Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 SRƆ̃ WOƑE XƆSE

Wokpɔ Eya Kple “Ame Adre Bubuwo” Ta

Wokpɔ Eya Kple “Ame Adre Bubuwo” Ta

NOA kple eƒe ƒomea mimi ɖe wo nɔewo ŋu kplikplikpli le aɖakaʋua me esime tsi gã ma te dzadza bababa. Wò ya kpɔ wo le susu me ɖaa ko! Gomekaɖi si wosi ɖe aɖakaʋua me la nɔ keklẽm ɖe mo na wo, woke ŋku henɔ to ɖom tsi siwo nɔ kɔkɔm ɖe aɖakaʋua tame kple tsi siwo nɔ aɖakaʋua ƒe axawo lɔm la. Tsiawo ƒe hoowɔwɔ nu anya sẽ vavã.

Ðikeke mele eme o be ne Noa kpɔ eƒe ƒomea me tɔ lɔlɔ̃awo, siwo nye srɔ̃a wɔnuteƒea kple via ŋutsu ɖoŋuɖeŋu etɔ̃awo kpakple wo srɔ̃wo, ƒe ŋkume la, eƒe dzi ayɔ fũu kple akpedada. Le ɣeyiɣi doblukɔ ma me la, anɔ eme godoo be Noa ƒe dzi dze eme ŋutɔ esi wòkpɔ ame siwo wòlɔ̃na wu la le egbɔ le aɖakaʋua me. Wo katã wotsi agbe hele dedie. Anɔ eme godoo be exɔ ŋgɔ na eƒe ƒomea hekɔ gbe dzi do gbe ɖa sesĩe ale gbegbe be wote ŋu see le tsi ƒe hoowɔwɔ gã ma me.

Noa nye ŋutsu si si xɔse sẽŋu nɔ. Xɔse si nɔ Noa si tae eƒe Mawu Yehowa kpɔ eya kple eƒe ƒomea ta. (Hebritɔwo 11:7) Gake ɖe woagahiã xɔse esime tsia de asi dzadza mea? Le nyateƒe me la, woahiã xɔse vevie le ŋkeke siwo nɔ wo ŋgɔ la me. Nenema kee míawo hã míehiã xɔse vevie le ɣeyiɣi tɔzi siawo me. Eya ta na míakpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Noa ƒe xɔse me ɖa.

“ŊKEKE BLANE KPLE ZÃ HÃ BLANE”

Tsia nɔ dzadzam bababa “ŋkeke blane kple zã hã blane.” (1 Mose 7:4, 11, 12) Tsia yi edzi nɔ ɖɔɖɔm, nɔ ɖɔɖɔm henɔ ɖɔɖɔm ɖe dzi. Abe ale si wòdze kɔtɛe ene la, Noa te ŋu de dzesi be Yehowa nɔ ame dzɔdzɔewo ta kpɔm henɔ ame vɔ̃ɖiwo tsrɔ̃m le ɣeyiɣi ɖeka ma ke me.

Tsidzadzaa tsi mawudɔlawo ƒe aglãdzedzea nu. Satana ƒe ɖokuitɔdidi ƒe nuwɔnawo kpɔ ŋusẽ ɖe mawudɔlawo dzi “wogblẽ woawo ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi” le dziƒo heva dɔ kple nyɔnuwo, eye wodzi dzidehlɔ̃mevi siwo woyɔ be Nefilimwo. (Yuda 6; 1 Mose 6:4) Ðikekemanɔmee la, Satana kpɔ dzidzɔ ŋutɔ ɖe aglãdzedze sia ŋu, elabe aglãdzedzea na be amegbetɔ si ƒo nu siwo katã Yehowa wɔ ɖe anyigba dzi ta la ƒe nuwɔnawo gagblẽ ku ɖe edzi.

