Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Wòle Be Nàhe Viwòwoe?

Aleke Wòle Be Nàhe Viwòwoe?

“Metsi dzi vevie, eye menɔa to dzi ne ʋu ɖe sia ɖe tso eme va yina. Esiae nye zi etɔ̃lia si Jordan megbɔ va aƒe me ɖe game dzi o. Menɔ ɖokuinye biam be, ‘Afi kae wòhele ya? Nanee dzɔ ɖe edzia? Ðe wònya gɔ̃ hã be míetsi dzi ɖe ye ŋu ya?’ Kaka wòagbɔ la, ɖeko mebe mawó.”GEORGE.

“Vinyenyɔnuvia do ɣli sesĩe, si na dzidzi ƒom. Metrɔ eye mekpɔe be elé ta ɖe asi sesĩe le avi fam. Nɔviaŋutsuvi si xɔ ƒe ene lae xlã nu ɖe ta nɛ.”NICOLE.

“‘Menye ɖe mefi asigɛa o. Ðe mefɔe!’ Nya mae mía vinyɔnuvi Natalie si xɔ ƒe ade la tsɔ nɔ eɖokui nu ɖem esime wòɖo mo ta abe ame si le nyateƒe tom ene. Ale si wònɔ nu sẽmee la te ɖe mía dzi ale gbegbe be míefa avi, elabena míenya be alakpa damee wònɔ.”STEPHEN.

NE DZILAE nènye la, ɖe nèse le ɖokuiwò me abe dzila siwo ƒe numenyawo dze le etame la ene kpɔa? Ne nɔnɔme siwo míeɖɔ le etame la dometɔ aɖe tu wò la, ɖe wòwɔna na wò be yemenya nenye be yeahe to na ye via o, alo yemenya ale si yeahe to nɛ oa? Ðe wònye nu gbegblẽ be nàhe to na viwòwoa?

NU KAE NYE AMEHEHE?

Le Biblia me la, nya si wozã na “amehehe” la mefia tohehe ko o. Gɔmesese si le amehehe ŋu la do ƒome kple nufiafia, kple ɖɔɖɔɖo. Medo ƒome kple ŋlɔmiwɔwɔ alo ŋutasesẽ kura o.Lododowo 4:1, 2.

Woate ŋu atsɔ vihehe asɔ kple abɔdɔwɔwɔ. Abɔdɔwɔla dzraa anyigba ɖo, edea aɖu eme hedea tsi abɔmenuawo, eye wòléa be na wo be nugbagbeviwo nagagblẽ wo dome alo gbe nalé wo o. Ne nukuawo le tsitsim la, ɖewohĩ ahiã be abɔdɔwɔlaa naɖe wo ŋu ale be woate ŋu atsi nyuie. Abɔdɔwɔlaa nyae be ehiã be yeawɔ aɖaŋu vovovowo ŋu dɔ ale be abɔmenuawo natsi nyuie. Nenema kee dzilawo hã léa be na wo viwo le mɔ vovovowo nu. Gake abe ale si ko wòhiãna ɣeaɖewoɣi be woaɖe abɔmenuawo ŋu be woatsi nyuie ene la, nenema kee wòhiãna be dzilawo nadze wo viwo mamla gɔme kaba ale be woatsi ava zu ame ɖɔʋuwo. Gake ne abɔdɔwɔla menya abɔmenuwo ŋu ɖeɖe o la, nukuawo dome ate ŋu agblẽ. Nenema kee wòhiã be dzilawo nahe wo viwo beléletɔe, le lɔlɔ̃ me.

Yehowa, Mawu si gbɔ Biblia tso la, ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na dzilawo le go sia me. Hehe si wònaa esubɔla wɔnuteƒe siwo le anyigba dzi la sɔna hedzea ame ŋu nyuie ale gbegbe be wova “lɔ̃a amehehe.” (Lododowo 12:1) ‘Woléa amehehe ɖe asi sesĩe’ eye womenana ‘wògena le wo si o.’ (Lododowo 4:13) Àte ŋu akpe ɖe viwò ŋu wòalɔ̃ axɔ hehe ne èlé nu vevi etɔ̃ siwo ɖea dzesi le Mawu ƒe amehehe ŋu la me ɖe asi: Woawoe nye (1) lɔlɔ̃, (2) dadasɔ, kple (3) amehehea nato mɔ ɖeka.

