Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI | NU KA TAE VƆ̃ DZƆNA ÐE AME NYUIWO DZI?

Nu Si Mawu Awɔ Tso Fukpekpe Ŋu

Nu Si Mawu Awɔ Tso Fukpekpe Ŋu

Biblia gblɔ nu si Yehowa kple Via, Yesu Kristo, awɔ tso fukpekpe siwo Satana Abosam he va ameƒomea dzi ŋu la na mí eme kɔ nyuie. Biblia gblɔ be: ‘Susu si ta woɖe [Yesu] Mawu ƒe Vi la ɖe goe nye be, wòagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me.’ (1 Yohanes 3:8) Woaɖe fifi nuɖoanyi sia si me ŋukeklẽ, fuléle, kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ xɔ aƒe ɖo la ɖa keŋkeŋ. Yesu gblɔe ɖi be ‘woava ɖe’ Satana Abosam, si nye “xexe sia dzi ɖula la ɖa.” (Yohanes 12:31) Ne woɖe Satana ɖa alea vɔ la, woaɖo xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la anyi, eye ŋutifafa axɔ aƒe ɖe anyigba dzi.2 Petro 3:13.

Ke ame siwo gbe gbidii be yewomatrɔ le yewoƒe mɔ vɔ̃wo dzi o eye wogakpɔtɔ le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzi ya ɖe? De ŋugble le ŋugbedodo sia si me kɔ nyuie la ŋu kpɔ: “Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.” (Lododowo 2:21, 22) Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu gbegblẽ wɔwɔwo nu ayi keŋkeŋ. Le ŋutifafa ƒe ɣeyiɣi ma me la, woana amegbetɔ toɖolawo navo tso blibomademade si ƒe dome wonyi la me vivivi.Romatɔwo 6:17, 18; 8:21.

Nu kae Mawu awɔ be nu vɔ̃ɖi wɔwɔ manɔ xexe yeye ma me kura o? Menye ɖe wòle tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖea xɔ ge le mía si ahana míanɔ abe mɔ̃ siwo mebua tame o la ene o. Ke boŋ afia eƒe mɔwo amegbetɔ toɖolawo, eye wòakpe ɖe wo ŋu woaɖe asi le tamesusu kple nuwɔna gbegblẽwo ŋu keŋkeŋ.

Mawu aɖe nu siwo katã hea fukpekpe vanɛ la ɖa

Nu kae Mawu awɔ tso afɔku siwo ɖina ɖe ame la ŋu? Edo ŋugbe be yeƒe Fiaɖuƒea ava ɖu anyigba bliboa dzi kpuie. Ame si Mawu tia be wòanye Fiaɖuƒe ma ƒe Fia ye nye Yesu Kristo, si si ŋusẽ le be wòada dɔ na dɔnɔwo. (Mateo 14:14) Ŋusẽ le Yesu si hã be wòaxe mɔ ɖe dzɔdzɔmefɔkuwo nu. (Marko 4:35-41) Le esia ta, fukpekpe siwo ‘nuɖiɖeamewo’ hena vaa mía dzi la nu ayi. (Nyagblɔla 9:11) Vɔ̃ aɖeke magadzɔ ɖe ameƒomea dzi le Kristo ƒe dziɖuɖua te o.Lododowo 1:33.

Ke ame miliɔn geɖe siwo bu woƒe agbe dzodzro le afɔku dziŋɔwo me ya ɖe? Esi wòsusɔ vie ne Yesu nafɔ exɔlɔ̃ Lazaro ɖe tsitre la, egblɔ be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la.” (Yohanes 11:25) Ɛ̃, ŋusẽ le Yesu si be wòafɔ ame siwo ku la ɖe tsitre!

Ne edzro wò be yeanɔ agbe le xexe si me vɔ̃ magadzɔ ɖe ame nyuiwo dzi le o me la, ekema ɖe manyo be nàsrɔ̃ nu tso Mawu vavã la kple eƒe tameɖoɖo ŋu le Biblia me oa? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me la be yewoakpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia. Míele dzi dem ƒo na wò be nàte ɖe wo dometɔ siwo le miaƒe nutoa me ŋu alo nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo.