Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɔlɔ̃ ʋãa mí míetsɔa ame bubuwo ƒe nyonyo ɖoa ŋgɔ na míawo ŋutɔwo tɔ

Mɔ Siwo Nu Míate Ŋu Aɖe Lɔlɔ̃ Afia Mía Havi Le

Mɔ Siwo Nu Míate Ŋu Aɖe Lɔlɔ̃ Afia Mía Havi Le

Esi mí katã míenye ame gbãtɔ Adam, ƒe dzidzimeviwo taa, míezu ƒome ɖeka. Togbɔ be míekpɔa mɔ be ame siwo nye ƒome ɖeka me tɔwo nalɔ̃ wo nɔewo, eye woade bubu wo nɔewo ŋu hã, esesẽ ŋutɔ be míakpɔ lɔlɔ̃ ma tɔgbi egbea. Menye aleae mía Mawu lɔ̃amea di be wòanɔ o.

NU SI ŊƆŊLƆ KƆKƆEAWO GBLƆ TSO LƆLƆ̃ ŊU

“Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.”—3 MOSE 19:18.

“Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo.”—MATEO 5:44.

NU SI WÒFIA BE WOALƆ̃ AME HAVI

Kpɔ ale si Mawu ƒo nu tso lɔlɔ̃ ŋu le eƒe Nyaa me le 1 Korintotɔwo 13:4-7 ɖa.

“Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme.”

Bu eŋu kpɔ: Aleke nèsena le ɖokuiwò me ne èda vo gake amewo medo dziku ɖe ŋuwò o, ke boŋ wogbɔ dzi ɖi eye wonyo dɔme na wò?

“Lɔlɔ̃ meʋãa ŋu o.”

Bu eŋu kpɔ: Aleke nèsena le ɖokuiwò me ne amewo bua nazã ɖe ŋuwò alo ʋãa ŋu wò?

Lɔlɔ̃ “media eya ŋutɔ tɔ o.”

Bu eŋu kpɔ: Aleke nèsena le ɖokuiwò me ne amewo lɔ̃na faa xɔa susu siwo nèdona ɖa eye wometea tɔ ɖe woawo ŋutɔ tɔ ko dzi o?

Lɔlɔ̃ “meléa vɔ̃ siwo wowɔ ɖe eŋu la ɖi o.”

Bu eŋu kpɔ: Mawu lɔ̃na faa tsɔna kea ame siwo wɔ nu vɔ̃ ɖe eŋu gake wotrɔ dzi me. “Menɔa vodada dim le ame ŋu ɣesiaɣi o, eye meléa dziku ɖe dɔme ɖikaa o.” (Psalmo 103:9) Edzɔa dzi na mí ne ame aɖe si dzi míedze agɔ le la tsɔe ke mí. Eya ta ele be míawo hã míalɔ̃ faa atsɔe ake amewo ne wodze agɔ le mía dzi.—Psalmo 86:5.

Lɔlɔ̃ “mekpɔa dzidzɔ ɖe nu madzɔmadzɔ ŋu o.”

Bu eŋu kpɔ: Ne nya vɔ̃ aɖe dzɔ ɖe mía dzi la, madzɔ dzi na mí ne ame bubuwo le dzidzɔ kpɔm ɖe nu si dzɔ ɖe mía dzi la ŋu o. Ta mele be míawo hã míakpɔ dzidzɔ ne nya vɔ̃ dzɔ ɖe ame bubuwo dzi o, ne ame siwo dzi nua dzɔ ɖoa mewɔ nu ɖe mía nyuie va yi o gɔ̃ hã.

Ne míedi be Mawu nayra mí la, ke ele be míalɔ̃ amewo le mɔ siawo nu, ame ka kee wonye o. Mɔ aɖe si nu míate ŋu awɔ esia lee nye be míakpe ɖe ame siwo le hiã me la ŋu.