 AMEHEHE LE LƆLƆ̃ ME

Lɔlɔ̃e ʋãa Mawu wòhea to na ame, eye ewɔnɛ le lɔlɔ̃ me hã. Biblia gblɔ be: “Ame si Yehowa lɔ̃na la, eya wòhea to na abe vi, si gbɔ fofoa melɔ̃a nu le o ene.” (Lododowo 3:12) Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa nye “nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, ame si gbɔa dzi blewu.” (2 Mose 34:6) Le esia ta, Yehowa megblɔa gbɔ̃ɖiamenyawo alo sẽa ŋuta le ame ŋu gbeɖe o. Eye megblɔa nya veamewo, hea nya ɖe ame ŋu atraɖii, alo gblɔa nya tɔamewo gbeɖe o; nu siawo katã ate ŋu ave ame “abe yitɔame ene.”Lododowo 12:18.

SE EƑE NYAWO

Enye nyateƒe be dzilawo mate ŋu asrɔ̃ Mawu ƒe ɖokuidziɖuɖu ƒe kpɔɖeŋua bliboe o. Ɣeaɖewoɣi la, viwòwo ƒe nuwɔnawo ate ŋu awɔe be dzigbɔgbɔɖi nasesẽ na wò ŋutɔ, gake ne edzɔ nenema la, mègaŋlɔ be gbeɖe o be ɖeko tohehe le dziku me nana ame wɔa ŋutasẽnu, alo nu si gbɔ eme, eye meɖea vi o. Gawu la, tohehe le dziku me menye amehehe kura o. Ame ɖokui dzi maɖumaɖue.

Gake ne èhe to na viwò le lɔlɔ̃ kple ɖokuidziɖuɖu me la, ate ŋu aɖe vi geɖe. Bu ale si George kple Nicole, dzila siwo hã ŋu míeƒo nu tsoe le gɔmedzedzea la kpɔ nyawo gbɔe ŋu kpɔ.

DO GBE ÐA KPLII

“Esi Jordan gbɔ va aƒe me mlɔeba la, dzi nɔ mía kple srɔ̃nye kum vevie, gake míelé mía ɖokui esime wònɔ eɖokui nu ɖem. Esi wònye be zã do ta la, míeɖoe be míadzro nyaa me le ŋufɔke. Míedo gbe ɖa ɖekae heyi ɖamlɔ anyi. Esi ŋu ke la, míaƒe dzi dze eme vie, si wɔe be nɔnɔmea sɔ nyuie be míadzro nyaa me dzigbɔɖitɔe be míaƒe nyawo nawɔ dɔ ɖe mía viŋutsua dzi. Ese eɖokui gɔme eye wòkpɔe be yemewɔe nyuie o; elɔ̃ ɖe edzi hã be ele be yeanɔ gbɔgbɔm ɖe game dzi. Enyo ŋutɔ be míekpɔ nyaa gbɔ alea, elabena ɖeko nuwɔwɔ dzimagbɔɖitɔe agblẽ nyaa ɖe edzi. Ne míegbɔ dzi ɖi ɖo to mía via gbã la, zi geɖe la, míetea ŋu kpɔa nyawo gbɔ nyuie.”George.

MIDZRO NYAA ME

“Nye dzi fla esi mekpɔe be vinyeŋutsuvia wɔ nu vevi edaa dzodzro. Gake le esi teƒe be mahe to nɛ enumake la, mena wòyi eƒe xɔ me, elabena dzi nɔ kuyem akpa, eye nyemedi be mawɔ nu si gbɔ eme o. Emegbe esi nye dzi dze eme la, meɖe nu me nɛ moveviɖoɖotɔe be ŋutasẽnuwɔwɔ menyo o, eye metsɔ nu si wòwɔ edaa la fiae. Esia wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ. Eɖe kuku na edaa eye wòkpla asi kɔ nɛ.”Nicole.

Ɛ̃, amehehe le mɔ nyuitɔ nu bia be woawɔ nu le lɔlɔ̃ me ɣeawokatãɣi, ne ahiã be woahe to na ame gɔ̃ hã.

