Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme le ƒe 1914 me o.

Senyo: Enyo, na míakpɔe ɖa be míate ŋu akpɔ ƒomedodo si le ƒe 1914 kple ɣeyiɣi si Mawu Fiaɖuƒea adze dziɖuɖu gɔme la dome mahã. Ne míebui be ŋkeke ɖeka le tsitre ɖi na ƒe ɖeka la, * ekema ɣeyiɣi adreawo atsi tre ɖi na ƒe 2,520. Ne míexlẽe tso ƒe 607 D.Y. dzi la, ƒe 2,520 akplɔ mí va ƒe 1914. * Aleae míewɔ nya be ƒe 1914 mee ɣeyiɣi adreawo wu enu ɖo, eye ƒe sia mee Yesu dze dziɖuɖu gɔme abe Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ene. Tso keke ƒe 1914 me la, nu ɖedzesi siwo Biblia gblɔ ɖi tso ŋkeke mamlɛawo ŋu la te dzɔdzɔ le xexea me.

Keli: Nu ɖedzesi kawoe?

Senyo: Bu nya si Yesu gblɔ le Mateo 24:7 me ŋu kpɔ. Yesu gblɔ be ɣeyiɣi si yeadze dziɖuɖu gɔme le dziƒo la: “Dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu, nuɖuɖu ave, eye anyigba aʋuʋu, le teƒeteƒewo.” De dzesii be Yesu gblɔe ɖi be nuɖuɖu ave eye anyigba aʋuʋu le ɣeyiɣi ma me. Nu siawo le dzɔdzɔm le xexea me tso ƒe alafa si va yi me wu gbɔgblɔ. Alo me mekpɔe nenema oa?

Keli: Nyateƒee nèto.

Senyo: Le kpukpui sia ke me la, Yesu gblɔe ɖi be aʋawɔwɔ anɔ edzi yim esime yeanye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia. Eye menye ɖeko Biblia gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia gblɔe ɖi be aʋawɔwɔ anɔ anyi o ke anɔ edzi le anyigbaa ƒe teƒeteƒewo le nuwuɣia me. * Èɖo ŋku ɣesiɣi si me xexemeʋa gbãtɔa dzɔ la dzia?

Keli: Ɛ̃, ƒe 1914 mee wòdzɔ. Ðe menye ƒe ma tututu gblɔm nèle be Yesu dze dziɖuɖu gɔme oa? Nyemebui nenema kpɔ o ɖe!

Senyo: Ne míelé ŋku ɖe numeɖeɖe siwo ku ɖe azã adre kpakple Biblia me nyagblɔɖi bubu siwo  ku ɖe nuwuɣia ŋu la, míakpɔe be susu le eme. Yehowa Ðasefowo ka ɖe edzi be Yesu dze fiaɖuɖu gɔme abe Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia le ƒe 1914 me, eye ŋkeke mamlɛawo hã dze egɔme le ƒe ma ke me. *

Keli: Mele agbagba dzem be mase nu bliboa gɔme.

Senyo: Mese egɔme na wò. Abe ale is megblɔe na wò va yi enea, exɔ ɣeyiɣi geɖe hafi nye ŋutɔ hã mete ŋu se nu bliboa gɔme nyuie. Gake meka ɖe edzi be, míaƒe dzeɖoɖoa kpe ɖe ŋuwò nèkpɔe be togbɔ be womeyɔ ƒe 1914 le Biblia me tẽe o hã la, Ŋɔŋlɔawo dzie Yehowa Ðasefowo tu nu si dzi woxɔ se tso ƒe ma ŋu la ɖo.

Keli: Nyateƒee, esia wɔa nuku nam ŋutɔ—mietsɔa ŋɔŋlɔawo ɖoa kpe nya sia nya si miegblɔna la dzi godoo. Menye miawo ŋutɔwo ƒe susuwoe miegblɔna o. Gake nu si ɖe fu nam koe nye ale si gbegbe nya sia gɔme sese sesẽe. Nu ka tae Mawu megblɔe na mí le Biblia me ko be ƒe 1914 mee Yesu adze dziɖuɖu gɔme le dziƒo o?

Senyo: Biabia nyui aɖee nye ema. Keli, le nyateƒe me la, nu geɖewo ŋutɔ li siwo ŋu Ŋɔŋlɔawo meƒo nu le tẽe o. Ke nu ka tae Mawu na woŋlɔ Biblia ale gbegbe be ahiã be amewo nado vevie nu hafi ase egɔme? Ðewohĩ anyo be míaƒo nu tso nya sia ŋu ne megatrɔ va.

Keli: Adzɔ dzi nam ŋutɔ.

Ðe Biblia ƒe nufiafia aɖewo gɔme sese sesẽna na wòa? Ðe Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔse alo woƒe subɔsubɔnuwɔna aɖe li si gɔme nàdi be yeasea? Ne nenemae la, àte ŋu ate ɖe Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka ŋu abiae faa. Adzɔ dzi na wo be yewoadzro eme kpli wò.

^ mm. 5 Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Biblia kple woƒe aƒelikawo le ɖoɖo nu edziedzi femaxee.

^ mm. 7 Kpɔ nyati si nye “Dzeɖoɖo Kple Aƒelika—Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Dze Dziɖuɖu Gɔme?—Akpa 1” le October 1, 2014, ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 24 Kpɔ aɖaka si nye “Drɔ̃e Si Nebukadnezar Ku Tso Ati Gã La Ŋu.”

^ mm. 30 Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 9 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.