Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ÐE WOWƆEA?

Ƒumenugbagbevi Siwo Ðea Mɔ̃memi Ða Le Tsi Me

Ƒumenugbagbevi Siwo Ðea Mɔ̃memi Ða Le Tsi Me

LE ƑE 2010 me la, mɔ̃memikuƒe aɖe si wotu ɖe atsiaƒu me le Mexico la wó, eye mɔ̃memi lita 476,961,885 kple edzivɔwo ɖuɖu ɖe atsiaƒu me. Gake le dzinu ʋɛ aɖewo megbe la, mɔ̃memi ƒe ɖiƒoƒo aɖeke meganɔ tsia me o. Aleke wòdzɔe?

Bu esia ŋu kpɔ: Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ku nu me kpɔe be ƒumenugbagbevi suesue aɖewo tea ŋu ɖea nu si woyɔna be karbɔn si nɔa mɔ̃memi me la ɖa. Nufialagã Terry Hazen, si nye nugbagbevi suewo ŋuti nunyala gblɔ le nugbagbevi suesue siawo ŋu be wonye “aʋawɔnu siwo wɔa avu kple mɔ̃memi.” Nugbagbevi siawo hã wɔ akpa aɖe hafi atsiaƒua me gakɔ le Mexico.

Esi nyatakakadɔwɔƒe si nye BBC nɔ nya ta kam tso ale si wòdzɔe ŋu la, egblɔ be: “Le mɔ aɖe nu la, mewɔ nuku be nugbagbevi siwo tea ŋu ɖea mɔ̃memi ɖa la le atsiaƒu me o.” Egblɔ yi edzi be ƒe akpe geɖewoe nye esia “ami sina tsoa atsiaƒu gɔme gena ɖe tsiawo me.”

Ele eme be amegbetɔwo hã tea ŋu wɔa wo tɔ sinua ɖea ami siwo ɖuɖuna ɖe tsiwo me ya. Gake nu siwo amegbetɔwo ƒe agbagbadzedze siawo gblẽna la sɔa gbɔ wu nu nyui siwo doa go tsoa eme. Atike siwo amegbetɔwo zãna wɔnɛ be dzɔdzɔmenu siwo ɖea amiwo ɖa le tsi me la megatea ŋu wɔa woƒe dɔwo nyuie o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, atike mawo siwo nye aɖi la gblẽa nu le nutoa me ŋu eteƒe didina. Gake dzɔdzɔmenu siwo ɖea amiwo ɖa le atsiaƒu me siwo dometɔ aɖewoe nye ƒumenugbagbevi siawo ya kpena ɖe atsiaƒua ŋu wòɖea ɖinuwo ɖa le eɖokui si evɔ megblẽa naneke le nutoa me ŋu abe ale si wònɔna le atike siwo amegbetɔwo zãna ya gome ene o. *

Nu kae nèsusu? Ðe ale si ƒumenugbagbevi mawo tea ŋu ɖea mɔ̃memi ɖa le atsiaƒu me la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?

^ mm. 6 Fifia míekpɔ nya nu siwo gbegbe afɔku si dzɔ le Mexico Ƒua me la ava gblẽ le atsiaƒumenuwo ŋu le etsɔme la haɖe o.