Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne míewɔa Mawu ƒe sewo dzi la, ana míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ

Yayra Siwo Ame Siwo Ðoa To Mawu Kpɔna

Yayra Siwo Ame Siwo Ðoa To Mawu Kpɔna

Nyagblɔɖila Mose gblɔ be ne míewɔ ɖe Mawu ƒe sededewo dzi la ayra mí. (5 Mose 10:13; 11:27) Menye esi míele vɔvɔ̃m be Mawu ava he to na mí tae míeɖoa toe o. Nɔnɔme nyui siwo le Mawu sie ʋãa mí míeɖoa toe, elabe míelɔ̃e eye mímedi be míawɔ nu si ana wòase veve o. “Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi, be míalé eƒe seawo me ɖe asi.”—1 Yohanes 5:3.

Gake aleke toɖoɖo ana Mawu nayra mí? Bu mɔ eve siawo ŋu kpɔ.

1. TOÐOÐO MAWU NANA MÍEDZEA NUNYA

“Nye Yehowae nye wò Mawu, nyee nye ame si fiaa nu wò be wòaɖe vi na wò, ame si kplɔa wò toa mɔ si dzi wòle be nàto.”—YESAYA 48:17.

Yehowa Mawu, ame si wɔ mí la nya mí, eye wònaa mɔfiame siwo míehiã la mí. Ne míedi be eƒe nufiafiawo nakpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuia, ke ele be míasrɔ̃ nu siwo wòdi tso mía si la le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me, eye míawɔ wo dzi.

2. TOÐOÐO NANA MÍEKPƆA DZIDZƆ

“Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm!”—LUKA 11:28.

Egbea, ame miliɔn geɖe siwo wɔa Mawu ƒe Nyaa dzi la, kpɔa dzidzɔ vavãtɔ. Le kpɔɖeŋu me, bu ŋutsu aɖe si le Spain si doa dziku kabakaba eye mewɔa nu ɖe ame bubuwo kple srɔ̃a gɔ̃ hã ŋu nyuie o la ŋu kpɔ. Gbe ɖeka exlẽ nu tso nu si nyagblɔɖila Mose ŋlɔ tso Yakob vi Yosef si wɔ nu tufafatɔe la ŋu. Wodzra Yosef wòzu kluvi, emegbea, wodee gaxɔ me madzemadzee, gake elé eɖokui kpoo, wɔ ŋutifafa eye wòtsɔe ke. (Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta 37-45) Ŋutsu si le Spain la gblɔ be: “Esi mede ŋugble le Yosef ƒe kpɔɖeŋua ŋu la, eʋãm be mafa tu, anyo dɔme, eye maɖu ɖokuinye dzi. Ema wɔe be mele dzidzɔ kpɔm fifia.”

Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo fia ale si wòle be míawɔ nu ɖe amewo ŋui la mí. Le nyati si kplɔ esia ɖo mea, míaƒo nu tso esia ŋu geɖe wu.