Ke hã esi tsia nɔ ɖɔɖɔm la, eƒoe ɖe mawudɔla dzeaglãwo nu woɖe woƒe amegbetɔŋutilã ɖi hegbugbɔ yi gbɔgbɔmenutowo me, eye womagate ŋu ado amegbetɔŋutilã gbeɖe o. Wogblẽ wo srɔ̃wo kple wo viwo ɖi wotsrɔ̃ kple amegbetɔ susɔeawo le tsiɖɔɖɔa me.

Anɔ abe ƒe alafa adre do ŋgɔ le Henox ŋɔli la, Yehowa xlɔ̃ nu amegbetɔwo be yele ame vɔ̃ɖi mavɔ̃mawuwo tsrɔ̃ ge ɖa. (1 Mose 5:24; Yuda 14, 15) Tso ɣemaɣi la, amewo ƒe nuwɔnawo do fievo, eye wogblẽ anyigba la hena ŋutasesẽ do agbogbo ɖe edzi. Esi wònye ka mee wòdzea gbɔ̃ ŋu le ta la, woawoe nye ema le tsɔtsrɔ̃m! Ðe Noa kple eƒe ƒomea kpɔ dzidzɔ be wole tsɔtsrɔ̃ma?

Ao! Eye woƒe Mawu nublanuikpɔla hã mekpɔ dzidzɔ ɖe woƒe tsɔtsrɔ̃a ŋu o. (Xezekiel 33:11) Yehowa wɔ nu sia nu si wòate ŋui be yeaɖe ame geɖe ale si nu wòanya wɔ. Ede se na Henox be wòaxlɔ̃ nu amewo, eye wòde dɔ asi na Noa be wòakpa aɖakaʋua. Amewo kpɔ Noa kple eƒe ƒomea wovu ɖe dɔ nyadri ma ŋu nɔ wɔwɔm ŋkubiãtɔe ƒe geɖe. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa de dɔ asi na Noa be wòanye “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela.” (2 Petro 2:5) Abe ale si Henox si nɔ anyi do ŋgɔ nɛ wɔe ene la, Noa hã  xlɔ̃ nu amewo tso ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna xexea dzi la ŋu. Ke aleke amewo wɔ nui? Yesu, ame si nɔ dziƒo nɔ nu mawo teƒe kpɔm la, va gblɔ emegbe tso Noa ŋɔli me tɔwo ŋu be: “Wometsɔ ɖeke le eme o, va se ɖe esime tsiɖɔɖɔa va, eye wòkplɔ wo katã yii.”Mateo 24:39.

Bu ale si nɔnɔmeawo anya nɔ na Noa kple eƒe ƒomea le ŋkeke 40 gbãtɔ mawo me tso esime Yehowa do aɖakaʋua ƒe ʋɔa ŋu kpɔ. Esi tsia yi edzi nɔ dzadzam bababa ɖe aɖakaʋua dzi tso ŋkeke yi ŋkeke la, wo ame enyia woanya yi gbe sia gbe dɔ aɖewo wɔwɔ dzi, abe beléle na wo nɔewo, aƒemedɔwo gbɔ kpɔkpɔ, lã siwo le aɖakaʋua me kpli wo la dzi kpɔkpɔ ene dzi. Gake gbe ɖeka la, aɖakaʋu nyadri bliboa ʋuʋu keɖekeɖe hede asi zɔɖeɖe me. Kpɔ ɖa, aɖakaʋua le zɔzɔm! Aɖakaʋu la le tsi si nɔ ɖɔɖɔm henɔ ɖɔɖɔm ɖe dzi la dzi, eye tsi la kɔ aɖakaʋu la nɔ dzi yim, va se ɖe esime “aɖakaʋu la [va] le tsia ŋgɔ.” (1 Mose 7:17) Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋusẽɖeɖefia ka gbegbee nye esi!

