Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋusẽ Ka Kpɔm Mɔ̃ɖaŋunuwo Le Ðe Wò Kple Xɔ̃wòwo Dzi?

Ŋusẽ Ka Kpɔm Mɔ̃ɖaŋunuwo Le Ðe Wò Kple Xɔ̃wòwo Dzi?

Enyo ŋutɔ be mɔ̃ɖaŋunuwo na wòle bɔbɔe be ame eve nate ŋu aɖo dze kple wo nɔewo to text message, email, videokadodowo kple hahoo kadomɔnu bubuwo dzi togbɔ be wole xexea ƒe akpa vovovowo hã. Le woawo gomea, wobua mɔ̃ɖaŋunuwo be wonye viɖenu.

Gake ame siwo zãa mɔ̃ɖaŋunuwo koŋ tsɔ ɖoa dze kple wo xɔlɔ̃woa, doa go kuxi siawo. . .

  • womebua amewo ƒe seselelãme ŋu o.

  • wotsia akogo zi geɖe.

  • wobua wo ɖokui ŋu wu ame bubuwo.

NU SI WÒLE BE NÀNYA

VEVESEÐEAMENU

Veveseɖeamenu bia be míagbɔ dzi ɖi abu ame bubuwo ŋu, gake asesẽ ŋutɔ be míawɔ esia ne míaƒe ŋku biã ɖe hahoo kadoƒewo ŋu, nɔa text messagewo ɖom ɖa alo nɔa wo xlẽm.

Ne mɔ̃ɖaŋunuwo va le ŋusẽ kpɔm ɖe dziwòa, ava zu agba na wò be nàɖo message gbogbo siwo ɖom xɔ̃wòwo le ɖa la ŋu. Le messageawo ƒe agbɔsɔsɔ taa, àdi ko be yeaɖo ɖe sia ɖe ŋu kpuie, eye esia awɔe be màde dzesii ne xɔ̃wò aɖe hiã kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ o.

BU NYA SIA ŊU KPƆ: Ne èle mɔ̃ɖaŋunuwo zãm gɔ̃ hã, aleke nàwɔ ase “veve ɖe ame nu”?—1 PETRO 3:8.

AKOGOTSITSI

Numekuku fia be ame siwo zãa Internet dzi hahoo kadoƒewo atraɖii la dometɔ geɖe va tsia akogo vevie emegbe. Numekulaawo ƒo nya ta be ne amewo kpɔ ame bubuwo ƒe fotowo kple nu vovovowoa, enana ame “sena le eɖokui me be nu le yewo ŋu tom.”

Azɔ hã, ne amewo da foto siwo me wole dzidzɔ kpɔm le ɖe Internet dzia, ewɔnɛ be ame si nɔa foto mawo kpɔm ƒoa nya ta be yemele vivi aɖeke sem le agbe me o. Ate ŋu ana wòase le eɖokui me be nu le edzi dzem na amewo gake ye ya nuwo le ye ŋu tom.

BU NYA SIA ŊU KPƆ: Ne èle Internet dzi hahoo kadodowo zãma, aleke nàwɔ aƒo asa na ɖokuiwò tsɔtsɔ sɔ kple amewo?—GALATIATƆWO 6:4.

ÐOKUITƆDIDI

Nufiala aɖe gblɔ be yeƒe sukuvi aɖewo dia wo ɖokuiwo tɔ, eya ta nu si koŋ ŋue wotsia dzi ɖoe nye, “Ame kae le dzinye?” Nu si woakpɔ tso wo xɔlɔ̃wo gbɔ dzi koe xɔlɔ̃dzedze ma nɔa te ɖo. Ne ame aɖe wɔa nu alea, ke ava nɔ exɔlɔ̃awo bum abe fon aɖe si yeate ŋu azã, si ŋu yeagate ŋu aɖe asi le bɔbɔe ene.

BU NYA SIA ŊU KPƆ: Ðe nu siwo nèdana ɖe hahoo kadoƒewo ɖenɛ fiana be èle ho ʋlim kple amewo alo hea susu vaa ɖokuiwò dzi fũu akpa?—GALATIATƆWO 5:26.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

LÉ ŊKU ÐE ALE SI NÈZÃA MƆ̃ÐAŊUNUWOE ŊU

Ne mɔ̃ɖaŋunuwo le vi ɖem na wò ke menye be wole aƒetɔ ɖum ɖe dziwò oa, ana nàte ɖe xɔ̃wòwo ŋu eye wò kpli wo dome nanɔ kplikplikpli.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Lɔlɔ̃ . . . media eya ŋutɔ tɔ o.”—1 KORINTOTƆWO 13:4, 5.

Tia aɖaŋuɖoɖo siwo dzi nèdi be yeawɔ ɖo alo ŋlɔ wò ŋutɔ tɔwò.

  • Nɔ dze ɖom kple amewo ŋkume kple ŋkume (tsɔ wu be nànɔ text message alo email ɖom ɖe wo)

  • Ne èle dze ɖom kple amewoa anyo be nàtsi wò fon (alo nàtrɔ asi le eŋu be maɖe toɣli o)

  • Ðe ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ si nèzãna ɖe hahoo kadoƒewo ŋu dzi kpɔtɔ

  • Nye toɖola nyui

  • Kpe ɖe xɔ̃wò aɖe si le nɔnɔme sesẽwo me tom la ŋu