Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI

Ame Kae Nye Xɔlɔ̃ Nyui?

Ame Kae Nye Xɔlɔ̃ Nyui?

LE ƑE 2010 ƒe December 25 lia dzi la, nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 42, si le Britain la ŋlɔ da ɖe Internet dzi hahoo kadodo xɔŋkɔ aɖe dzi be yele ye ɖokui wu ge. Nya si wòŋlɔ ɖi la ɖee fia be nu gloe le agbe me eye wòle xɔnametɔ dim. Togbɔ be Internet dzi “xɔlɔ̃” gbogbo aɖewo le nyɔnu sia si hã la, wo dometɔ aɖeke menya aƒa nɛ o. Kpovitɔwo va ke ɖe eƒe kukua ŋu le ŋufɔke. Eno atike ku.

Egbea la, mɔɖaŋunuwo na wòle bɔbɔe na mí be míadze “xɔlɔ̃” alafa alo akpe geɖewo gɔ̃ hã le internet dzi ne míenya ŋlɔ ameawo ƒe ŋkɔ kpe ɖe xɔlɔ̃ siwo le mía si le internet dzi ƒe ŋkɔwo ŋu ko. Eye ne míedi be míatso “xɔlɔ̃kadodo” aɖe me la, nu si ko hiãe nye be míatutu amea ƒe ŋkɔ ɖa. Ke hã nublanuinya si ku ɖe nyɔnu si ku le Britain la ŋu ɖe nyateƒenya vevi aɖe fia, eyae nye be xɔlɔ̃ nyuiwo kpɔkpɔ gakpɔtɔ nye nu didokpoe le ame geɖe gome. Le nyateƒe me la, esi woku nu me nyitsɔ laa la wokpɔe be ame siwo nye xɔlɔ̃ nyuiwo ƒe agbɔsɔsɔme dzi le ɖeɖem kpɔtɔ togbɔ be ame geɖewo va le ka dom kple wo nɔewo to internet dzi hã.

Abe ale si ame geɖe bunɛ ene la, àlɔ̃ ɖe edzi be xɔlɔ̃ nyui ƒe amesinɔnɔ le vevie. Eye àlɔ̃ ɖe edzi hã be xɔlɔ̃ nyui dzedze yi ŋgɔ sãa wu xɔlɔ̃dzedze to kɔmpiuta alo asitelefon ko dzi. Nɔnɔme nyui kawoe nèdina be wòanɔ ye xɔlɔ̃ si? Aleke nàwɔ anye xɔlɔ̃ nyui? Eye nu kae wòle be xɔlɔ̃wo nawɔ hafi woƒe xɔlɔ̃dzedzea nanɔ anyi ɖaa?

Na míadzro mɔfiame ene siawo me ne nàkpɔ ale si Biblia me aɖaŋuɖoɖo siawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànye ame si ƒomevi amewo adi be yewoadze xɔlɔ̃e la ɖa.

 1. Na Xɔ̃wòwo Nakpɔe Be Ètsɔ Ðe Le Eme Na Yewo Vevie

Ehiã be xɔlɔ̃ nyuiwo naku ɖe wo nɔewo ŋu. Esia fia be xɔlɔ̃ nyui ase le eɖokui me be wò nyawo ka ye, eye wòatsɔ ɖe le eme na wò vevie. Ele be mi ame evea siaa miaku kutri awɔ miaƒe akpa dzi eye miatsɔ mia ɖokui aɖo anyi na mia nɔewo. Esia aɖe vi geɖe na mi. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe malɔ̃ atsɔ ɖokuinye, nye ɣeyiɣiwo kple nye nunɔamesiwo aɖo anyi ɖe xɔ̃nyea ta?’ Nenɔ susu me na wò be, hafi xɔlɔ̃ nyui nasu asiwò la, ele be wò ŋutɔ hã nanye xɔlɔ̃ nyui.

NƆNƆME NYUI SI AMEWO DINA BE WÒANƆ YEWO XƆLƆ̃WO SI

Irene: “Xɔlɔ̃dzedze lɔ ɣeyiɣi kple beléle geɖe ɖe eme abe ale si ko wòhiãna be woalé be na seƒoƒobɔ nyakpɔwo ene. Gbã la, wò ŋutɔ ɖoe kplikpaa be yeanye xɔlɔ̃ nyui. Nɔ vivi dom ɖe amewo ŋu eye nàtsɔ ɖe le eme na wo vevie. Lɔ̃ faa nàtsɔ wò ɣeyiɣi asa vɔ ne ehiã be nàwɔ esia.”

