Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE SATANA LI ŊUTƆŊUTƆA?

Amee Satana Nyea Alo Vɔ̃ɖinyenye Ko Wòle Tsitre Ði Na?

Amee Satana Nyea Alo Vɔ̃ɖinyenye Ko Wòle Tsitre Ði Na?

Ele bɔbɔe ŋutɔ be woaxɔe ase be Satana si ŋu míexlẽa nu tsoe le Biblia me la le tsitre ɖi na nu sia nu si nye vɔ̃. Gake nyateƒee wònye be nu mae Biblia fia? Ne nenemae la, nu ka tae Biblia gblɔ be Satana ƒo nu kple Yesu Kristo kpakple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋutɔ hã? Kpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu eve aɖewo ɖa.

ESI SATANA ƑO NU KPLE YESU

Esi Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme la, Abosam dze agbagba be yeablee de nu vɔ̃ me esi wòtee kpɔ zi etɔ̃ sɔŋ. Gbã la, Satana dze agbagba be yeaƒoe ɖe Yesu nu wòazã ŋusẽ si Mawu nae la atsɔ atsi eƒe dɔwuame nu ɖokuitɔdiditɔe. Eyome Abosam tee kpɔ gɔ̃ hã be yeana Yesu nahe amewo ƒe susu ava eɖokui dzi madzemadzee si ana wòade eƒe agbe afɔku me dzodzro. Mlɔeba, Satana gblɔ na Yesu be yeatsɔe aɖo xexea me fiaɖuƒewo katã nu ne enya de da agu na ye ko. Yesu zã Ŋɔŋlɔawo le Satana ƒe amebeble aɖaŋutɔe etɔ̃awo katã me tsɔ gbe eƒe nyawo.Mateo 4:1-11; Luka 4:1-13.

Ame kae Yesu nɔ nu ƒom na? Nu vɔ̃ aɖe si nɔ eya ŋutɔ me yea? Ŋɔŋlɔawo gblɔ be ‘wodo Yesu kpɔ le go sia go me abe mía ŋutɔwo ke ene, gake nu vɔ̃ mele eŋu o.’ (Hebritɔwo 4:15) Biblia gblɔ hã be: “Mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, eye womekpɔ beble le eƒe nu me hã o.” (1 Petro 2:22) Yesu kpɔtɔ nye ame deblibo, eye wònye ame maɖifɔ. Meɖe mɔ nu vɔ̃ ƒe nɔnɔme aɖeke ge ɖe eyama me o. Edze ƒãa be menye nu vɔ̃ aɖe si nɔ Yesu ŋutɔ mee wònɔ nu ƒom na o, ke boŋ ame aɖee wònɔ nua ƒom na.

Dzeɖoɖo si yi edzi le wo dome la ɖo kpe edzi be Satana nye ame si li ŋutɔŋutɔ.

  • Ðo ŋku edzi be Abosam gblɔ na Yesu be yeatsɔ xexea me fiaɖuƒewo katã anae ne enya de ta agu na ye ko. (Mateo 4:8, 9) Ne menye ame si li ŋutɔŋutɔe Satana nye o la, ekema gɔmesese aɖeke manɔ nya ma ŋu o. Gakpe ɖe eŋu la, Yesu megblɔ be ŋusẽ mele esi wòawɔ nu si gblɔm wòle o.

  • Esi Yesu ɖu Abosam ƒe tetekpɔawo dzi ta la, Abosam ‘dzo le egbɔ hena ɣeyiɣi bubu si agasɔ nɛ.’ (Luka 4:13) Le nya siawo me la, ɖe nèsusu be nu vɔ̃ ƒe nɔnɔme aɖee Satana nye loo alo futɔ si ɖo vɔ̃ ɖe tamee wònye?

  • De dzesii be ‘mawudɔlawo va subɔ’ Yesu. (Mateo 4:11) Ðe mawudɔla mawo nye gbɔgbɔmeme ŋutɔŋutɔ siwo va nɔ dzi dem ƒo na Yesu henɔ kpekpeɖeŋu nameea? Ɛ̃. Ke nu ka tae wòle be míasusui be menye gbɔgbɔmeme si li ŋutɔŋutɔe Satana nye o, ke boŋ nu bubu aɖe koe wònye??

 ESI SATANA ƑO NU KPLE MAWU

Kpɔɖeŋu evelia ku ɖe mawuvɔ̃la Hiob ƒe ŋutinya ŋu. Ŋutinya sia ƒo nu tso dzeɖoɖo eve siwo yi edzi le Abosam kple Mawu dome ŋu. Le go eveawo katã me la, Mawu kafu Hiob ɖe eƒe fɔmaɖimaɖi ta. Satana gblɔ be ɖokuitɔdidi tae Hiob le Mawu subɔm ɖo, nu si wòwɔnɛ ye nye be nu si Mawu nae tae wòle esubɔm ɖo. Ne míagblɔe la, Abosam le gbɔgblɔm be yenya Hiob nyuie wu ale si Mawu nyae. Yehowa ɖe mɔ na Satana be wòagblẽ Hiob ƒe nunɔamesiwo katã dome; Satana wu viawo eye wòkplɔ dɔléle vɔ̃ɖi aɖe ƒu eya ŋutɔ hã. * Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva dze ƒãa be Yehowae nya Hiob nyuie wu eye be Satana nye alakpatɔ. Mawu yra Hiob le eƒe nuteƒewɔwɔ ta.Hiob 1:6-12; 2:1-7.