Noa anya da akpe na Mawu ŋutɔ ɖe eya kple eƒe ƒomea ƒe agbetsitsi ta kpakple ale si wòve wo nu hezã wo woxlɔ̃ nu ame siwo tsrɔ̃ le tsiɖɔɖɔa me la do ŋgɔ la ta. Adze na wo le ƒe mawo siwo wotsɔ kutri vevie la me abe ɖe woƒe agbagbadzedzewo meɖe vi aɖeke o ene. Amewo metsɔ ɖeke le woƒe nyawo me kura o! Wò ya bu eŋu kpɔ ko, anɔ eme be Noa nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, nyruiyɔviwo kple tɔɖiyɔviwo nɔ agbe do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa; gake wo dometɔ aɖeke meɖo toe o, negbe eƒe ƒomea ko. (1 Mose 5:30) Azɔ esi luʋɔ enyi mawo ge ɖe aɖakaʋua me hele dedie la, ɖikeke mele eme o be woƒe dzi adze eme ne wobu ɣeyiɣi siwo wozã tsɔ na mɔnukpɔkpɔ amewo be woatsi agbe la ŋu.

Yehowa metrɔ o, egale ko abe ale si wònɔ le Noa ŋɔli ene. (Maleaxi 3:6) Yesu Kristo gblɔ be míaƒe ŋkekeawo le ko abe “Noa ƒe ŋkekewo” ene. (Mateo 24:37) Míaƒe ɣeyiɣia ɖe dzesi, enye ɣeyiɣi si me xaxa gã siwo ahe xexe gblẽku sia ava nuwuwui la ava. Egbea la, nenema kee Mawu ƒe amewo hã le nuxlɔ̃amegbedeasi aɖe gblɔm na ame siwo katã aɖo to. Àɖo to gbedeasi sia? Ne èxɔ nyateƒegbedeasi sia si xɔa ame ɖe agbe xoxo la, wò hã alɔ̃ akpɔ gome le gbedeasi sia gbɔgblɔ na amewo mea? Noa kple eƒe ƒomea ɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí katã.

 ‘WOÐE WO TO TSIA ME’

Anɔ eme godoo be esi aɖakaʋua nɔ tsatsam le tsia dzi la, ame siwo nɔ aɖakaʋua me la nɔ ʋuƒoawo ƒe ŋèŋe kple woƒe gbeɖeɖe sem. Ðe ale si ƒutsotsoeawo nɔ ŋeŋem gboyagboya na vɔvɔ̃ lé Noa alo ɖe wòvɔ̃ be aɖakaʋua anyrɔa? Ao. Ðikelawo koe abui nenema, gake Noa menye ɖikela o. Biblia gblɔ be: “Le xɔse me Noa . . . [kpa] aɖakaʋu.” (Hebritɔwo 11:7) Nu ka dzie wòxɔ se? Yehowa bla nu, si nye ŋugbedodo si le se nu, kple Noa be yeakpɔ eya kple ame siwo katã le eŋu la ta woatsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me. (1 Mose 6:18, 19) Ðe Ame si wɔ xexe gbahoo sia, anyigba la kple nu gbagbe siwo katã le eme la mate ŋu akpɔ aɖakaʋua ta wòanɔ dedie oa? Awɔe godoo! Esɔ ŋutɔ be Noa ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be awɔ ɖe eƒe ŋugbedodoa dzi. Eye le nyateƒe me la, woɖe eya kple eƒe ƒomea ‘to tsia me.’1 Petro 3:20.