Luis Alfonso: “Egbea ɖokuitɔdidi va bɔ ɖe xexea me, eye amewɔwɔ ya le to yim. Eya ta menye nu ƒoasi kura ne ame aɖe tsɔ ɖe le eme na wò vavã evɔ mele mɔ kpɔm be nàɖo eteƒe na ye o.”

NYA KAE BIBLIA GBLƆ?

“Ale si ko miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nenema ke na wo. Minɔ nu nam amewo, eye amewo ana nu mi.” (Luka 6:31, 38) Le mawunyakpukpui siawo me la, Yesu de ɖokuitɔmadimadi kple dɔmenyonyo ƒe dzi ƒo. Dɔmenyonyo ma tɔgbi nana be wonyea xɔlɔ̃ nyuiwo. Ne ètsɔa ɖokuiwò ɖoa anyi hekpena ɖe xɔ̃wòwo ŋu evɔ mèkpɔa mɔ be woaɖo eteƒe na ye o la, woalɔ̃ wò nya gbɔ godoo.

2. Nye Dzeɖola Nyui

Dzeɖoɖo edziedzie nana be xɔlɔ̃kadodo vavã me sẽna ɖe edzi. Eya ta miɖo dze tso nu siwo me mi ame evea mietsɔa ɖe le la ŋu. Ðo to xɔ̃wòa ne ele nu ƒom, eye nàde bubu eƒe nyawo ŋu. Kafui eye nàde dzi ƒo nɛ ne ehiã. Ɣeaɖewoɣi la, ahiã be nàɖo aɖaŋu na xɔ̃wòa alo agbe nya nɛ gɔ̃ hã, gake esia wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Ke hã xɔlɔ̃ vavã ado dzi ahe wò susu ayi afɔ gbegblẽ aɖe si nèɖe la dzi, eye wòaɖo aɖaŋu na wò ŋuɖɔɖotɔe.

NƆNƆME NYUI SI AMEWO DINA BE WÒANƆ YEWO XƆLƆ̃WO SI

Juan: “Ele be xɔlɔ̃ vavã nanye ame si gblɔa eƒe susu faa evɔ mado dziku ne mèda asi ɖe edzi o.”

Eunice: “Dzi dzɔam ŋutɔ ne xɔ̃nyewo kpɔ vovo ɖe ŋunye heɖo to nye nyawo, vevietɔ ne mele nɔnɔme sesẽwo me tom.”

Silvina: “Xɔlɔ̃ vavãwo ato nyateƒe na wò ne wonya be ave wò gɔ̃ hã, elabe wò nyonyo ko dim wole.”

NYA KAE BIBLIA GBLƆ?

“Ele be ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu le dziku me.” (Yakobo 1:19) Xɔlɔ̃ nyuiwo kpɔa dzidzɔ ɖe ame si ɖoa to wo la ŋu. Gake ne wò ɖeka èxɔa dzeɖoɖoa katã wɔa tɔwòe la, ana xɔ̃wòa nase le eɖokui me be èbua wò susuwo be wole vevie wu ye tɔwo. Eya ta ne xɔ̃wò le eƒe dzimenyawo kple dzimaɖeɖiwo gblɔm na wò la, ɖo toe. Eye ne èwɔ nane wògbe nya na wò la, megave wò o. Lododowo 27:6 gblɔ be: “Xɔlɔ̃ ƒe abidede ame ŋu medze vɔ̃ o.”

 3. Da Sɔ Le Nu Siwo Nèkpɔa Mɔ Na Me

Zi ale si wò kple xɔ̃wòa mieva le mia nɔewo nyam nyuie la, zi nenemae nàva nɔ dzesi dem eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo wue. Mía xɔlɔ̃wo mede blibo o abe míawo ke ene. Eya ta mele be míakpɔ mɔ be woƒe nuwɔnawo nade blibo alo adi be woawɔ nu sia nu wòasɔ pɛpɛpɛ o. Anyo boŋ be nàkpɔ ŋudzedze ɖe woƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu, eye nàŋe aɖaba aƒu woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi.