Le dzeɖoɖo mawo siwo yi edzi le Mawu kple Satana dome la, nu vɔ̃ aɖe si nɔ Yehowa ŋutɔ mee Yehowa nɔ nu ƒom na? Biblia gblɔ be: “Mawu ƒe mɔ de blibo.” (2 Samuel 22:31) Mawu ƒe Nyaa gblɔ hã be: “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Aƒetɔ [Yehowa], Mawu ŋusẽkatãtɔ” la. (Nyaɖeɖefia 4:8) Kɔkɔe fia nu si le dzadzɛ, nu si woɖe ɖe vovo tso nu vɔ̃ ŋu. Yehowa de blibo eye kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele eŋu o. Vɔ̃ aɖeke mate ŋu anɔ eme kura o.

Esi Satana ƒo nu kple Mawu vɔ la, ehe vɔ̃ gã aɖe va Hiob dzi

Ke hã ame aɖewo ʋlia nya be Hiob kura gɔ̃ hã menye ame ŋutɔŋutɔ o, eya ta dzeɖoɖo siwo katã yi edzi ku ɖe Hiob ŋu nye nyakpakpa. Gake ɖe susu le nya ma mea? Biblia me kpukpui aɖe gblɔ be ame ŋutɔŋutɔe Hiob nye. Le kpɔɖeŋu me, míekpɔe be woƒo nu tso Hiob ŋu le Yakobo 5:7-11 be esi wòdo dzi to nɔnɔme sesẽwo me la, eɖo dzidodo ƒe kpɔɖeŋu ɖi na Kristotɔwo eye esia nye ŋkuɖodzinya fakɔname be Yehowa ɖoa eteƒe na ame siwo doa dzi alea. Ne Hiob menye ame ŋutɔŋutɔ si Satana tɔ ŋkui o ke nyakpakpa dzro koe eƒe ŋutinyaa nye la, ɖe viɖe aɖe anɔ eƒe kpɔɖeŋua ŋua? Gakpe ɖe eŋu la, woyɔ Hiob le Xezekiel 14:14, 20 kpe ɖe Noa kple Daniel ŋu be wonye ŋutsu etɔ̃ siwo nye ame dzɔdzɔewo. Hiob nye ame ŋutɔŋutɔ si si xɔse gã aɖe le abe Noa kple Daniel ke ene. Ne Hiob nye ame ŋutɔŋutɔ la, ɖe futɔ si tɔ ŋkui, si he yometitia va edzi la hã manye ame ŋutɔŋutɔ oa?

Biblia ɖee fia eme kɔ ƒãa be ame ŋutɔŋutɔ si nye gbɔgbɔmemee Satana nye. Gake ɖewohĩ àbia be: ‘Ðe Satana ate ŋu agblẽ nu le nye kple nye ƒomea ŋu egbea le xexe deŋgɔ sia mea?’

KE EGBEA YA ÐE?

Tsɔe be nu vlo wɔha aɖe va do ɖe dugãa me bibibi. Esia ana amewo ƒe dedienɔnɔ kple agbe nyui nɔnɔ nayi to godoo. Azɔ bu nya sia si sɔ kple kpɔɖeŋu ma ŋu kpɔ: Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo nye gbɔgbɔmeme siwo li ŋutɔŋutɔ; gbɔgbɔ vɔ̃wo hã dze aglã ɖe Mawu ŋu abe Satana ke ene, eye wotsɔ wo kple Satana siaa ƒu gbe ɖe anyigba ƒe nutowo me. Nu kae ado tso eme? ya bu nu siwo dzɔna le miaƒe nutoa me kple duta ŋuti nyatakakawo ŋu kpɔ.

  • Ðe nèkpɔe be ŋutasẽnuwɔwɔ manyatalenuwo le dzidzim ɖe edzi togbɔ be wole agbagba dzem kpem le xexea me godoo be woadzudzɔe gɔ̃ hã?

  • Ðe nèkpɔe be modzakaɖeɖe siwo me gbɔgbɔyɔyɔ bɔ ɖo la le dzidzim ɖe edzi togbɔ be dzila geɖe tsi dzimaɖi be modzakaɖeɖe sia ava gblẽ vi na wo gɔ̃ hã?

  • Ðe nèkpɔe be anyigba ƒe teƒeteƒewo dome le gbegblẽm togbɔ be wole agbagba dzem be woakpɔ wo ta gɔ̃ hã?

  • Ðe wòwɔ na wò be nane gblẽ le ameƒomea ŋu vevie abe ɖe nane le asi tutum ʋume na amegbetɔwo ɖo ta gbegblẽ me enea?

Taflatsɛ de dzesi ame siwo Biblia gblɔ be woawɔe le megbe na nu manyatalenu siwo le edzi yim. Egblɔ be: “Wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, si woyɔna be Abosam kple Satana, ame si le anyigba dzi nɔlawo katã blem la, ƒu gbe; wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe kpe ɖe eŋu. . . . Baba na anyigba kple atsiaƒu, elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum vevie, elabena enya be ɣeyiɣi vi aɖe koe le ye si.” (Nyaɖeɖefia 12:9, 12) Esi ame geɖe lé ŋku ɖe kpeɖodziawo ŋu vɔ la, woƒo nya ta be Satana nye gbɔgbɔmeme vɔ̃ɖi aɖe, si le adeklo dzi be yeakplɔ anyigba dzi tɔwo katã atrae.

Ðewohĩ àbia ɖokuiwò be aleke yeawɔ akpɔ ye ɖokui ta mahã. Enyo be nàbu nya sia ŋu. Nyati si kplɔe ɖo akpe ɖe ŋuwò nànya nu si nàwɔ.

^ mm. 12 Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.