Tsia ke azɔ le ŋkeke 40 kple zã 40 megbe. Le míaƒe ɣletigbalẽa nu la, anye December ƒe 2370 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli ƒe ŋkeke aɖe dzie. Gake game mekpɔ su na ƒome sia be wòado le aɖakaʋua me o. Aɖakaʋu si me nu gbagbewo le fũu la ɖeka nɔ xexea me ƒe tsi gbanaa ma dzi, eye wònɔ tsatsam le tsi si kɔ dzi bobobo wu towo la dzi. (1 Mose 7:19, 20) Míate ŋu akpɔ ale si Noa kple via ŋutsu siwo nye Sem, Xam kple Yafet nɔ dɔ dzi vevie ale be woate ŋu ana nuɖuɖu lãwo, ana woanɔ dedie ahanɔ lãmesẽ me la le susu me ɖaa. Vavãe, ŋusẽ le Mawu, si te ŋu na lã wɔadã mawo va zu lã fafawo heyi ɖe aɖakaʋua me la, si be wòana woayi edzi anye lã fafawo va se ɖe Tsiɖɔɖɔa ƒe nuwuwu. *

Edze ƒãa be Noa ŋlɔ nudzɔdzɔ mawo ɖi tsitotsito. Nuŋlɔɖi ma na míenya gbe si gbe tsia te dzadza kple gbe si gbe tsia ke. Ena míenya hã be tsia ɖe anyigba bliboa ŋkeke 150. Ʋɛʋɛʋɛ la, tsia de asi miemie me. Le ŋkeke ɖedzesi aɖe dzi la, aɖakaʋu la zɔ blewuu “va xa ɖe Ararat-towo dometɔ ɖeka” dzi le egbegbe Turkey. Esia anya nye ƒe 2369 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli ƒe April me. Ŋkeke 73 megbe le June me ko hafi towo tame va te dzedze. Le ɣleti etɔ̃ megbe, si nye September me la, Noa ɖoe be yeaʋu aɖakaʋua ƒe dzisasrã ƒe akpa aɖe. Agbagba gã ma si wòdze la ɖe vi na wo, elabena kekeli klẽ ɖe aɖakaʋua me eye ya fafɛ hã ge ɖe ʋua me. Do ŋgɔ la, Noa dɔa xeviwo ɖa be yeakpɔ ɖa be tsia mie vɔ ale be yewoate ŋu ado go mahã. Gbã la, edɔ akpaviã aɖe si nɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm, ɖewohĩ eva dzena ɖe aɖakaʋua dzi ne etrɔ gbɔ; emegbe eɖe asi le ahɔne aɖe ŋu. Eya hã nɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm va Noa gbɔ va se ɖe esime wòkpɔ afi si wòadze ɖo.1 Mose 7:24–8:13.

Ðikeke mele eme o be Noa xɔa ŋgɔ na eƒe ƒomea le tadedeagu me le ɣeyiɣi ma si do blukɔ wu gɔ̃ hã me

Ðikeke mele eme o be mawusubɔsubɔnyawo gakpɔtɔ xɔa nɔƒe gbãtɔ le nu siwo Noa wɔna gbe sia gbe la me. Míate ŋu akpɔ ale si Noa kple eƒe ƒomea kpena ɖekae doa gbe ɖa edziedzi heɖoa dze tso wo Fofo si le dziƒo si kpɔ wo ta la ŋu le susu me ɖaa. Noa dia Yehowa ƒe mɔfiame hafi wɔa nyametsotso gã ɖe sia ɖe. Togbɔ be Noa kpɔe be anyigba dzi “ƒu keŋkeŋ,” esi wonɔ aɖakaʋua me ƒe ɖeka kple edzivɔwo megbe hã la, Noa meʋu aɖakaʋua ƒe ʋɔa o eye wokpɔtɔ nɔ aɖakaʋu la me. (1 Mose 8:14) Ɛ̃, elala nɔ Yehowa si nu kpɔm be wòaɖe gbe na ye.

Ƒome ƒe ta siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso ŋutsu wɔnuteƒe ma gbɔ. Ewɔa nu ɖe ɖoɖo nu, edoa vevie dɔ wɔna, egbɔa dzi ɖi eye wòkpɔa ame siwo katã le eƒe dzikpɔkpɔ te la ta. Ƒo wo katã ta la, Yehowa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe nyea nu vevitɔ nɛ le nu sia nu me. Ne míesrɔ̃a Noa ƒe xɔse le mɔ siawo nu la, míahe yayra vɛ na míaƒe ame veviwo katã.