 AMEHEHE SI DA SƆ

Ɣesiaɣi si Yehowa he to na ame la, ewɔnɛ “ɖe ɖoɖo [si sɔ] nu.” (Yeremiya 30:11; 46:28) Ebua nu siwo na amea wɔ nua kple nu siwo ŋku mate ŋu akpɔ o la hã ŋu. Aleke dzilawo ate ŋu asrɔ̃ nɔnɔme siae? Stephen, si ŋu míeƒo nu tsoe le gɔmedzedzea la gblɔ be: “Togbɔ be míese nu si tae Natalie nɔ nu sẽm be yemefi asigɛa o la gɔme o eye wòte ɖe mía dzi hã la, míekpɔe be ɖevi ko wònye eye metsi le susu me o.”

Nicole srɔ̃, Robert, hã dzea agbagba be yeabu ale si nya bliboa dzɔe la ŋu nyuie. Ne ɖeviawo wɔ nu gbegblẽ aɖe la, enɔa eɖokui biam be: ‘Zi gbãtɔe nye esia nu sia dzɔa, alo enye nu si wòɖo le wɔwɔm? Ðeɖie te ɖevia ŋua, alo eƒe lãmee mele kɔkɔm oa? Kuxi bubu aɖe gbɔe eƒe nuwɔna ma le tsotsoma?’

Dzila siwo dana sɔna la dea dzesii be ɖeviwo mele abe ame tsitsiwo ene o. Esia wɔ ɖeka kple nya si Kristotɔ apostolo Paulo gblɔ esi wòŋlɔ bena: “Esime menye vidzĩ la, meƒoa nu abe vidzĩ ene, mebua tame abe vidzĩ ene.” (1 Korintotɔwo 13:11) Robert gblɔ be: “Nu si kpe ɖe ŋunye mebua nuwo ŋu nyuie heƒoa asa na nu gbɔme wɔwɔe nye be meɖoa ŋku nu siwo mewɔna esime menye ɖevi la dzi.”

Ele vevie be nàgadi nu geɖe akpa tso viwòwo si o, gake masɔ hã be nàde nu gbegblẽ alo agbenɔnɔ si mesɔ o la dzi na wo o. Ne èbu nu siwo viwòa ate ŋu awɔ kple esiwo mate ŋu awɔ o kpakple bubuawo ŋu la, awɔe be àse nu gɔme nɛ ahada asɔ le amehehe me.

AMEHEHE SI TO MƆ ÐEKA

Maleaxi 3:6 gblɔ be: “Nye Yehowa nyemetrɔ o.” Mawu subɔlawo ka ɖe nyateƒenya sia dzi eye esia nana wokpɔnɛ be yewole dedie. Nenema kee wòhiã be vihehe nato mɔ ɖeka ale be ɖeviwo nase le wo ɖokuiwo me be yewole dedie. Ne wò seselelãmewo wɔnɛ be ènɔa wò sededewo trɔm enuenu la, ɖeviawo atɔtɔ eye womaganya nu si woawɔ o.

Ðo ŋku edzi be Yesu gblɔ be: ‘Miaƒe “ɛ̃” nanye ɛ̃, eye miaƒe “ao” nanye ao.’ Nya mawo sɔ nyuie na vihehe hã. (Mateo 5:37) Ðɔ ŋu ɖo be nàgagblɔ nya aɖe si mèɖo be yeawɔ ŋutɔŋutɔ o. Ne ègblɔ na viwòa be yeahe to nɛ ne ewɔ nu gbegblẽ aɖe la, kpɔ egbɔ be yewɔ edzi.

Hafi amehehe nato mɔ ɖeka la, ele vevie be dzilawo nanɔ nyawo lém kpɔ le wo nɔewo dome. Robert gblɔ be: “Ne mía viwo bia nane wo dada wògbe hafi woto mɔ aɖe dzi na melɔ̃ ɖe edzi na wo la, metrɔna ɖe nya si wo dada gblɔ na wo la dzi.” Ne dzilawo ƒe susu mewɔ ɖeka le nya aɖe gbɔ kpɔkpɔ me o la, nyuitɔae nye be woalé nyaa kpɔ le wo nɔewo dome ale be woƒe nu nasɔ.

AMEHEHE LE VEVIE

Ne èsrɔ̃ Yehowa eye nèhea viwòwo le lɔlɔ̃ me, èdana sɔna, eye nènana wò nyawo toa mɔ ɖeka la, àte ŋu aka ɖe edzi be nu nyuiwo ado tso eme na viwòwo. Hehe si nàna viwòwo le lɔlɔ̃ me la ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woatsi nyuie ava zu ame ɖɔʋu siwo dana sɔna, elabena Biblia gblɔ be: “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.”Lododowo 22:6.