NƆNƆME NYUI SI AMEWO DINA BE WÒANƆ YEWO XƆLƆ̃WO SI

Samuel: “Zi geɖe la míekpɔa mɔ be amewo nawɔ nu wòasɔ pɛpɛpɛ wu ale si míawo ŋutɔwo míate ŋui. Ne míedea dzesi míaƒe vodadawo hekpɔnɛ dzea sii be míehiã tsɔtsɔke la, míalɔ̃ faa atsɔ ake amewo.”

Daniel: “Lɔ̃ ɖe edzi be xɔ̃wòwo adze agɔ le dziwò. Ne masɔmasɔwo do mo ɖa la, anyo be miakpɔ wo gbɔ kaba, eye miadze agbagba aŋlɔ nya ma be.”

NYA KAE BIBLIA GBLƆ?

Ðe Nàlɔ̃ Atsɔ Akea?—Kolosetɔwo 3:13, 14

“Mí katã míewɔa vodada zi geɖe. Ne ame aɖe mewɔa vodada le nuƒoƒo me o la, ame sia nye ame deblibo, si ate ŋu ade ga eƒe ŋutilã bliboa hã.” (Yakobo 3:2) Lɔlɔ̃ ɖe nyateƒenya sia dzi ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase nu gɔme na amewo. Eye esia akpe ɖe mía ŋu míaŋe aɖaba aƒu amewo ƒe vodada viviviwo kple woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo ate ŋu aɖe fu na mí la dzi. Biblia gblɔ be: “Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu. . . . Gake hekpe ɖe nu siawo katã ŋu la, mido lɔlɔ̃, elabena enye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.”Kolosetɔwo 3:13, 14.

 4. Dze Xɔlɔ̃ Ame Geɖewo

Enye nyateƒe be ele be míakpɔ nyuie le ame siwo míadze xɔlɔ̃e la ŋu. Gake esia mefia be míadze xɔlɔ̃ ame siwo nye mía hatiwo alo ame siwo mí kpli wo míexɔ hehe ɖeka ko o. Xɔlɔ̃dzedze ame siwo xɔ ƒe vovovowo, ame siwo ƒe dekɔnu to vovo na mía tɔ kple ame siwo tso dukɔ bubu me ate ŋu ana míase vivi na agbea.

NƆNƆME NYUI SI AMEWO DINA BE WÒANƆ YEWO XƆLƆ̃WO SI

Unai: “Xɔlɔ̃dzedze hawòtiwo kple ame siwo kpɔa dzidzɔ ɖe nu siwo dzɔa dzi na wò ŋu la ɖeɖe ko le abe awu si gbɔ melɔ̃a nu le o la dodo ɣesiaɣi ene. Aleke kee nèlɔ̃ awu ma dodoe o, edodo ava ti wò godoo.”

Funke: “Xɔlɔ̃dzedze ame vovovowo na nuteƒekpɔkpɔ geɖe su asinye. Mesrɔ̃ ale si mawɔ nu kple ame siwo xɔ ƒe vovovowo kple ame siwo ƒe dekɔnu to vovo na tɔnye, eye esia na metea ŋu dea ha kple ame sia ame henyaa ale si mawɔ nu kple ame ɖe sia ɖe ƒomevi. Eye xɔ̃nyewo kpɔa ŋudzedze ɖe nye nɔnɔme sia ŋu ŋutɔ.”

Ðe Nèdzea Xɔlɔ̃ Ame Ðe Sia Ðe Ƒomevia?—2 Korintotɔwo 6:13

NYA KAE BIBLIA GBLƆ?

“Eya ta nu si miawɔ atsɔ aɖo eteƒe lae nye be—mele nu ƒom na mi abe ɖeviwoe mienye ene—miawo hã mikeke mia ɖokui.” (2 Korintotɔwo 6:13) Biblia de dzi ƒo na mí be míadze xɔlɔ̃ ame ƒomeviwo katã. Xɔlɔ̃dzedze sia si me ameŋkumekpɔkpɔ mele o ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ eye wòana be ame geɖewo nalɔ̃ mí.