“DO GO LE AÐAKAƲU LA ME”

Mlɔeba Yehowa ɖe gbe na Noa. Egblɔ na Noa be: “Do go le aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ kple srɔ̃wò kple viwòŋutsuwo hekpe ɖe viwòŋutsuawo srɔ̃wo ŋuti!” Noa ƒe ƒomea do go abe ale si wobia tso wo si ene eye lãwo katã hã dze wo yome. Aleke wonɔ dodom le aɖakaʋua mee? Le zitɔtɔ mea? Kpao! Nuŋlɔɖia gblɔ be “wodo go le aɖakaʋu la me hamehame.” (1 Mose 8:15-19) Esi Noa kple eƒe ƒomea do go le aɖakaʋua me le Ararat-toa dzi la, wogbɔ ya nyuiwo, eye esi wotsi tsitre ɖe toa dzi tsa ŋku le nutoa me godoo la, wokpɔ be anyigba la le dzadzɛe. Ŋutasesẽ, Nefilimwo, mawudɔla dzeaglãwo kple ame vɔ̃ɖiwo katã nu yi! * Mɔnukpɔkpɔ su amegbetɔwo si be woagadze agbe yeye nɔnɔ gɔme azɔ.

 Noa nya nu si wòawɔ. Tadedeagu ŋue wòtrɔ ɖo gbã. Eɖi vɔsamlekpui eye wòlé lã siwo Mawu bua lã matsrimatsriwo, siwo wòkplɔ de aɖakaʋua me “adreadre” la, dometɔ aɖewo tsɔ sa vɔe na Yehowa. (1 Mose 7:2; 8:20) Ðe tadeagunuwɔna ma dze Yehowa ŋua?

Biblia ɖo nya sia ŋu kple kakaɖedzinya siawo be: “Yehowa se ʋeʋẽ lililia.” Dzidzeme si gbegbe wònye na Mawu be wòakpɔ tadeagula wɔnuteƒewo ƒe ƒome si ɖoe kplikpaa be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la va xɔ ɖe vevesese siwo yɔ eƒe dzi me esime anyigba dzi yɔ fũu kple amegbetɔwo ƒe vɔ̃ɖinyenye la teƒe. Yehowa medi blibodede tso wo si o. Mawunyakpukpui ma yi edzi be: “Ame ƒe dzimesusu enye vɔ̃ tso ɖevime ke.” (1 Mose 8:21) Kpɔ ale si Yehowa gaɖo kpe ale si wòkpɔa nublanui na ameƒomea dzigbɔɖitɔe dzi ɖa.

Mawu ɖe fi si wòƒo de anyigba wɔnu la ɖa. Keke Adam kple Xawa ƒe aglãdzeɣi kee Mawu ƒo fi de anyigba wɔnu la, esia wɔe be agbledede sesẽ ŋutɔ. Lamex, Noa fofo, na ŋkɔ via be Noa, si ate ŋu afia “Gbɔdzɔe” alo “Akɔfafa,” eye wògblɔe ɖi be ye via akplɔ ameƒomea ayi gbɔdzɔe ƒe ɣeyiɣi aɖe me eye woavo tso fiƒode ma si me. Noa ƒe dzi anya gli kple dzidzɔ esi wòsee be yeakpɔ nyagblɔɖi ma me vava teƒe azɔ, anyigba awɔ nuku eye agbledede magasesẽ o. Mewɔ nuku o be eteƒe medidi o Noa dze agbledede gɔme!1 Mose 3:17, 18; 5:28, 29; 9:20.

