Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | VIHEHE

Ale Si Nàhe Viwò Ƒewuivi

Ale Si Nàhe Viwò Ƒewuivi

KUXIA

Se si le aƒea mee nye be ame aɖeke mekpɔ mɔ azã asitelefon ne eƒo zã ga 9 o, gake le kwasiɖa sia me la, èlé viwònyɔnuvia zi eve wònɔ nu ŋlɔm na amewo le asitelefon dzi le zãtiƒe. Ede se na viwò be negbɔ va aƒe me hafi wòaƒo zã ga 10, gake etsɔ si va yi la, eƒo zã ga 11 to eŋu hafi wògbɔ.

Viwò ƒewuivia ƒe nya medzɔ ya o. Gake ehiã be nànya nu si tae mewɔ sea dzi o. Dzidzɔnyae nye be togbɔ be adze abe ɖe wòɖoe koŋ dze aglã ene hã la, anɔ eme be menye ŋkubiãnya nenema gbegbe o.

NU SI GBƆ WÒTSONA

Sedede siwo me mekɔ tututu o. Ƒewuivi aɖewo daa se dzi kple susu be yewoakpɔe ɖa be woahe to na yewo vavã hã. Le kpɔɖeŋu me, ne dzilaa gblɔ be yeahe to na via ƒewuivi ɖe nu gbegblẽ aɖe ta la, ɖevia ate ŋu aɖoe be yeawɔ nu si wògbe na ye la kpɔ be ahe to na ye nyateƒe mahã. Ðe wòfia be ƒewuivi ma zu vi sẽto? Mefia nenema kokoko o. Nyateƒeae nye be enɔa bɔbɔe be ƒewuiviwo nada se dzi ne wokpɔe be yewo dzilawo ƒe nyawo metoa mɔ ɖeka o, alo sededea me mekɔ tututu o.

Se gbogbowo. Dzila aɖewo dea se gbogbo aɖewo na wo vi ƒewuiviwo be yewoatsɔ axe mɔ na wo be womagawɔ nu gbegblẽ o. Ne ɖeviawo da seawo dzi la, wo dzilawo gadea se bubuwo kpenɛ. Gake zi geɖe la, ɖeko esia gagblẽa nyaa ɖe edzi. Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso ƒewuiviwo kple wo dzilawo ŋu gblɔ be: “Zi ale si nèle agbagba dzem be yeaxe mɔ nɛ la, zi nenemae wòagasẽ to ɖe edzie.” (Parent/Teen Breakthrough) Ðeko esia wɔwɔ le abe tsikɔkɔ ɖe kpe dzi ene, maɖe vi aɖeke o.

Amehehe si sɔ la ɖea vi. Nu si koŋ “amehehe” fiae nye be woafia nu ame, eye eto vovo na “tohehe,” si fia be woana ame nase veve. Ke aleke nàte ŋu afia viwò be woawɔ ɖe wò gbe dzi?

 NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Wò sededewo me nekɔ. Gblɔ nu si tututu nèdi be ƒewuivia nawɔ kple to si nàhe nɛ ne mewɔ ɖe edzi o la nɛ.—Biblia ƒe gɔmeɖose: Galatiatɔwo 6:7.

Aɖaŋuɖoɖo: Ŋlɔ se siwo nède la ɖe agbalẽ me. Azɔ bia ɖokuiwò be: ‘Ðe seawo sɔ gbɔ akpa? Ðe wole ʋɛe akpa? Ðe wo dometɔ aɖewo megahiã oa? Ðe wòhiã be mawɔ asitɔtrɔ le nye sedede aɖewo ŋu le ale si vinye ƒewuivia le agbagba dzemee la nua?’

Wò nyawo neto mɔ ɖeka. Ƒewuiviwo tɔtɔna ne wowɔ nane kwasiɖa si va yi wozi kpi kpɔ wo, evɔ wova he to na wo le kwasiɖa sia me esi wogawɔ nu ma tɔgbi.—Biblia ƒe gɔmeɖose: Mateo 5:37.

Aɖaŋuɖoɖo: Na tohehea nasɔ ɖe “nu gbegblẽ” si wòwɔ la nu. Le kpɔɖeŋu me, ne èɖo game si wòle be viwò nagbɔ tso gbɔdome nɛ gake wòda le edzi la, ke na wòagbɔ kaba wu tsã.

Se nu gɔme nɛ. Na viwòa nakpɔe be dzila si ƒe nya me mesẽ akpa o lae nènye to ablɔɖe geɖe wu nanɛ me ne edze nɛ.—Biblia ƒe gɔmeɖose: Filipitɔwo 4:5.

Aɖaŋuɖoɖo: Wò kple viwò ƒewuivi minɔ anyi míadzro sededeawo me ɖekae. Àte ŋu ana eya ŋutɔ nagblɔ to si woahe nɛ ne eda se aɖewo dzi la gɔ̃ hã. Ne ƒewuiviwo ŋutɔ hã le me hafi wode sea la, edziwɔwɔ nɔa bɔbɔe na wo.

Kpe ɖe eŋu wòatu nɔnɔme nyuiwo ɖo. Menye wò taɖodzinua koe nye be nàna wòawɔ ɖe wo sededewo dzi o, ke boŋ kpe ɖe eŋu be dzitsinya nyui nasu esi, si ana wòate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome. (Kpɔ aɖaka si nye “Kpe Ðe Eŋu Wòatu Nɔnɔme Nyuiwo Ðo.”)—Biblia ƒe gɔmeɖose: 1 Petro 3:16.

Aɖaŋuɖoɖo: Di kpekpeɖeŋu tso Biblia me. Bibliae nye teƒe nyuitɔ kekeake si nàkpɔ “amehehe, si fiaa gɔmesese ame” le, eye eƒe nunya ate ŋu ana “gegemewo nadze aɖaŋu, eye ɖekakpuiwo nadze si nu, eye woabu tame.”Lododowo 1:1-4.