Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SRƆ̃ÐEÐE

Ne Miaƒe Susu Mewɔ Ðeka Le Nanewo Me O

Ne Miaƒe Susu Mewɔ Ðeka Le Nanewo Me O

KUXIA

Kamedefefewo doa dzidzɔ na wò gake nuxexlẽe dzɔa dzi na srɔ̃wò ya. Èkpɔa egbɔ be nu sia nu le eteƒe pɛpɛpɛ hele ɖoɖo nu gake srɔ̃wò ya daa nuwo ɖe afi sia afi ko. Èdina be yeade ha kple amewo gake srɔ̃wò ya medina be yeade ha kple amewo fũu o.

‘Ègblɔ na ɖokuiwò be míesɔ na mía nɔewo o! Nu ka tae míede dzesii esime míenɔ zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe o?’

Anɔ eme be mianya de dzesii ya. Gake ɣemaɣi la, elɔ̃na be yeatrɔ ɖe nɔnɔmewo ŋu kaba—nɔnɔme mae nègahiã fifia esi nèɖe srɔ̃. Nyati sia akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu awɔ esia. Gake gbã la, na míade ŋugble tso nyateƒenya siwo ku ɖe nane siwo nàbu be woawoe na yewomesɔ na yewo nɔewo o la ŋu kpɔ.

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Susu ƒe vovototo le nanewo ŋu nye ŋkubiãnya. Zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ƒe akpa vevi aɖee nye be miakpɔe ɖa be yewosɔ na yewo nɔewo hã. Eya ta ne amewo kpɔe be yewoƒe susu to vovo le nya vevi aɖewo ŋu la, wo dometɔ geɖe kpɔnɛ be nunya anɔ eme be yewoatso kadodoa me wu be yewoaƒo ta ɖe srɔ̃ɖeɖe si me ame sia ame nanɔ nu wɔm le eɖokui si me. Ke ne nu siwo me miesɔ le o nye nu suesuesue siwo nɔa srɔ̃ɖeɖe ɖe sia ɖe me ya ɖe?

Ame eve aɖeke mesɔ le nu sia nu me o. Eya ta edzɔna be srɔ̃tɔwo ƒe susu toa vovo le nu ɖeka eve aɖewo abe esiwo gbɔna ene me:

Nu siwo me mietsɔ ɖe le. Srɔ̃nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Anna, * gblɔ be: “Tsaɖiɖi yi teƒeteƒewo medoa dzidzɔ nam o, gake srɔ̃nye ya le nuto si me wòtsi le ta la, elɔ̃a tsaɖiɖi le to siwo dzi sno le dzi kple avewo me ale gbegbe, eye ewɔa esia ŋkeke geɖe.”

Numamewo. Srɔ̃ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Brian gblɔ be: “Zã tsina hafi srɔ̃nye mlɔa anyi gake efɔna ŋdi ga atɔ̃, evɔ ele be nye ya madɔ alɔ̃ wòade gaƒoƒo adre alo enyi ne menye nenema o la nuwo mayi nam nyuie o.”

Nɔnɔme. Ðewohĩ mèƒoa nu fũu o gake srɔ̃wò ya lɔ̃a nuƒoƒo. Srɔ̃ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye David gblɔ be: “Tso ɖevime la, nyemeƒoa nu tsoa nye kuxiwo ŋu o, eye wòtsi asinye metsɔ tsii, gake srɔ̃nye ya tso ƒome si me ame sia ame ƒoa nu tsoa nu sia nu ŋu faa.”

Susuwo ƒe vovototo ate ŋu aɖe vi. Srɔ̃nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Helena gblɔ be: “Ðewohĩ susu si medo ɖa ate ŋu anye nyuitɔ, gake mefia be ema koe nye nyuitɔ kokoko o.”

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Kpe asi ɖe srɔ̃wò ŋu. Srɔ̃ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Adam gblɔ be: “Kamedefefe medoa dzidzɔ na srɔ̃nye Karen kura o. Gake ekplɔam ɖo yia kamedefefe geɖe wɔƒe eye wòkpɔa dzidzɔ kplim. Ke srɔ̃nye Karen ya nutatawo kple numeme siwo le nu mawo dzraɖoƒewo kpɔkpɔe doa dzidzɔ nɛ. Nye kplii míeyia teƒe mawo eye míenɔa afi ma va se ɖe ɣeyiɣi si wòlɔ̃. Medzea agbagba doa vivi ɖe nutatawo kple numemewo ŋu elabena wole vevie nɛ.”—Biblia ƒe mɔfiame: 1 Korintotɔwo 10:24.

Lɔ̃ ɖe susu bubuwo hã dzi. Ne srɔ̃wò ƒe susu le nane ŋu to vovo na tɔwò la, mefia kokoko be eƒe susua gblẽ o. Emae nye nu vevi si srɔ̃ŋutsu si ŋkɔe nye Alex va srɔ̃. Egblɔ be: “Mesena le ɖokuinye me ɣesiaɣi be mɔ nyui ɖeka aɖe dzi koe woate ŋu ato awɔ nuwo wòadze edzi. Gake esi meɖe srɔ̃ la, meva kpɔe be menye mɔ ɖeka aɖe koe li o ke boŋ mɔ bubuwo hã li si dzi woate ŋu ato awɔ nuwo wòanyo.”—Biblia ƒe mɔfiame: 1 Petro 5:5.

Da sɔ le nu siwo nàkpɔ mɔ na me. Be miasɔ na mia nɔewo mefia be miaƒe susu awɔ ɖeka le nu sia nu me o. Eya ta mègaƒo nya ta be yewɔ vodada be yeɖe srɔ̃ le esi miaƒe susu to vovo le nu suesuesue aɖewo me ta o. Agbalẽ si nye Nu Siwo Hea Srɔ̃gbegbe Vanɛ (si le Eŋlisigbe me) gblɔ be, “ame geɖe gblɔna be ‘lɔlɔ̃e gbã ŋku nam.’” Gake agbalẽa gblɔ yi edzi be, “Ke hã, ne miewɔa nane si na miekpɔa dzidzɔ gbe sia gbe la, efia be togbɔ be miaƒe susu toa vovo le nanewo ŋu hã la, miate ŋu alɔ̃ mia nɔewo.” Midze agbagba “miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, . . . ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu” gɔ̃ hã.—Kolosetɔwo 3:13.

Te esia kpɔ: Ŋlɔ nu siwo doa dzidzɔ na wò, nu siwo nèlɔ̃ kple nu siwo me wò kple srɔ̃wò ƒe susu wɔ ɖeka le la ɖi. Emegbe nàŋlɔ nu siwo me wò kple srɔ̃wò ƒe susu mewɔ ɖeka le o hã ɖi. Àkpɔe be nu siwo me yewoƒe susu to vovo le la menye nu gã aɖeke nenema gbegbe o. Nu siwo nèŋlɔ ɖi akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ afi siwo nàlɔ̃ ɖe srɔ̃wò ƒe susu dzi le alo akpe asi ɖe eŋu le. Srɔ̃ŋutsu si ŋkɔe nye Kenneth gblɔ be: “Edzɔa dzi nam ne srɔ̃nye lɔ̃ ɖe nye susuwo dzi, eye menya be edzɔa dzi na eya hã ne melɔ̃ ɖe etɔwo dzi. Ne esia hiã be matsɔ nanewo asa vɔe gɔ̃ hã la, ne mekpɔe be dzi dzɔe la, enana dzi dzɔa nye hã.”—Biblia ƒe mɔfiame: Filipitɔwo 4:5.

^ mm. 10 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.