Noa kple eƒe ƒomea do le aɖakaʋua me va anyigba si le dzadzɛe la dzi

Le ɣeyiɣi ma ke me la, Yehowa de se bɔbɔe aɖewo na Noa ƒe dzidzimeviwo katã siwo dzi wòle be woawɔ ɖo le woƒe agbenɔɣiwo katã me, se siawo dometɔ aɖewo tsri amewuwu kple ʋuzazã le mɔ gbegblẽ nu. Eye Mawu bla nu hã kple ameƒomea hedo ŋugbe be yemagatsɔ tsiɖɔɖɔ atsrɔ̃ nu gbagbe siwo katã le anyigba dzi ake o. Be Yehowa naɖo kpe nya si wògblɔ dzi la, ena dzesi aɖe ameƒomea, si nye dzɔdzɔmenu wɔnuku aɖe—anyieʋɔ. Va se ɖe egbea la, anyieʋɔ ɖe sia ɖe si míekpɔna la ɖoa ŋku Yehowa ƒe ŋugbedodo si me lɔlɔ̃ le la dzi na mí eye wònyea dzidzeme na mí.1 Mose 9:1-17.

Ne nyakpakpa dzro aɖe koe Noa ƒe ŋutinya nye la, anye ne ewu enu ɖe anyieʋɔ la dzi. Gake ame si nɔ anyi kpɔ ŋutɔŋutɔe Noa nye, eye agbea menɔ bɔbɔe nɛ kura o. Ɣemaɣi la, amewo nɔa agbe didi, eye ŋutsu wɔnuteƒe ma ganɔ agbe ƒe 350 le tsiɖɔɖɔa megbe, eye ƒe mawo me yɔ fũu kple vevesese geɖe. Ewɔ vodada gã aɖe esi wòno aha mu gbe ɖeka, gake tɔgbuiyɔvia tsitsitɔ Kanaan va wɔ nu vɔ̃ gã aɖe ƒu esia dzi. Nu vɔ̃ ma me tsonu dziŋɔwo va Kanaan ƒe ƒomea dzi. Noa nɔ agbe ʋuu hekpɔ eteƒe eƒe dzidzimeviwo gadze nu vɔ̃ siwo dometɔ aɖewoe nye trɔ̃subɔsubɔ kple ŋutasesẽ gɔme le Nimrod ƒe ŋkekeawo me. Gake dzidzɔtɔe la, Noa kpɔ xɔse ƒe kpɔɖeŋu sẽŋu si via Sem kple eƒe ƒomea ɖo la teƒe.1 Mose 9:21-28; 10:8-11; 11:1-11.

Abe Noa ene la, ele be xɔse nanɔ mía si le nɔnɔme sesẽwo me. Ne ame siwo dome míele gbe Mawu vavã la, alo dzudzɔ esubɔsubɔ kura gɔ̃ hã, ele be míayi edzi awɔ nuteƒe abe ale si Noa wɔe ene. Yehowa dea asixɔxɔ gã aɖe nuteƒewɔwɔ kple dzidodo alea ŋu. Abe ale si Yesu Kristo gblɔe ene la, “ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.”Mateo 24:13.

^ mm. 17 Ame aɖewo gblɔ be ɖe Mawu na lã mawo lé akpɔ̃ abe ale si lã siwo dɔa alɔ̃ ɣeyiɣi didi ene la wɔnɛ ene, eye esia wɔe be womagahiã na nuɖuɖu boo o. Eɖanye aleke wòwɔe o, ewɔ ɖe eƒe ŋugbedodoa dzi, eye wòkpɔ egbɔ be aɖakaʋua kple nu gbagbe siwo katã le eme nɔ dedie.

^ mm. 22 Eden-bɔa hã megali o, anɔ eme be tsiɖɔɖɔa gblẽ edome keŋkeŋ. Nenye nenemae la, ke kerubi siwo nɔa abɔa mɔnu dzɔm la hã kpɔ vovo trɔ yi dziƒo, ale wowu woƒe dɔdeasi si xɔ ƒe 1600 la nu.1 Mose 3:22-24.