Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Yehowa Ðasefowo Ƒoa Asa Na Ame Siwo Do Le Woƒe Haa Mea?

Ðe Yehowa Ðasefowo Ƒoa Asa Na Ame Siwo Do Le Woƒe Haa Mea?

 Míeƒoa asa na ame siwo xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo gake dzudzɔ gbeƒãɖeɖe alo dzudzɔ hadede kple haxɔsetɔwo o. Le nyateƒe me la, míedzea agbagba be míakpe ɖe wo ŋu be ŋusẽ nagaɖo wo ŋu le gbɔgbɔ me.

 Míetsona ko ɖea ame si wɔ nu vɔ̃ gã aɖe la le haa me o. Gake ne Ðasefo xɔ nyɔnyrɔ ɖoe koŋ le dadam le Biblia ƒe agbe nyui nɔnɔ ŋuti sewo dzi la, míeƒoa asa na ame ma alo ɖenɛ le haa me. Biblia gblɔe eme kɔ ƒãa be: “Miɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa le mia ŋutɔ mia dome.”​—1 Korintotɔwo 5:13.

 Ke ne woɖe ŋutsu aɖe le haa me, evɔ srɔ̃a kple viawo kpɔtɔ nye Yehowa Ðasefowo ya ɖe? Magate ŋu awɔ ɖeka kple ƒomea le subɔsubɔnyawo me o, gake woƒe ƒomekakadodo ya me metso o. Woƒe srɔ̃ɖeɖea, lɔlɔ̃ si nɔa ƒometɔwo dome kple ƒomekadodowo ya yia edzi.

 Ame siwo woɖe le haa me ate ŋu ade míaƒe kpekpewo. Ne wodi la, woate ŋu axɔ Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖo tso hamemetsitsiwo gbɔ. Taɖodzinuae nye be woakpe ɖe wo ŋu woagadze anye Yehowa Ðasefowo. Míexɔa ame siwo woɖe le haa me, siwo dzudzɔ agbe baɖa nɔnɔ, eye wodi vevie be yewoanɔ agbe ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu la ɖe haa me ake.