Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyagblɔɖilawo Ðe Ame Si Mawu Nye Fia Mí

Nyagblɔɖilawo Ðe Ame Si Mawu Nye Fia Mí

Le blemaa, Mawu to eƒe nyagblɔɖilawo dzi gblɔ gbedeasi veviwo na amegbetɔwo. Ðe gbedeasi mawo ate ŋu afia mí nu siwo míawɔ be Mawu nayra mía? Ɛ̃, woate ŋui. Na míakpɔ nu si nyagblɔɖila wɔnuteƒe etɔ̃ aɖewo fia mí tso Mawu ŋu ɖa.

ABRAHAM

Mawu mekpɔa ame ŋkume o, eye edi be yeayra amegbetɔwo katã.

Mawu do ŋugbe na nyagblɔɖila Abraham be “woayra anyigbadziƒomeawo katã to dziwò.”—1 Mose 12:3.

Nu kae míesrɔ̃ tso esia me? Mawu lɔ̃ mí vevie eye edi be yeayra ƒomewo katã—ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖevi siwo katã ɖoa toe.

MOSE

Mawu kpɔa nublanui eye eyraa ame siwo dzea agbagba be yewoanyae.

Ŋusẽkatãtɔ la na ŋusẽ nyagblɔɖila Mose wòwɔ nukunu gãwo. Gake Mose do gbe ɖa be: “Na manya wò mɔwo, ale be manya wò, ne nàyi edzi ave nunye.” (2 Mose 33:13) Nu si Mose bia la dze Mawu ŋu, ta eyrae ale be sidzedze geɖe su esi eye wògava se Mawu ƒe mɔwo kple nɔnɔmewo gɔme ɖe edzi wu. Le kpɔɖeŋu me, Mose va nyae be Wɔlaa nye “Mawu nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula.”—2 Mose 34:6, 7.

Nu kae míesrɔ̃ tso esia me? Mawu di be yeayra mí katã, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo, ne míedze agbagba be míanyae nyuie wu. Efia ale si wòdi be míasubɔ ye la mí le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me eye edi vevie be yeave mía nu ayra mí.

YESU

Yesu se veve ɖe amewo nu eye wòda dɔ ɖe sia ɖe ƒomevi si lém wonɔ la na wo

Ne míesrɔ̃ nu tso ame si Yesu nye, nu siwo wòwɔ kple nu siwo wòfia ŋua, míase vivi na Mawu ƒe yayra mavɔwo.

Woŋlɔ Yesu ƒe ŋutinya kple nu siwo wòfia dometɔ geɖe ɖi tsitotsito le Mawu ƒe Nyaa me. Mawu na ŋusẽ Yesu wòwɔ nukunu gã geɖewo. Le kpɔɖeŋu me, eda dɔ na ŋkuagbãtɔwo, tokunɔwo kple bunɔwo. Efɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. Nu siawo siwo Yesu wɔ la na míekpɔ yayra siwo Mawu ahe vɛ na amegbetɔwo katã le etsɔme. Yesu gblɔ nu siwo wòle be mía dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ hafi yayra mawo nasu mía si. Egblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.”—Yohanes 17:3.

Yesu se veve ɖe amewo nu eye wònyo dɔme na wo. Esi wòkpe amewo lɔlɔ̃tɔe be, “Misrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena mefa tu, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ gbɔdzɔe na mia ɖokuiwo” la, ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa lɔ̃ yi egbɔ. (Mateo 11:29) Togbɔ be ame siwo nɔ anyi le Yesu ŋɔli mewɔa nu ɖe nyɔnuwo ŋu nyuie o hã, Yesu ya nyo dɔme na nyɔnuwo eye wòde asixɔxɔ kple bubu wo ŋu.

Nu kae míesrɔ̃ tso esia me? Yesu lɔ̃ amewo vevie eye eɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí le ale si míawɔ nu kple mía nɔewo me.

MENYE YESUE NYE MAWU O

Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo fia nu be ‘Mawu ɖeka koe li na mí’ eye Yesu Kristo nye Mawu ƒe dɔla si bɔbɔ eɖokui. (1 Korintotɔwo 8:6) Yesu gblɔe eme kɔ nyuie be Mawu lolo wu ye eye Mawue dɔ ye ɖo ɖe anyigba dzi.—Yohanes 11:41, 42; 14:28. *

^ mm. 17 Xlẽ agbalẽ gbadza si nye Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ! ƒe Nusɔsrɔ̃ 4 lia be nàsrɔ̃ nu geɖe tso Yesu Kristo ŋu. Àkpɔe le internet dzi le www.isa4310.com/ee.